INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Filipitɔwo 4
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

Filipitɔwo Totoɖeme

      • Ðekawɔwɔ, dzidzɔkpɔkpɔ, tamesusu nyuiwo (1-9)

        • Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o (6, 7)

      • Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Filipitɔwo ƒe nunanawo ŋu (10-20)

      • Gbedoname mamlɛawo (21-23)

Filipitɔwo 4:1

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Te 2:19
  • +Flp 1:27

Filipitɔwo 4:2

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ro 15:5, 6; 1Ko 1:10; 2Ko 13:11; Flp 2:2; 1Pe 3:8

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    8/2019, axa 9-10

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    11/2016, axa 14-15

    Gbetakpɔxɔ,

    1/15/2003, axa 20

    10/15/1999, axa 14

Filipitɔwo 4:3

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ps 69:28; Lk 10:20

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    9/2022, axa 15-16

Filipitɔwo 4:4

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Ps 64:10; 1Te 5:16

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    4/15/2011, axa 20

    7/1/2009, axa 12

    7/15/2008, axa 29

    4/15/1995, axa 9

Filipitɔwo 4:5

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Tit 3:2; Yak 3:17

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Te Ðe Yehowa Ŋu, axa 223-224

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    12/2021, axa 29-30

    Gbetakpɔxɔ,

    7/1/2009, axa 12

    7/15/2008, axa 29

    3/15/2008, axa 3

    11/1/2006, axa 6-7

    12/1/1998, axa 14-15

Filipitɔwo 4:6

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Mt 6:25; Lk 12:22
  • +Yh 16:23; Ro 12:12; 1Pe 5:6, 7

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo, nyati 191

    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Agbalẽ, nusɔsrɔ̃ 9

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    2/2020, axa 21-22

    Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ,

    6/2019, axa 6

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    8/2017, axa 10-11

    Gbetakpɔxɔ,

    11/15/2009, axa 3-4

    7/1/2009, axa 12

    3/15/2008, axa 13-14

    9/1/2006, axa 27, 28-29

    6/1/2001, axa 9

    7/15/2000, axa 6

    3/15/1999, axa 23

    1/15/1999, axa 18

    Nyɔ!,

    8/8/2001, axa 24-25

Filipitɔwo 4:7

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yh 16:33; Ro 5:1
  • +Kol 3:15

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    1/2024, axa 21-22

    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Agbalẽ, nusɔsrɔ̃ 9

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    4/2019, axa 8, 13

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    10/2018, axa 28

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    8/2017, axa 8-12

    Gbetakpɔxɔ,

    7/1/2009, axa 10-12

    3/15/2008, axa 13-14

    7/15/2000, axa 6

    3/15/1999, axa 23

    4/15/1997, axa 5-6

    Nyɔ!,

    8/8/2001, axa 24-25

Filipitɔwo 4:8

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Kol 3:2

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na),

    10/2022, axa 9

    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Agbalẽ, nusɔsrɔ̃ 41

    Nɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa, axa 83-84

    “Mawu Ƒe Lɔlɔ̃,” axa 71-72

    Gbetakpɔxɔ,

    9/15/2003, axa 11-13

    7/15/1995, axa 22

    Nyɔ!,

    6/8/1997, axa 16

Filipitɔwo 4:9

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Flp 3:17

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    7/15/2005, axa 24-25

Filipitɔwo 4:10

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Ko 11:8, 9

Filipitɔwo 4:11

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Ti 6:6, 8; Heb 13:5

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    6/1/2003, axa 8-11

Filipitɔwo 4:12

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +1Ko 4:11; 2Ko 6:4, 10; 11:27

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    6/1/2003, axa 8-11

    6/15/2001, axa 7

Filipitɔwo 4:13

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Yes 40:29; 2Ko 4:7; 12:9, 10

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Agbalẽ, nusɔsrɔ̃ 40

    Gbetakpɔxɔ,

    6/15/2001, axa 7

Filipitɔwo 4:15

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Ko 11:8, 9

Filipitɔwo 4:18

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Flp 2:25
  • +2Mo 29:18

Filipitɔwo 4:19

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +2Ko 9:8

Filipitɔwo 4:22

Titinanuŋɔŋlɔwo

  • +Flp 1:12, 13

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    2/15/2013, axa 16

    3/1/2011, axa 23

    12/1/1998, axa 12

    “Ŋɔŋlɔ Blibo La,” Akpa 1, axa 28-29

Filipitɔwo 4:23

Numekugbalẽwo

  • Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ

    Gbetakpɔxɔ,

    2/15/2012, axa 18

    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ,

    11/1994, axa 2

Bubuwo

Flp. 4:11Te 2:19
Flp. 4:1Flp 1:27
Flp. 4:2Ro 15:5, 6; 1Ko 1:10; 2Ko 13:11; Flp 2:2; 1Pe 3:8
Flp. 4:3Ps 69:28; Lk 10:20
Flp. 4:4Ps 64:10; 1Te 5:16
Flp. 4:5Tit 3:2; Yak 3:17
Flp. 4:6Mt 6:25; Lk 12:22
Flp. 4:6Yh 16:23; Ro 12:12; 1Pe 5:6, 7
Flp. 4:7Yh 16:33; Ro 5:1
Flp. 4:7Kol 3:15
Flp. 4:8Kol 3:2
Flp. 4:9Flp 3:17
Flp. 4:102Ko 11:8, 9
Flp. 4:111Ti 6:6, 8; Heb 13:5
Flp. 4:121Ko 4:11; 2Ko 6:4, 10; 11:27
Flp. 4:13Yes 40:29; 2Ko 4:7; 12:9, 10
Flp. 4:152Ko 11:8, 9
Flp. 4:18Flp 2:25
Flp. 4:182Mo 29:18
Flp. 4:192Ko 9:8
Flp. 4:22Flp 1:12, 13
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • 1
  • 2
  • 3
  • 4
  • 5
  • 6
  • 7
  • 8
  • 9
  • 10
  • 11
  • 12
  • 13
  • 14
  • 15
  • 16
  • 17
  • 18
  • 19
  • 20
  • 21
  • 22
  • 23
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
Filipitɔwo 4:1-23

Filipitɔwo

4 Eya ta nɔvinye lɔlɔ̃tɔ siwo le dzroyem vevie, mi ame siwo nye nye dzidzɔ kple nye dziɖuɖukuku,+ nye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe+ alea le Aƒetɔ la me.

2 Mele nu xlɔ̃m Ewodia, eye mele nu xlɔ̃m Sintike, be woƒe tamesusu nawɔ ɖeka le Aƒetɔ la me.+ 3 Ɛ̃, mele kuku ɖem na wò hã, nye hadɔwɔla vavã, be nànɔ kpekpem ɖe nyɔnu siawo ŋu, ame siwo ʋli kplim aduadu le nya nyui la ta hekpe ɖe Klemens kpakple hanyedɔwɔla susɔeawo ŋu, ame siwo ƒe ŋkɔwo le agbegbalẽa me.+

4 Dzi nedzɔ mi le Aƒetɔ la me ɣeawokatãɣi. Megale egblɔm ake be, dzi nedzɔ mi!+ 5 Amewo katã nanyae be nugɔmeselawo+ mienye. Aƒetɔ la gogo. 6 Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o,+ ke boŋ le nu sia nu me la, mito gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada dzi miana Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo;+ 7 eye Mawu ƒe ŋutifafa,+ si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo+ kple miaƒe tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.

8 Mlɔeba la, nɔviwo, nu siwo katã nye nyateƒe, nu siwo katã dze na bubu, nu siwo katã le dzɔdzɔe, nu siwo katã le dzadzɛ, nu siwo katã dze na lɔlɔ̃, nu siwo katã ŋu woƒoa nu nyui le, nu siwo katã nye nuwɔna nyui, kple nu siwo katã dze na kafukafu la, minɔ nu siawo ŋu bum.+ 9 Nu siwo miesrɔ̃, eye miexɔ, eye miese, eye miekpɔ le gbɔnye la, minɔ nu siawo dzi;+ ekema ŋutifafa ƒe Mawu la anɔ anyi kpli mi.

10 Mele dzidzɔ geɖe kpɔm le Aƒetɔ la me be miegatsɔ ɖe le eme nam ake.+ Togbɔ be mienɔ ŋunye bum hã la, mɔnukpɔkpɔ mesu mia si mieɖee fia o. 11 Menye ɖe mele esia gblɔm abe ɖe nu hiãm ene o, elabena mesrɔ̃e be le nɔnɔme ɖe sia ɖe me la, nu siwo le asinye la nadze ŋunye.+ 12 Menya ale si nu hiãa ame,+ eye menya ale si nu bɔna ɖe ame si. Le nu sia nu kple nɔnɔme ɖe sia ɖe me la, mesrɔ̃ nu ɣaɣla sia be, manya ale si woɖia ƒo kple ale si dɔ wua ame, ale si nu bɔna ɖe ame si kple ale si nu hiãa ame. 13 Metea ŋu wɔa nuwo katã to ame si doa ŋusẽm la dzi.+

14 Gake miewɔe nyuie be miekpe ɖe ŋunye le nye xaxawo me. 15 Le nyateƒe me la, mi Filipitɔwo mienyae hã be esi miexɔ nya nyui la vɔ eye medzo le Makedonia la, hame aɖeke meɖo nunana ɖem o, eye nyemexɔ ɖeke tso wo gbɔ o, negbe tso miawo gbɔ ko;+ 16 elabena esime menɔ Tesalonika la, mieɖo nu siwo hiãm la ɖem, menye zi ɖeka ko o, ke boŋ zi eve sɔŋ. 17 Menye be nunana dim mele o, ke boŋ kutsetse si ana miakpɔ viɖe geɖe ɖe edzi la dim mele. 18 Ke nu siwo katã hiãm la le asinye wògbɔ edzi. Meyɔ gba go fifia esi mexɔ nu siwo mieɖo ɖem to Epafrodito+ dzi la, nu siwo nye ʋeʋẽ lilili,+ vɔsa nyui, si dzea Mawu ŋu. 19 Nye Mawu hã ana nu siwo katã ahiã mi+ la mi le eƒe kesinɔnuwo nu le ŋutikɔkɔe me to Kristo Yesu dzi. 20 Ke mía Mawu kple Fofo la tɔ nanye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.

21 Mido gbe na ame kɔkɔe siwo katã wɔ ɖeka kple Kristo Yesu la nam. Nɔvi siwo le gbɔnye la do gbe na mi. 22 Ame kɔkɔewo katã do gbe na mi, vevietɔ ame siwo le Kaisaro ƒe me.+

23 Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple gbɔgbɔ si mieɖena fiana la.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe