Akpa si Mawusubɔsubɔha Wɔ le Ameƒomea ƒe Aʋawɔwɔwo Me
“DUKƆ aɖeke menɔ anyi kpɔ si mesubɔa mawu aɖeke o.” Aleae The World Book Encyclopedia (ƒe 1970 tɔ) gblɔ. Gake ŋutinyaŋlɔla Will kple Ariel Durant woŋlɔe bena: “Aʋawɔwɔ nye ŋutinya me nudzɔdzɔ siwo nɔa anyi ɖaa la dometɔ ɖeka.” Ðe nudzɔdzɔ eve siawo siwo nɔa anyi ɖaa, siwo nye aʋawɔwɔ kple mawusubɔsubɔha do ƒome kple wo nɔewo le go aɖe mea?
Nyateƒee wònye be le ŋutinya katã me la, tsi metoa aʋawɔwɔ kple subɔsubɔhawo dome o. Lionel Casson gblɔ le Egipte, si nye xexemedziɖuɖu gbãtɔwo dometɔ ɖeka le ŋutinya me la ŋuti le agbalẽ si nye Ancient Egypt me be: “Woxea adzɔ na mawuawo le aʋadziɖuɖu ɖesiaɖe ta; eye ne nunɔlawo le kesinɔnu geɖe wu dim la, wodina vevie be woawɔ aʋa aɖu dukɔ bubuwo dzi abe alesi farao siwo nɔ anyi va yi hã wɔnɛ ene.”
Nenema ke Osɔfo W. B. Wright gblɔ tso Asiria si hã nye xexemedziɖuɖu gbãtɔ bubu la ŋuti be: “Aʋawɔwɔe nye dukɔa ƒe dɔwɔɖui, eye nunɔlawo doa aʋawɔwɔ ɖe ŋgɔ madzudzɔmadzudzɔe. Wotsɔa nusiwo woha le aʋadziɖuɖu me la koŋ kpɔa wo dzii.”
Gerald Simons ŋlɔ nu tso nusi wòyɔ be “Europatɔ manyanuwo” ŋuti be: “Wonɔ habɔbɔ tsɛ aɖe, si woɖo ɖi koŋ hena dɔwɔna ɖeka si nye aʋawɔwɔ la me.” Eye mawusubɔsubɔha hã le eme. Simons de dzesii be: “Blemaxotutu geɖewo ƒo nu tso yi siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ alo wowɔa nu abe yi siwo nye trɔ̃wo ƒe dɔgbedelawo ene la ŋu.”
Gake nenema tututue nɔnɔmea nɔ le Roma-fiaɖuƒe si wobu be eʋu ŋku ŋutɔ hã me. Moses Hadas ɖe eme le agbalẽ si nye Imperial Rome me be: “Woƒã aʋawɔsusu ɖe Romatɔwo me tso woƒe ɖevime ke.” Roma-srafowo tsɔa aflaga siwo me woŋlɔ woƒe mawuwo ƒe dzesiwo ɖo la yia aʋagbedzii. Numekugbalẽ aɖe de dzesii be: “Edzɔna be aʋakplɔla aɖe naɖe gbe be woada aflaga aɖo ɖe futɔwo ƒe asaɖa me, be wòana dzo bubu naɖo lãme na eƒe asrafowo be woadze aʋa gɔme to dzidede ƒo na wo me be woagbugbɔ axɔ aflaga la, elabena ɖewohĩ wobui be eyae nye nu kɔkɔetɔ kekeake si nɔ anyigba dzi.”
Alesi Amesiwo Be Kristotɔwoe Yewonye la Bua Aʋawɔwɔe
Tso esi Kristodukɔ va dzɔ ɖe xexeame la nuwo metrɔ o. Le nyateƒe me la, Anne Fremantle ŋlɔ ɖe agbalẽ si nye Age of Faith me be: “Le aʋa siwo katã wowɔ kpɔ dome la, womewɔ ɖeke kple dzonɔameme kpɔ abe esiwo wowɔna ɖe xɔse ta la ene o. Eye le ‘aʋa kɔkɔe’ mawo dome la, ɖeke meyɔ fũ kple ʋukɔkɔɖi eye eteƒe didi wu Kristotɔwo ƒe Atitsogaʋa siwo wowɔ tso M.Ŋ. ƒe 500 vaseɖe 1,500 o.”
Ewɔ nuku be egbegbe kura hã, tɔtrɔ gobii aɖeke meva o. Time magazine ka nya ta be: “Aʋawɔwɔ kple amewo wuwu le subɔsubɔhawo ƒe aflagawo ta le edzi yim sesĩe ŋutɔ. Protestantɔ kple Roma Katolikotɔ siwo le Ulster wua wo haviwo ɖaa abe alesi mɔ̃ aɖe trona matɔmatɔe ene. Arabwo kple Israeltɔwo tsia dzodzodzoe le dzrehehe siwo le dzɔdzɔm le woƒe anyigbawo, agbenɔnɔ kple subɔsubɔhawo ta la ŋuti.” Gawu la, dukɔmeviwo kple mawusubɔsubɔha ƒe masɔmasɔwo wɔe be wowu ame gbogbo aɖewo ŋɔdzitɔe le dukɔ si woyɔna tsã be Yugoslavia, kple Asia-dukɔwo me.
Asesẽ na wò be nàxɔe ase be amesiwo be yewonye Kristotɔwo la wɔa aʋa enuenu kple woa ŋutɔ ƒe hameviwo. Ewɔe be Katolikotɔwo wua Katolikotɔwo le aʋagbedzi. Katolikotɔ ŋutinyaŋlɔla E. I. Watkin lɔ̃ ɖe edzi be: “Togbɔ be asesẽ be míalɔ̃ ɖe edzi hã la, míate ŋu agbe nu le ŋutinya me nyateƒea gbɔ alo aŋe aɖaba aƒu edzi le alakpadada alo anukwaremaɖimaɖi me o be, Bisiɔpwo nɔ megbe na aʋa siwo katã woƒe dukɔ me dziɖuɖuwo wɔ la ɣesiaɣi. Nyemese kpɔ zi ɖeka hɔ̃ hã be dukɔ aɖe me bisiɔpwo bu fɔ aʋawɔwɔ aɖe be enye aʋa madzɔmadzɔ o. . . . Eɖanye gɔmeɖose ka ke dzie woda asi ɖo o, gɔmeɖose si ŋudɔ Katoliko-bisiɔpwo wɔna le aʋawɔɣie nye be ‘nye dukɔ ƒe nya enye dzɔdzɔetɔ ɣesiaɣi.’”
Gake menye Katolikotɔwo ɖeɖekoe wɔa gɔmeɖose ma ŋudɔ o. Nuŋɔŋlɔmetola aɖe ƒe nya aɖe si dze le Sun ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si wotana le Vancouver, Canada, me gblɔ be: “Protestant-subɔsubɔha mate ŋu asi gbeɖe le nusiawo siwo hea mamã vaa dukɔ me la nu o. Ðewohĩ enye subɔsubɔha ɖesiaɖe si woɖo la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ be subɔsubɔha la dzea aflaga la yome. . . . Aʋa kae wowɔ si me womegblɔ le kpɔ be Mawu de akpa ɖesiaɖe dzi o?”
Edze ƒã be ɖeke meli o! Protestantɔwo ƒe Osɔfo Harry Emerson Fosdick lɔ̃ ɖe edzi be: “Míesi aʋawɔflagawo ɖe míaƒe sɔlemexɔwo gɔ̃ hã me . . . Míetsɔ míaƒe nu ƒe akpa ɖeka kafu ŋutifafafia lae, eye míetsɔ akpa keme kafu aʋawɔwɔe.” Eye nyadzɔdzɔŋlɔla Mike Royko gblɔ be “mekpea lãme” na Kristotɔwo “be woaho aʋa ɖe Kristotɔ bubuwo ŋu o.” Eɖe eme be: “Nenye ɖe wòkpea lãme na wo la, anye ne aʋa sesẽ geɖe siwo wowɔ le Europa la madzɔ o.” Aʋa siawo dometɔ si xɔ ŋkɔe nye Ƒe Blaetɔ̃ Ʋa si Protestantɔwo kple Katolikotɔwo wɔ le Germania.
Le nyateƒe me la, nyateƒeawo katã dze ƒã. Mawusubɔsubɔha nye aʋawɔwɔ dzidela eye ɣeaɖewoɣi la, edoa aʋa ɖe ŋgɔ kura gɔ hã. Eyata ame geɖe dea ŋugble le nyabiabia siawo ŋuti be: Ðe wònye nyateƒe be Mawu dea akpa ɖeka dzi ne dukɔ eve kpe aʋaa? Ðe wòdoa alɔ dukɔ aɖe ne aʋa dzɔ ɖe dukɔwo domea? Ðe aʋawɔwɔ nu ava yi gbaɖegbea?
[Nya si ɖe dzesi si le axa 3]
Roma-srafowo da aflaga siwo me woŋlɔ woƒe mawuwo ƒe dzesiwo ɖo la ɖo ɖe woƒe futɔwo ƒe asaɖa me