Sɔhɛwo Biana Be . . .
Gbɔdɔdɔ Tsɔtsɔ Ðe Fu na Ame—Aleke Mawɔ Akpɔ Ðokuinye Ta?
ANITA nye ƒe 16 vi zãzɛ aɖe si lɔ̃ alɔgbɔnu koko. Gake eyɔ mo esi wònɔ nusiwo dzɔ le eƒe suku nyitsɔ laa la gblɔm. Egblɔ be: “Ŋutsuvi aɖe si amewo katã lɔ̃na la xaxam ɖe xɔdomemɔ dzi henɔ asi lilim ŋunye madzemadzee. Ewɔ nusia ɖe nyɔnuvi bubu geɖe ŋu evɔ womegbe nɛ o—etsɔ eƒe nuwɔna ble woe, gake mete ŋu ble nye ya o! Esi megblɔ nɛ bubutɔe be neɖe asi le ŋunye la, mesee o. Esusu be fefem mele.”
Nusi dzɔ ɖe Anita dzi la bɔ. Edze ƒã be wotsɔ gbɔdɔdɔ ɖe fu na amewoe le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me. (Tsɔe sɔ kple Rut 2:8, 9, 15.) Eye ebɔ egbea ale gbegbe. Ƒewuivi nyɔnuvi aɖe gblɔ be: “Ŋutsu aɖewo gblɔ yakanya aɖewo le nye ametia ŋu le dɔ me.” Gake zi geɖe la, menye nyagbɔgblɔ me koe woɖea fu na ame le o. Egagblɔ be: “Wo dometɔ aɖewo te kpɔ be yewoaka asi ŋunye alo além.” Ƒewuivi nyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye René gblɔ na Nyɔ! be: “Fuɖenamea nu sẽ le dɔ me ale gbegbe be ɖeko wòle be maɖe asi le dɔ ŋu.”
Wogblɔ le numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa me be sukuvi siwo le suku kɔkɔ ƒe ƒe 2 vaseɖe 5 lia me dometɔ 81 le alafa me gblɔ be wotsɔ gbɔdɔdɔ ɖe fu na yewo zi ɖeka ya teti kpɔ. U.S.News & World Report ka nya ta be: “Nyɔnuvi 65 le alafa me kple ŋutsuvi 42 le alafa me gblɔ be woka asi yewo ŋu, lé yewo alo mimi yewo le gbɔdɔdɔmɔ nu kpɔ.” Ẽ, woɖea fu na ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo siaa. Ƒewuivi ŋutsuvi aɖe fofo gblɔ be: “Alesi nyɔnuvi siwo le vinyeŋutsuvia ƒe suku ƒe mo sẽe la wɔ nuku nam ŋutɔ. Tso esime wòxɔ abe ƒe 12 ene ko la, woƒoa ka na mí ɣesiaɣi, woɖoa gbe ɖi kplii eye wogblɔa nya gbegblẽwo nɛ—kple bubuwo.”
Ele bɔbɔe be woabu nuwɔna dodzikuname sia nu tsɛe. Sɔhɛ aɖe gblɔ be: “Wotsɔnɛ dea fefe me ɣeaɖewoɣi.” Gake menye fefenya na Kristotɔwo o! Wonya be gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na ame nye mɔ si dzi wotona zi geɖe be woakplɔ ame ade agbegbegblẽnɔnɔ si Yehowa Mawu lé fui me. (Korintotɔwo I, 6:9, 10) Hekpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe Nya la de se be woawɔ nu ɖe ɖetugbiwo ŋu le “dzadzɛnyenye katã me.” (Timoteo I, 5:2) Etsri “atsaƒoƒo” hã. (Efesotɔwo 5:3, 4) Eyata mele be sɔhɛ Kristotɔwo naɖe mɔ woatsɔ gbɔdɔdɔ aɖe fu na woe o! Nya lae nye be, Aleke nàkpɔ ɖokuiwò ta be woagatsɔe aɖe fu na wò o? Mina míaƒo nu tso afɔ siwo woaɖe axe mɔ nɛ ŋu.
Nusiwo Nàwɔ be Woagaɖe Fu na Wò O
Wɔ ŋkɔ nyui na ɖokuiwò le Kristotɔ ƒe agbenɔnɔ me. Yesu xlɔ̃ nu be: “Mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me.” (Mateo 5:16) Nusi dzi nèxɔ se gbɔgblɔ na sukuhatiwo kple dɔwɔhatiwo nye mɔ siwo dzi nàwɔe to dometɔ ɖeka. Ne wonya be dzixɔse sesẽ kple agbenɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo le asiwò la, anɔ eme be womaɖe fu na wò o.
Lé ŋku ɖe wò awudodo kple lekewɔwɔ ŋu. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, awudodo aɖewo dea dzesi nyɔnu be enye gbolo. (Tsɔe sɔ kple Lododowo 7:10.) Nenema ke egbea la, awu siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro dodo ana wò zɔhɛwo nalɔ̃ wò nya, gake ate ŋu ana woase egɔme na wò bubui. Ate ŋu ana wò nu nava nɔ dzi lém na ŋutsuwo alo nyɔnuwo si mèdi hafi o. Nenema ke kuxi sia ate ŋu ado mo ɖa ne nyɔnuvi wɔa leke na eɖokui be yeadze ame tsitsi wu alesi tututu wòle. Aɖaŋu si Biblia ɖoe nye be ‘do awu ɖe nɔnɔme nyui me, eye nàwɔ leke na ɖokuiwò le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me.’—Timoteo I, 2:9.
Tia wò zɔhɛwo nyuie. (Lododowo 13:20) Wò zɔhɛwoe amewo atsɔ anya amesi ƒomevi nènye. Eye ne nyɔnuwo alo ŋutsuwo ŋu koe wò zɔhɛwo ɖoa dze le ɣesiaɣi la, amewo asusu vodadatɔe be edzɔa dzi na wò hã.—Tsɔe sɔ kple Mose I, 34:1, 2.
Mèganɔ ɖokuiwò titim ɖe amewo ŋu o. Nyateƒee, naneke megblẽ le xɔlɔ̃wɔwɔ ŋu o, gake ame kpɔkpɔ kple ame léle ate ŋu ana ŋutsu alo nyɔnu nase wò nuwɔna gɔme bubui. Mehiã be nàka asi ame ŋu kokoko hafi aɖo dze kplii o. Zɔ ɖe Agbenɔnɔ Dzidzenu Kɔkɔtɔ dzi eye nàwɔ nu ɖe ŋutsuwo alo nyɔnuwo ŋu abe alesi nàdi be woawɔe ɖe ŋuwòe ene—le dzadzɛnyenye kple bubu me. (Mateo 7:12) Mègatsɔe de fefe me anɔ nu wɔm be yeƒe nu nalé dzi na ŋutsuwo alo nyɔnuwo o. Menye ɖeko ewɔwɔ nenema menyo eye wòblea ame o, ke afɔku hã le eme. Biblia bia le Lododowo 6:27 be: “Ðe ame aɖe ate ŋu aɖe dzo ɖe akɔnu, eye eƒe avɔ nagbe fiafiã?”
Ne Wotsɔe Ðe Fu na Wò
Nyateƒee, ne wò awudodo, lekewɔwɔ, kple nuwɔna sɔ hã la, ame bubuwo mekpɔ mɔ alé wò le gbɔdɔdɔ gome alo anɔ amenublenyawo gblɔm na wò o. Eye woɖe fu na sɔhɛ aɖewo siwo ɖo kpɔɖeŋu nyui le dzedzeme kple agbenɔnɔ me hã. Nukae wòle be nàwɔ ne nusia dzɔ ɖe dziwò? Aɖaŋuɖoɖo aɖewoe nye si.
Gbe gbidii. Wonya nyuie be ame aɖewo gbea gbɔdɔdɔ ƒe amenublenyawo evɔ wònye ɖe wolɔ̃ le nyateƒe me hafi. Eyata amedzidzelawo atsɔe be gbegbe afã kple afã fia be nèlɔ̃ ɖe edzi—alo be àva lɔ̃ ɖe edzi—vaseɖe esi nèna wose egɔme nyuie be madze edzi gbeɖe o. Aɖaŋu si Yesu ɖo be wò o nanye o la sɔ nyuie le go sia me. (Mateo 5:37) Mègatsɔe de nukokoe alo fefe me o. Eye mele be nàna wò asidada ɖe nya dzi, nuƒoƒo, alo moɖoɖo nato vovo na nya si nàgblɔ o.
Do dziku. Alesi amesi dzi wodze medina be yeagbe o dzie gbɔdɔdɔ ƒe amedzidzelawo nɔa te ɖo zi geɖe. Gake le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, woɖe mɔ na Israel-nyɔnuwo, eye le nyateƒe me la, enye agbanɔamedzi, hã be woagbe ne wotsɔ gbɔdɔdɔ ɖe fu na wo. (Mose V, 22:23, 24) Nenema ke egbea mele be Kristotɔ natsɔe be megblẽ naneke ne wolé ye alo mia ye madzemadzee o. Mesɔ o, enye bubu si le ŋuwò kple wò Kristotɔnyenye dzi dzedze. Mele be nàlɔ̃ o! Biblia xlɔ̃ nu be: “Mitsri nuvɔ̃.”!—Romatɔwo 12:9.
Mɔ nyuitɔ ɖeka si dzi nàto axe mɔ na nuwɔna gbegblẽ sia enye be nàdo dziku ahado ŋukpe dziwòdzela la; ɖewohĩ adzudzɔ. Ðo ŋku nusi dzɔ ɖe Anita si míeyɔ le gɔmedzedzea dzi la dzi. Gbɔgblɔ na edzidzela bubutɔe be wòadzudzɔ ye léle meɖe vi o. Anita gblɔ na mí be: “Medo ŋukpee le exɔlɔ̃wo dome esi medo ɣli sesĩe gblɔ nɛ be WÒAGALÉM nenema O!” Nukae do tso eme? “Exɔlɔ̃wo katã koe. Le ɣeyiɣi kpui aɖe me la, megakɔa mo nam o, gake le ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, eva ɖe kuku ɖe eƒe nuwɔna ta, eye emegbe ekpe ɖe ŋunye gɔ̃ hã esi ame bubu aɖe di be yeaɖe fu nam.”
Ne ègblɔe ʋuu do kpoe la, ɖeko wòle be nàzɔ—alo asi du gɔ̃ hã—adzo le dziwòdzela la gbɔ. Eye ne màte ŋu asi o la, èkpɔ mɔ ato mɔ sia mɔ dzi be woagatsɔ gbɔdɔdɔ aɖe fu na wò o. Nyɔnuvi Kristotɔ aɖe gblɔe kaŋ ale: “Esi ŋutsuvi aɖe di be yealém la, metu kɔe sesĩe alesi mate ŋui hesi le egbɔ!” Nyateƒee, esia mefia be amedzidzela la magatee kpɔ o. Eyata ahiã be woakpe ɖe ŋuwò.
Gblɔe na ame aɖe. Adrienne si xɔ ƒe 16 gblɔ be: “Nu mae mewɔ mlɔeba. Mebia dzinyelawo be woaɖo aɖaŋu nam esi ŋutsuvi si mebu be enye xɔlɔ̃ nyui la ɖe kpe nam. Zi alesi megbee la, zi nenemae eya hã ƒe ŋku biãnae, ɖeko nàsusu be fefem míele.” Adrienne dzilawo ɖo aɖaŋu nyui aɖe nɛ si kpe ɖe eŋu wònɔ te ɖe kuxia nu dzidzedzetɔe wu.
Dziwòlawo hã ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe vevesese ɖesiaɖe si dziwò dzedze ahe vɛ abe fuɖename, vɔvɔ̃, alo ŋukpe ene nu. Woate ŋu aka ɖe edzi na wò be menye wò vodadae wònye be wodze dziwò o. Woaɖe afɔ aɖewo hã atsɔ akpɔ tawò le etsɔme.
Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu aɖoe be anyo be nàgblɔe na wò nufiala alo sukutatɔwo. Suku siwo le United States dometɔ geɖe tsɔa nya siawo vevie eye wowɔ ɖoɖo aɖewo ɖe alesi woakpɔ gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ ɖe fu na ame gbɔe le sukuviwo dome ŋu.
Nyateƒee, menye sukutatɔwo katãe sea veve ɖe ame nu o. Ƒe 14 vi Earlisha gblɔ be: “Le nye suku la, nufialawo wɔa nu ɣeaɖewoɣi wòvlona wu sukuviawo tɔ. Mànya ameka gbɔe nàbia kpekpeɖeŋu tso o.” Eyata mewɔ nuku o be esi wògblɔ be woɖe fu na ye la, wobu fɔe be nu tena ɖe edzi akpa. Gake Earlisha mena ta o. Eƒo nyɔnuvi ade bubu siwo ŋutsuvi ma ke lé heli asi wo ŋu nu ƒu. Egblɔ be: “Mi ame adee yi hafi sukutatɔa te ŋu se egɔme be nya ŋutɔŋutɔe le dzɔdzɔm.” Mlɔeba ena woxe mɔ ɖe nuwɔna gbegblẽ sia nu.
Trɔ ɖe Mawu ŋu ne wòakpe ɖe ŋuwò. Ne suku me nɔnɔ na nèsena le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi abe dzata ƒe do mee wode wò ene la, ɖo ŋku edzi be Yehowa Mawu kpɔ Daniel ta esi wotsɔe de dzata ƒe do ŋutɔŋutɔ me. (Daniel 6:16-22) Yehowa ate ŋu akpe ɖe wò hã ŋuwò. Esea nyaƒoɖeamenu siwo nèdzea ŋgɔe le suku gɔme. Eye ne nɔnɔmea va sesẽ la, àte ŋu ayɔe be wòakpe ɖe ŋuwò—do ɣli sesĩe ne ehiã! Mègavɔ̃ alo ŋu nakpe wò be woanya be Mawu vavã la subɔlae nènye o. Biblia do ŋugbe na Yehowa subɔla nuteƒewɔlawo be: “Ekpɔa eƒe mawumemewo ƒe luʋɔ ta, eye wòɖea wo tsoa ame vɔ̃ɖiwo si me.”—Psalmo 97:10.
Esia mefia be woaɖe wò nukutɔe o. Ele be nàwɔ nusianu si nàte ŋui atsɔ akpɔ ɖokuiwò ta. Wɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi. Ðɔ ŋu ɖo le wò nuƒoƒo kple awudodo me. Kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie le alesi nèwɔa nu ɖe ŋutsuwo alo nyɔnuwo ŋui me. Ne èwɔe alea la, àwɔ geɖe atsɔ akpɔ ɖokuiwò ta tso fuɖenamewo me.
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Mègagbe nuwɔna gbegblẽwo afã kple afã o; na wò o nanye o!