INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g92 9/8 axa 28-29
  • Ŋku Léle Ðe Xexeame Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋku Léle Ðe Xexeame Ŋu
  • Nyɔ!—1992
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Xexemenuɖoanyi Yeye aɖe Didi
  • “Nusiwo Wua Vidzĩwo?
  • Nonana Kple AIDS
  • Le Nukliaʋa ƒe Agbo Nu
  • Susumedɔdada Dzia nutilã ƒe Dɔlélenutsitsi ƒe Ŋutete ɖe Edzi
  • Braziltɔwo ƒe “Anyi Siwo Wua Ame”
  • Liliti Dɔmenyotɔ La
  • Ya si Xea Mɔ na Keklẽ Wuame le Vɔvɔm
  • Nuvlowɔwɔ Sɔsrɔ̃
  • Womekafu Spania-sɔlemeha la o
  • Wobia Nya ku ɖe Dodo le Yameʋuwo me Ŋu
  • Liliti Wɔnuku La
    Nyɔ!—1998
  • Nukliaʋa—Amekawoe Le Ŋɔdzia Dom?
    Nyɔ!—2004
  • Nuklia ƒe Ŋɔdzidonamea—Mewu Enu Kura Haɖe O
    Nyɔ!—1999
  • Nukliaʋa—Ðe Ŋɔdzi Gakpɔtɔ Le Eŋua?
    Nyɔ!—2004
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1992
g92 9/8 axa 28-29

Ŋku Léle Ðe Xexeame Ŋu

Xexemenuɖoanyi Yeye aɖe Didi

Zi gbãtɔ le ƒe 40 kple edzivɔ siwo va yi me la, wole agbe gbɔm Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔ be enye dɔwɔnu si dzi woato ahe xexeame katã ƒe dedienɔnɔ vɛ. Le January 31 dzi la, xexeame ƒe ame ŋkutawo kple kalẽtɔwo kple ame tsɛwo kpakple ame dahewo, siwo nye dukplɔlawo wɔ takpekpe gã ɖedziesi aɖe tsɔ ʋu Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dedienɔnɔ ƒe Aɖaŋuɖoha ƒe takpekpe nui le New York Dugã me. Dedienɔnɔ ƒe Aɖaŋuɖoha ƒe ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ sia ƒe taɖodzinue nye be wòadi nusi xexemekplɔlawo yɔ be xexemenuɖoanyi yeye si axɔ ɖe Dukɔwo Dome Nyaʋiʋliwo teƒe. Britania-dukplɔla John Major yɔ takpekpea be “tɔtrɔ vevi le xexeame kple le Dukɔ Ƒoƒuawo me.” Xexeamekplɔlawo di be yewoado Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe ŋutifafa hehe vɛ ƒe ŋutete ɖe ŋgɔ. Eyata woɖe gbeƒã le dziɖuɖumegãwo ƒe takpekpe sia me be: “Aɖaŋuɖoha me tɔwo lɔ̃ ɖe edzi be mɔnukpɔkpɔ nyuitɔ kekeake su xexeame si azɔ be wòakpɔ ŋutifafa kple dedienɔnɔ le dukɔwo katã me tso esime woɖo Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔ la anyi.”

“Nusiwo Wua Vidzĩwo?

Akɔtadɔwo abe gbɔxi, kple dzitodzitodɔwo, kpakple kpedɔ vovovowo ene wonye “nusiwo koŋ wua ɖevi siwo mexɔ wu ƒe atɔ̃ haɖe o,” aleae Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe akɔntabubuwo ɖe fia. Kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Corriere salute ka nya ta be: “Ðevi enyi kuna le aɖabaƒoƒo ɖesiaɖe me le dɔ siawo ta, eye wòna ɖevi siwo kuna ƒe sia ƒe ƒe xexlẽme bliboa va nye miliɔn ene.” Nukae woatsɔe atsi enui? Atikeŋutinunyawo gblɔ be: “atike siwo xea mɔ na dɔléle zazã tso woƒe ɖevime, hekpe ɖe eŋu la, ɖeviwo ƒe lãmeŋutete siwo wɔa aʋa kple dɔlélewo tutu ɖo, nuɖuɖu nyui nana wo, kpakple alesi woanɔ abɔta sim na woe axe mɔ ɖe wo nu.”

Nonana Kple AIDS

Time International magazine xlɔ̃ nu be: “Vidada ƒe notsi ate ŋu ava zu nusi awu ɖeviwo wu le Dukɔ Siwo le Ŋgɔ Yim me.” Esia tso AlDS gbɔ. Le numekuku vi si wowɔ le Afrika titina heka eta ɖe New England Journal of Medicine me nu Ia, vidzĩ 15 dometɔ 8 siwo xɔ AIDS le numekukua me la xɔe tso wo dadawo ƒe no me. Ne woɖo kpe numekuku sia dzi vɔ la, ekema kuxi sesẽ aɖe adze ŋgɔ atikewɔlawo: Ðe woade aŋetukpa me nonana, si ne womenae le dzadzɛnyenye me o la, wòadzi ɖeviwo wuwu ɖe edzi zi gbɔ zi 500 le 100 ɖesiaɖe me ƒe dzi ƒoa. alo ɖe woayi edzi ade nonana kple eŋu afɔku si li be woato eme axɔ AlDS-dɔlélea ƒe dzi ƒoa? Ðk. Jean Mayer, si nye nunyiameɖuɖu ŋuti nunyala fa konyi be: “Nu nyui aɖeke meli miatsɔ akpɔ egbɔe o. . . Esia nye afɔku si tɔgbe megali o.”

Le Nukliaʋa ƒe Agbo Nu

Soviettɔwo ƒe asrafomegã aɖe gblɔ le takpekpe si wowɔ le Havana si ame aɖeke mekpɔ eteƒe o le January si va yi la me be ƒe blaetɔ̃ enye si va yi la, xexeame zɔ sagasaga ɖo nukliaʋa ƒe agbo nu. Le Cubatɔwo ƒe aʋawɔnuwo ƒe zitɔtɔ me teƒe 1962 me la, nukliaʋawɔnu siwo ƒe ŋusẽ de TNT tɔn akpe 6 vaseɖe akpe 12 nɔ Cuba si. Soviet Union ɖo nukliaʋawɔnuwo ɖe Cuba eye wòɖe gbe be woazãe ne Amerika siwo ƒe ŋusẽ dze ƒukpoa dzi. Le The New York Times ƒe nya nu la, Robert S. McNamara, si nye United States-srafowo ƒe dudɔla si le Dukplɔla John F. Kennedy te gblɔe le kpekpea me be ɖikeke aɖeke mele eme o be “ɖe Kennedy aɖe gbe be woatsɔ nukliaʋawɔnuwo abia hlɔ̃ Cuba​—kple ɖewohĩ Soviet Union​—hafi ne ɖe woda nukliaʋawɔnuwo le United States ƒe asrafowo dome.” Xexeame ƒe dzi dze eme esime Soviettɔwo lɔ̃ ɖe edzi be yewoagbugbɔ axɔ aʋawɔnu siawo. Philip Brenner si nye nufialagã le Amerika ƒe Yunivɛsiti si hã va takpekpea gblɔ ku ɖe nusiwo dzɔ va yi ŋu be: “Míegogo nukliaʋa wu alesi wosusui kpɔ.”

Susumedɔdada Dzia nutilã ƒe Dɔlélenutsitsi ƒe Ŋutete ɖe Edzi

The Harvard Mental Health Letter si nye agbalẽ si Harvard Atikesrɔ̃suku ta ka nya ta be edze abe ɖe ɖaseɖiɖia le agbɔ sɔm ene be susua kpɔa ŋusẽ ɖe dɔdzẽ nu tsitsi dzi ne edo mo ɖa. Le kpɔɖeŋu me, le numekuku aɖe me la, wowɔ susumetike na nyɔnuwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe siwo ŋu nodɔdzẽ tsi ɖo kwasiɖa ɖesiaɖe hena ƒe ɖeka be woatsɔ akpe ɖe wo ŋui be woaɖu vɔvɔ̃ dzi eye woaɖo dze nyuie kple woƒe ƒomewo, esime wowɔ atike na nyɔnu siwo ŋu dɔléle ma ƒomevi le. Nyatakaka la gblɔ be: “Nusi do tso eme la ɖe dzesi ŋutɔ. Menye ɖeko nyɔnu siwo dea dzi ƒo na wo nɔewo le dɔlélea ŋu ƒe dzodzodzoetsitsi,blanuiléle kple vevesesea dzi ɖe kpɔtɔ ko o, ke boŋ woƒe agbenɔnɔ ƒe didime le mamã dedie nu hã dzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve kloe​—ɣleti 37 wu ɣleti 19.” Le numekuku bubu me la, le dɔnɔ bubu siwo ƒe ŋutilã ŋu dɔdzẽwo do ɖo yeyee gome la, menye ɖeko amesiwo dea dzi ƒo na wo nɔewo tso dɔlélea ŋu kwasiɖa ade ƒe ɖeɖiteameŋu, tɔtɔ, kple blanuiléle dzi ɖe kpɔtɔ o, ke boŋ “woƒe ŋutilã ƒe dɔlélenutsitsi ƒe ŋutete hã dzi ɖe edzi geɖe” wu amesiwo le dɔ ma ƒomevi lém siwo wowɔ atike na le kɔdzi.

Braziltɔwo ƒe “Anyi Siwo Wua Ame”

Aleke gbegbe afɔku le Braziltɔwo ƒe “anyi siwo wua ame” la ŋui? Togbɔ be woɖe asi le Afrika-nyi 26 ƒe dzidzimeviwo ŋu le vome le ƒe 1956 me hã la, Newsweek ka nya ta be “Braziltɔwo wɔ ɖoɖo si ŋudɔ anya wɔ le Afrika-nyiwo nyinyi gome. . . Anyiɖaɖa​—si nɔ abe tɔn 3,000 ene ƒe sia ƒe hafi Afrika-nyiwo ʋu va​—dzi ɖe edzi zu tɔn 42,000 le ƒe si va yi me.” Edze abe nya lae nye be“woafia anyinyilawo alesi woakpɔ anyi siwo wotrɔ wozu Afrika-nyiwo la dzi nyuie ene eye woafia alesi woawɔ be anyiawo magate wo o la amewo.” Magazine la gblɔ be: “Togbɔ be enye nyateƒe be wowua lãha alafa geɖe ƒe sia ƒe hã la, edze abe ɖe amegbetɔwo mele afɔku gã aɖeke me wu teƒe bubuwo o ene.”

Liliti Dɔmenyotɔ La

Ame aɖewo yɔ anyigbaxɔdzodziti si nye liliti be “enye nu si Mawu na ameƒomea” eye susu nyui tae woyɔe nenema ɖo! Nu vovovo siwo ameƒomea tsɔ liliti wɔe dometɔ aɖewoe nye aɖuklɔtike, atiɖuɖu, amiɖuɖu, nyiwo ƒe dɔmekplevitike, nudzodzoewutike, ŋutigbalẽdɔléle ƒe atikewo, kpakple suklidɔ kple asrãtikewo. Wozãa lilitimi tsɔ ɖaa adzalẽ, ɖawɔmi, kple atike si wotsɔna nyãa muwoe. New African magazine gblɔ be nyitsɔ laa la, numekula siwo nɔ Kenya wɔ numekuku be woatsɔ anya atike kple nudzodzoenyãtike bubu siwo woate ŋu akpɔ tso liliti wɔnuku la me.

Ya si Xea Mɔ na Keklẽ Wuame le Vɔvɔm

Numekuku ɖee fia be ya si xea mɔ na keklẽ wuame ƒe gege ɖe xexeame la le vɔvɔm kabakaba le Anyiehe kple Dziehenutowo me Le The Diplomatic World Bulletin ƒe nya nu la, numekuku yeye siwo dzɔdzɔmeŋutinunyala 80 ƒe ƒuƒoƒo si tso dukɔ 25 me wɔ ɖee fia be Europa kple Anyiehe Amerika ƒe yamenutomeya si xea mɔ na keklẽ wuame ƒe gege ɖe xexeame dzi ɖe kpɔtɔ 3 le alafa ɖesiaɖe me le ƒe ewo siwo va yi me. Wole mɔ kpɔm be kaka ƒe alafa sia nawu enu la, edzi agaɖe akpɔtɔ 3 le alafa ɖesiaɖe me. Antarktika ƒe yamenutome ya si xea mɔ na keklẽ wuame si dzi ɖe kpɔtɔ, esi dzɔ le vuvɔŋɔli me ko la keke ɖe enu azɔ yi ɣeyiɣi bubuwo hã me. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo xɔe se be ya si xea mɔ na keklẽ wuame ƒe gege ɖe xexeame si le vɔvɔm si ƒe akpa gãtɔ tso amegbetɔ ƒe dɔwɔnawo gbɔ la ate ŋu ahe yame ƒe dzoxɔxɔ ƒe tɔtrɔ sesẽ, agblemenuku manyomanyo, kple ŋutigbalẽdɔdzɛ̃ vɛ.

Nuvlowɔwɔ Sɔsrɔ̃

Wona sukuvi atɔ̃ siwo le suku dem le “Kobe Municipal lndustrial Technical College” le Japan mekpɔ dzidzedze le woƒe nusɔsrɔ̃ ƒe ƒe gbãtɔ me o. Suku kɔkɔ la le wo dzi zim be woatsi xɔ ɖeka ma ke me le esi wogbe be yewomakpɔ gome le kenzofefewo me o la ta. Le The Daily Yomiuri ƒe nya nu la, sukuviawo gblɔ be: “anye Biblia ƒe nufiafiawo dzi dada be yewoaƒo yewo ɖokui ɖe avuwɔfefewo me.” Sukuviawo siwo nye Yehowa Ðasefowo la tsɔ nya la yi ʋɔnui be “sukua ƒe nyametsotso be yeana yewomakpɔ dzidzedze le yewoƒe dodokpɔ me o la nye dada le dukplɔsea ƒe mɔɖeɖe ɖe mawusubɔsubɔblɔɖe ŋu dzi.” Aleae Mainichi Daily News la gblɔ.

Womekafu Spania-sɔlemeha la o

Ðe Roma Katoliko-ha la naa mɔfiafia nyui siwo woatsɔ akpɔ ƒomegbenɔnɔ me kuxiwo gbɔea? Numekuku aɖe si Centro de lnvestigaciones sobre la ReaIidad SociaI (Hadomenɔnɔme ƒe Numekudɔwɔƒe) wɔ nyitsɔ laa ɖee fia be Spaniatɔwo dometɔ 35 le alafa ɖesiaɖe me koe xɔe se be enanɛ. Ke amewo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ na wo ya ɖe? Amesiwo gbɔ wowɔ numekukua le dometɔ 42 le alafa ɖesiaɖe me susui be sɔlemeha la kpɔa agbanɔamedzi sia gbɔ. Gake ameawo dometɔ 4 le alafa ɖesiaɖe me koe xlẽa Biblia si nye agbalẽ si kpɔa gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ eye wònaa mɔfiafia si me kɔ le alesi woawɔ akpɔ dzidzɔ le ƒomegbenɔnɔ me ŋu la edziedzi.

Wobia Nya ku ɖe Dodo le Yameʋuwo me Ŋu

Aleke nuvevi ate ŋu awɔ wòe ne ehiã kpata be nado le yameʋu me ne yameʋua ɖo afɔku me? Yameʋuɖoɖo ŋuti nyaʋlilawo gblɔ be dedienɔnɔ le yameʋu me ƒe mɔnukpɔkpɔwo le gbegblẽm eye be kuxia le dzidzim ɖe edzi esi yameʋudɔwɔƒewo le zikpui geɖe wu dem woƒe yameʋuwo me. Le kpɔɖeŋu me, ame 378 ye yameʋu si nye 747 la kɔna tsoa Los Angeles, U.S.A yi Sydney, Australia. Gake yameʋudɔwɔƒe bubu si si yameʋu ma ke tɔgbe le ya kɔa ame 533 tso Osaka yi Tokyo, Japan. Togbɔ be akɔntabubuwo ɖee fia be takpɔkpɔ le yameʋuɖoɖo me zi gbɔ zi 19 wu ʋuɖoɖo hã la, afisi afɔku ate ŋu adzɔe le dzidzim ɖe edzi le esi wole ame geɖe wu tegem ɖe yameʋuwo me Ia. Dodo le yameʋu me ƒe dodokpɔ si wowɔ nyitsɔ laa be woatsɔ anya ne “McDonnell Douglas MD11” ƒe yameʋu ate ŋu akɔ ame 410 ɖe ame 287 si wòkɔna teƒe hã la na nyɔnu aɖe ƒe kɔ vaseɖe afɔgbɔ tu esi eƒe dzimeƒu ɖɔ li; ame 46 bubuwo xɔ abi​—wo dome ame 6 hã ƒe ƒuwo ɖɔ li. United States-dziɖuɖua ƒe ɖoɖo siwo wòwɔ nyitsɔ laa bia tso yameʋuwɔlawo si be woaɖee afia be yameʋuɖolawo ate ŋu awɔ kaba ado le woƒe yameʋuwo me le sekɔnd 90 me nenye ʋɔtruawo ƒe afã ko nue amewo le dodom toe gɔ̃ hã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe