NUSƆSRƆ̃NYATI 23
HADZIDZI 2 Ŋkɔwòe Nye Yehowa
Nu Si Tae Mawu Ƒe Ŋkɔa Le Vevie Na Mí
“Yehowa be: ‘Miawoe nye nye ɖasefowo.’”—YES. 43:10.
TAÐODZINUA
Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si míakɔ Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa ŋu ahaʋli eta.
1-2. Aleke míewɔ nya be Yehowa ƒe ŋkɔa le vevie na Yesu?
MAWU ƒe ŋkɔ Yehowa ye nye nu vevitɔ kekeake na Yesu. Yesue nye ame vevitɔ si na amewo nya Fofoa ƒe ŋkɔa. Míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me be Yesu lɔ̃ faa ku ɖe Yehowa ƒe ŋkɔa ta tsɔ ɖo kpe edzi be Yehowa le kɔkɔe eye eƒe mɔwo katã le dzɔdzɔe. (Marko 14:36; Heb. 10:7-9) Míekpɔe hã be le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu la, Yesu alɔ̃ faa atsɔ nu sia nu ade Fofoa Yehowa ƒe dziɖuɖu te ale be wòatsɔ ŋutikɔkɔea katã anae. (1 Kor. 15:26-28) Nu sia nu si Yesu wɔ le Yehowa ƒe ŋkɔa ta la ɖee fia be elɔ̃ Yehowa vevie ŋutɔ.
2 Yesu va anyigba dzi le Fofoa ƒe ŋkɔ me. (Yoh. 5:43; 12:13) Yesu ɖe Fofoa ƒe ŋkɔ fia eyomedzelawo. (Yoh. 17:6, 26) Efia nu amewo hewɔ nukunuwo le Yehowa ƒe ŋkɔ me. (Yoh. 10:25) Le nyateƒe me la, Yesu do gbe ɖa bia Fofoa be wòakpɔ yeƒe nusrɔ̃lawo ta ‘le eƒe ŋkɔ la ta.’ (Yoh. 17:11) Ne alea gbegbee Yesu lɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔa la, ke ɖe ame aɖe ate ŋu agblɔ be yenye Kristotɔ vavã, evɔ manya Mawu ƒe ŋkɔa anɔ ezãm oa?
3. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?
3 Esi míenye Kristotɔ vavãwo ta la, míesrɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu hedea asixɔxɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu. (1 Pet. 2:21) Eya ta le nyati sia me la, míakpɔ nu si tae Yehowa tsɔ eƒe ŋkɔ na ame siwo le gbeƒã ɖem “Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la. (Mat. 24:14) Azɔ hã, míakpɔ ale si mía dometɔ ɖe sia ɖe ade asixɔxɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu.
YEHOWA TIA AMEWO ‘HENA EƑE ŊKƆ’
4. (a) Dɔ kae Yesu de eƒe nusrɔ̃lawo si hafi trɔ yi dziƒo? (b) Biabia kawoe esia fɔ ɖe te?
4 Hafi Yesu nayi dziƒo la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miaxɔ ŋusẽ ne gbɔgbɔ kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖasefowo le Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Samaria, va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:8) Efia be nusrɔ̃lawo aɖe gbeƒã nya nyuia le afi sia afi, menye le Israel ɖeɖe o. Esia aʋu mɔ na dukɔwo katã me tɔwo be woava nye Yesu yomedzelawo. (Mat. 28:19, 20) Gake Yesu gblɔ hã be: “Mianye nye ɖasefowo.” Ðe esia fia be Yesu ƒe ɖasefowo koe nusrɔ̃la yeyeawo anye eye mahiã be woanya Yehowa ƒe ŋkɔ oa? Nuŋlɔɖi si le Dɔwɔwɔwo ta 15 lia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia sia.
5. Aleke apostoloawo kple hamemetsitsi siwo le Yerusalem ɖee fia be ele be amewo katã nanya Yehowa ƒe ŋkɔa? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)
5 Le ƒe 49 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me la, apostoloawo kple hamemetsitsi siwo le Yerusalem kpe ta be yewoadzro nu siwo Dukɔwo me tɔwo awɔ be woadze anye Kristotɔwo la me. Le woƒe numedzodzroa ƒe nuwuwu la, Yesu nɔvi Yakobo gblɔ be: “[Petro] gblɔe eme kɔ nyuie, ale si Mawu trɔ susu ɖe dukɔwo ŋu zi gbãtɔ, be yeaɖe amewo tso wo dome hena yeƒe ŋkɔ la.” Ame ka ƒe ŋkɔe Yakobo wɔnɛ? Yakobo yɔ nya tso nyagblɔɖila Amos ƒe nyawo me gblɔ kpee be: “Ale be ame siwo susɔ la kple dukɔwo me tɔwo katã, ame siwo ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la, nadi Yehowa vevie, Yehowa [ye] gblɔe.” (Dɔw. 15:14-18) Menye ɖeko nusrɔ̃la yeyeawo asrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu ko evɔ o, ke ‘woayɔ eƒe ŋkɔ ɖe wo ŋu’ hã. Esia fia be woana amewo nanya Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa eye amewo anya ŋkɔ sia atɔ ɖe wo ŋu.
Le kpekpe aɖe si ƒe alafa gbãtɔ me dɔdzikpɔhaa wɔ me la, wode dzesii be Yehowa tia Kristotɔ vavãwo hena eƒe ŋkɔ la (Kpɔ memama 5)
6-7. (a) Nu ka tae Yesu va anyigba dzi ɖo? (b) Susu kae gale vevie wu si tae Yesu va anyigba dzi ɖo?
6 Yesu ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Yehowa Nye Xɔname,” eye Yesu dzie Yehowa ato axɔ ame siwo katã ɖea xɔse fiana la ɖe agbe. Yesu va anyigba dzi hetsɔ eƒe agbe na ɖe ameƒomea ta. (Mat. 20:28) Esi wòxe tafea la, ena wòva nɔ bɔbɔe be woaxɔ amewo ɖe agbe eye woanɔ agbe tegbee.—Yoh. 3:16.
7 Nu ka tae amegbetɔwo hiã na tafea? Nu si dzɔ le Eden-bɔa me tae. Abe ale si míegblɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, dze aglã ɖe Yehowa ŋu, eye wobu mɔnukpɔkpɔ si su wo si be woanɔ agbe tegbee la. (1 Mose 3:6, 24) Eya ta Yesu va anyigba dzi be yeaxɔ Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo ɖe agbe. Gake susu bubu aɖe si le vevie wu tae wòva anyigba dzi ɖo. Ðo ŋku edzi be Satana gblɔ alakpanyawo tsɔ ƒo ɖi Yehowa ƒe ŋkɔa le Eden-bɔa me. (1 Mose 3:4, 5) Eya ta ehiã vevie be woakɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu. Yesu nya be ne Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu kɔ keŋkeŋ la, esia ana ameƒomea nakpɔ ɖeɖe. Yesue nye ame vevitɔ si ate ŋu awɔ esia elabena, eva le Yehowa ƒe ŋkɔ me eye wòwɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu.
Ðe ame aɖe ate ŋu agblɔ be yenye Kristotɔ vavã, evɔ manya Mawu ƒe ŋkɔa anɔ ezãm oa?
8. Nu kae wòle be Yesu yomedzelawo katã nanya?
8 Ele be ame siwo katã xɔ Yesu dzi se, Yudatɔwo kple dukɔwo me tɔwo siaa, nanyae be Yehowa Mawu, si nye Yesu Fofo gbɔe yewoƒe xɔxɔ tso. (Yoh. 17:3) Eye abe Yesu ene la, woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ɖe wo ŋu. Ele be woade dzesii hã be ele vevie be yewoakɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu. Esia le vevie be woate ŋu akpɔ agbe. (Dɔw. 2:21, 22) Eya ta ehiã be Kristotɔ vavãwo katã nasrɔ̃ nu tso Yehowa kple Yesu siaa ŋu. Mewɔ nuku o be Yesu wu eƒe gbedodoɖa si dze le Yohanes ta 17 lia nu be: “Mena wonya wò ŋkɔ la, eye magana woanyae, ale be lɔlɔ̃ si nètsɔ lɔ̃m la nanɔ wo me, eye mawɔ ɖeka kpli wo.”—Yoh. 17:26.
“MIAWOE NYE NYE ÐASEFOWO”
9. Aleke míaɖee afia be Yehowa ƒe ŋkɔa le vevie na mí?
9 Va se ɖe fifia, edze ƒãa be ele be Yesu yomedzela vavãwo natsi dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu kɔkɔ ŋu vevie. (Mat. 6:9, 10) Ele be Yehowa ƒe ŋkɔa nanye nu vevitɔ na mí, eye míana esia nadze ƒãa le míaƒe agbenɔnɔ kple nuwɔna ɖe sia ɖe me. Ke nu kae míawɔ atsɔ akɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu eye míaɖee afia be nya siwo katã Satana gblɔ tso Yehowa ŋu la nye alakpa?
10. Nu kae míede dzesii le Yesaya ƒe agbalẽa ƒe ta 42 va se ɖe 44 me? (Yesaya 43:9; 44:7-9) (Kpɔ fotoa hã.)
10 Le Yesaya ta 42 va se ɖe 44 la, míekpɔ ale si míakɔ Mawu ƒe ŋkɔa ŋu. Edze le ta mawo me abe ɖe Yehowa kplɔ yeaɖi mawuwo yi ʋɔnu ene. Ebia tso wo si be woaɖe woƒe mawunyenye afia ahaɖo kpe edzi be yewonye mawu gbagbewo. Azɔ hã, Yehowa bia tso ame siwo le mawu mawo subɔm la si be woava ɖi ɖase be mawuwoe wonye vavã. Gake ɖeke meva o!—Xlẽ Yesaya 43:9; 44:7-9.
Míetoa míaƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo dzi ɖenɛ fiana be Mawu aɖeke meli kpe ɖe Yehowa ŋu o (Kpɔ memama 10-11)
11. Nya kae Yehowa gblɔ tso eƒe amewo ŋu le Yesaya 43:10-12?
11 Xlẽ Yesaya 43:10-12. Ðasefowo le Yehowa ya si. Egblɔ tso eƒe amewo ŋu be: “Miawoe nye nye ɖasefowo, eye nyee nye Mawu.” Yehowa di be yeƒe amewo naɖo nya sia ŋu be: “Ðe mawu aɖe li kpe ɖe ŋunyea?” (Yes. 44:8) Mɔnukpɔkpɔ su mía si be míaɖo nya ma ŋu. Míetoa míaƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo dzi ɖenɛ fiana be Yehowa ɖeka koe nye Mawu vavã la. Eƒe ŋkɔ ƒo ŋkɔ ɖe sia ɖe ta. Togbɔ be Satana dzea agbagba be yeana míadzudzɔ nuteƒewɔwɔ hã la, ele be míato míaƒe agbenɔnɔ dzi aɖee afia be míelɔ̃ Yehowa vevie hewɔa nuteƒe nɛ. Ne míewɔe alea la, ke míele akpa aɖe wɔm be míatsɔ akɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu.
12. Aleke nyagblɔɖi si le Yesaya 40:3, 5 la va emee?
12 Ne míele Yehowa ƒe akpa dzi eye míekɔ eƒe ŋkɔa ŋu la, efia be míele Yesu Kristo srɔ̃m. Yesaya gblɔe ɖi be ame aɖe ‘adzra Yehowa ƒe mɔa dzi ɖo.’ (Yes. 40:3) Aleke nya sia va emee? Yohanes amenyrɔɖetsimelae nye ame si dzra mɔ dzi ɖo na Yesu. Yesu va le Yehowa ƒe ŋkɔ me eye wòƒo nu le Yehowa ƒe ŋkɔ me. (Mat. 3:3; Marko 1:2-4; Luka 3:3-6) Wogblɔ le nyagblɔɖi ma ke me be: “Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe adze” amewo nakpɔ. (Yes. 40:5) Aleke esia hã va emee? Esi Yesu va anyigba dzi la, eɖe Yehowa ƒe nɔnɔmewo fia pɛpɛpɛ, eya ta ɖeko wònɔ abe Yehowa ŋutɔe ɖi va anyigba dzi ene.—Yoh. 12:45.
13. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu?
13 Abe ale si míekpɔe enea, Yesue nye Yehowa ƒe Ðasefo vevitɔ. (Nyaɖ. 1:5) Míawo hã míenye Yehowa ƒe ɖasefowo eya ta ele vevie be míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu. Yehowa ƒe ŋkɔ le mía ŋu, eye míeƒoa nu tso eƒe nukudɔwo ŋu na amewo. Be míanye ɖasefo nyuiwo na Yehowa la, ele be míana amewo nanya nu siwo katã Yesu wɔ tsɔ kɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu. (Dɔw. 1:8) Ke nu kae wòle be mía dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ atsɔ aɖee afia be Yehowa ƒe ŋkɔa le vevie na mí?
MƆ BUBU SIWO DZI MÍATO AÐEE AFIA BE YEHOWA ƑE ŊKƆA LE VEVIE NA MÍ
14. Abe ale si wòdze le Psalmo 105:3 ene la, aleke míesena le mía ɖokui me tso Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu?
14 Míetsɔa Yehowa ƒe ŋkɔ ƒoa adegbee. (Xlẽ Psalmo 105:3.) Esia dzɔa dzi na Yehowa ŋutɔ. (Yer. 9:23, 24; 1 Kor. 1:31; 2 Kor. 10:17) Be ‘míaƒo adegbe le Yehowa me’ fia be ele be wòanye dada na mí be Yehowae nye míaƒe Mawu. Míekpɔnɛ be mɔnukpɔkpɔ gã wònye be míana amewo nanya be Yehowa le kɔkɔe eye nu sia nu si wòwɔna le dzɔdzɔe. Mele be wòanye ŋukpe na mí be míana míaƒe dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo, kple ame bubuwo nanya be Yehowa ƒe Ðasefoe míenye o! Abosam di be míadzudzɔ nuƒoƒo tso Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu na amewo. (Yer. 11:21; Nyaɖ. 12:17) Le nyateƒe me la, Satana kple eƒe aʋatsonyagblɔɖilawo di be yewoana amewo naŋlɔ Yehowa ƒe ŋkɔa be keŋkeŋ. (Yer. 23:26, 27) Gake esi míelɔ̃ Yehowa ta la, míeyia edzi tsoa aseye le eƒe ŋkɔ me ‘ŋkeke bliboa.’—Ps. 5:11; 89:16.
15. Nu kae wòfia be woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ la?
15 Míeyia edzi yɔa Yehowa ƒe ŋkɔ la. (Yoel 2:32; Rom. 10:13, 14) Be woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ bia nu geɖe wu ŋkɔa nyanya kple ezazã ko. Míeva nyana ame si tututu Yehowa nye, míekana ɖe edzi, eye míekpɔa esinu be wòakpe ɖe mía ŋu ahafia mɔ mí. (Ps. 20:7; 99:6; 116:4; 145:18) Yehowa ƒe ŋkɔa yɔyɔ bia hã be míakpe ɖe ame bubuwo ŋu woanya eƒe nɔnɔme lédzinamewo, woatrɔ dzi me eye woaɖe afɔ siwo ana woƒe nu nadze eŋu ale be woakpɔ ɖeɖe.—Yes. 12:4; Dɔw. 2:21, 38.
16. Aleke míate ŋu aɖee afia be Satana nye alakpatɔ?
16 Míele klalo be míakpe fu le Yehowa ƒe ŋkɔ la ta. (Yak. 5:10, 11) Ne míeyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa le nɔnɔme sesẽwo me la, míeɖenɛ fiana be Satana nye alakpatɔ. Le Hiob ƒe ŋkekeawo me la, Satana tso Yehowa subɔlawo nu esi wògblɔ be: “Amegbetɔ atsɔ nu sia nu si le esi la ana ɖe eƒe agbe ta.” (Hiob 2:4) Nya si gblɔm Satana lee nye be ne nu de amegbetɔwo dzi ko hafi woasubɔ Yehowa, gake ne woɖo xaxa me la, woadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Esi Hiob wɔ nuteƒe la, eɖee fia be nya ma nye alakpa. Egbea mɔnukpɔkpɔ su míawo hã si be míaɖee afia be Satana nye alakpatɔ. Nu ka kee wòɖahe va mía dzi o, míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o. Míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa akpɔ mía ta le eƒe ŋkɔ la ta.—Yoh. 17:11.
17. Le 1 Petro 2:12 ƒe nya nu la, mɔ bubu ka nue míate ŋu ahe kafukafu vɛ na Yehowa le?
17 Míedea bubu Yehowa ƒe ŋkɔ la ŋu. (Lod. 30:9; Yer. 7:8-11) Esi Yehowa ƒe ŋkɔ le mía ŋu eye amewo nyae be míenye eƒe Ðasefowo ta la, nu siwo míewɔna ate ŋu ahe kafukafu vɛ na Yehowa alo agblẽ eƒe ŋkɔa ŋu. (Xlẽ 1 Petro 2:12.) Eya ta ele be míawɔ nu sia nu si míate ŋui be míato míaƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo dzi akafu Yehowa ƒe ŋkɔa. Togbɔ be míede blibo o hã la, ne míewɔe alea, míahe kafukafu vɛ na Yehowa.
18. Mɔ bubu ka nue míate ŋu aɖee afia le be Yehowa ƒe ŋkɔa le vevie na mí? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)
18 Míetsia dzi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu wu míawo ŋutɔwo tɔ. (Ps. 138:2) Nu ka tae wòle vevie be míawɔe nenema? Nu si tae nye be zi geɖe ne míewɔ nu si dzea Yehowa ŋu la, medzɔa dzi na amewo o, eye wotea ŋu gblɔa nya manyomanyowo ɖe mía ŋu.a Gake ɖo ŋku edzi be Yesu lɔ̃ faa ku gbɔɖiameku be yeakɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu. “Mebu ŋukpe ɖe naneke me o,” le mɔ sia nu be metsi dzi fũu ɖe nu si amewo asusu tso eŋu la ŋu o. (Heb. 12:2-4) Nu si nɔ vevie nɛ ye nye be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu.—Mat. 26:39.
19. Aleke nèsena le ɖokuiwò me tso Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu, eye nu ka tae?
19 Enye dada na mí be míenye Yehowa subɔlawo, eye bubu gãe wònye na mí be woayɔ mí be Yehowa Ðasefowo. Le esia ta la, aleke kee amewo ɖaɖi gbɔ mí o, míayi edzi akafu Yehowa. Yehowa ƒe ŋkɔa le vevie na mí wu míawo ŋutɔwo tɔ. Nu ka kee Satana ɖahe va mía dzi o, mina míaɖoe kplikpaa ayi edzi akafu Yehowa ƒe ŋkɔa. Ne míewɔe alea la, míaɖee afia be Yehowa ƒe ŋkɔa le vevie na mí wu nu sia nu, abe ale si tututu wònɔ na Yesu Kristo ene.
HADZIDZI 10 Kafu Yehowa, Mía Mawu La!
a Hiob nye Yehowa subɔla wɔnuteƒe, gake esi exɔlɔ̃ etɔ̃awo gblɔ nya manyomanyowo tso eŋu la, ebu eɖokui ŋu wu ale si dze. Gbãa, esi Hiob ƒe viwo katã ku eye eƒe nunɔamesiwo katã dome gblẽ la, “Hiob mewɔ nu vɔ̃ alo bu fɔ Mawu be ewɔ nu gbegblẽ o.” (Hiob 1:22; 2:10) Gake esi wotsɔ nya ɖe Hiob ŋu be nu gbegblẽ aɖee wòanya wɔ tae wòle fu kpem ɖo la, eva nɔ “nu ƒom kple adã.” Edze agbagba be yeaʋli ye ɖokui ta tsɔ wu be yeahe kafukafu vɛ na Yehowa ƒe ŋkɔa.—Hiob 6:3; 13:4, 5; 32:2; 34:5.