INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 9/8 axa 18-23
  • Afɔku si Dzɔ Kpata le Japan—Alesi Amewo Nɔ Te Ðe Enui

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Afɔku si Dzɔ Kpata le Japan—Alesi Amewo Nɔ Te Ðe Enui
  • Nyɔ!—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋɔdzi Ŋutɔe Wònye
  • Amesiwo Ku Kloe Kple Nublanuinyawo
  • Nublanuinya Ŋutɔ Ye
  • Ðasefowo Tso Ðe Eŋu Kpla
  • Wowɔ Kpekpeɖeŋu Nana ƒe Ðoɖo
  • Menye Ŋutilã me Kpekpeɖeŋu Koe Wona O
  • Wowɔ Ðoɖo be Woagbugbɔ Xɔwo Atu
  • Ɣeyiɣiawo ƒe Dzesi
  • Ale Si Woɖe Xɔse Kple Lɔlɔ̃ Fia Esi Anyigba Ʋuʋu Le Haiti
    Nyɔ!—2011
  • Anyigbaʋuʋu Gãwo Gale Ŋgɔ
    Nyɔ!—2011
  • Kpekpeɖeŋu Nana Ne Afɔku dzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • “Ale Si Wolɔ̃ Míi La Wɔ Dɔ Ðe Mía Dzi Ŋutɔ”
    Nyɔ!—2017
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1995
g95 9/8 axa 18-23

Afɔku si Dzɔ Kpata le Japan—Alesi Amewo Nɔ Te Ðe Enui

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE JAPAN GBƆ

KOBE nye ʋudzeƒedu kpɔdzidzedze si me ame 1,500,000 le le Japan. Gake le sɛkɔnd 20 me la, anyigbaʋuʋu si ƒe kpekpeme nye 7.2 le Richter ƒe anyigbaʋuʋudzidzenu dzi gbã eƒe akpa geɖe. Egbã aƒe kple xɔ akpe geɖewo alo gblẽ nu le wo ŋu eye ame 300,000 kple vɔ zu aƒemanɔsitɔwo.

Afɔkua dzɔ le January 17, 1995 dzi, ƒe ɖeka tututu esime anyigbaʋuʋu aɖe tugu Northridge, California, U.S.A., hewu ame 61 megbe. Kobe ƒe anyigbaʋuʋua nu sẽ wu ema zi gbɔ zi eve. Ame 5,500 siwo wòwu la na wònye anyigbaʋuʋu si wu ame wu le Japan tso ƒe 1923 me ke, esime anyigbaʋuʋu gã si fanya Tokyo kple Yokohama wu amesiwo ade 143,000.

Ŋɔdzi Ŋutɔe Wònye

Ryuji nɔ nyadzɔdzɔgbalẽ dzram le Kobe Dugã me le ŋdi dziŋɔ ma ƒe ga 5:46 me. Xexeame mekɔ haɖe o. Kasia nane ɖi abe keteke aɖee to dzisasrãmɔ aɖe dzi va yina ene. Mɔdodowo kple xɔwo mli abe ƒutsotsoe ene. Emegbe akaɖiwo katã tsi kplo.

Dzisasrãmɔwo ŋe dze eme eye ʋuwo ge va dze anyi. Ketekemɔwo bi gɔdɔ̃ abe ati ƒuƒui ene, eye ketekewo ge le mɔ dzi. Atixɔ xoxowo kaka eye enumake dziƒoxɔ tuɖedzi evewo va ɖi anyigbaxɔewo. Kobetɔ geɖe ɖi vo tso alɔ̃ me.

Dzo dze aƒewo enumake eye xɔgãxɔgãwo fiã keŋkeŋ. Ðeko dzotsilawo ɖo asi glã le nu kpɔm elabena anyigbaʋuʋua kaka pɔmpiwo katã. Xɔ siwo wobu be woanɔ te ɖe anyigbaʋuʋu nu ŋuti glitotowo nu yi enumake.

Amesiwo Ku Kloe Kple Nublanuinyawo

Yehowa Ðasefo 3,765 siwo le hame 76 me ye le nuto si me anyigba la ʋuʋu le vevie. Le anyigbaʋuʋua ƒe ŋkeke eveagbe ƒe ŋdi me la, wokpɔe be Ðasefo 13 kple ɖetsɔlemetɔ maxɔnyɔnyrɔ̃ 2 ku. (Nyagblɔla 9:11) Ɣemaɣi la, ame 1,812 ye kpovitɔwo gblɔ be woku, gake xexlẽmea va ɖo 5,000 le kwasiɖa ɖeka me. Esi Ðasefoawo wɔ kaba di woƒe hamea me tɔwo ta la, wo dometɔ aɖeke megaku o.

Misao srɔ̃ŋutsu fɔ kaba yi dɔ me. Misao gblɔ be: “Anye gaƒoƒo ɖeka megbe la, xɔa ʋuʋu. Xɔgbakpewo ge va dze axanye. Xɔgbakpe gãtɔ si le xɔa titina ge va dze suɖui si srɔ̃nye ziɔ gaƒoƒo ɖeka pɛ ko va yi la dzi.” Aɖaka gã kple agbalẽti aɖe mu dze wo nɔewo dzi va tsyɔ Misao dzi. Esia kpɔ eta be xɔgbakpeawo meɖii ɖe tome o.

Dadi aɖe si nɔ xɔxlɔ̃m nyɔ ƒe-16-vi Hiromasa si nye sukuvi la tso alɔ̃ me. Esi wònyã dadia ɖe nu do goe la, aƒea ʋuʋu kpekpekpe. Esi wòtrɔ gbɔ la, ekpɔ dadaa le television kple agbalẽti te. Aleke gbegbe eƒe dzi adze eme enye si be dadaa meku o! Hiromasa va xɔ akaɖi le woƒe aƒelika aɖe gbɔ va ɖe dadaa. Nya le ame akpeakpewo si woagblɔ be esusɔ vie ko yewoaku. Gake nublanuinya geɖe dzɔ ɖe Ðasefo bubuwo dzi.

Hiroshi kple Kazu Kaneko ƒe xɔ mu dze wo dzi. Kristo-hamea me tɔwo wɔ kaba yi wo ɖe ge. Ŋdi ga 10:00 me ke hafi wote ŋu ɖe Hiroshi hekplɔe yi kɔdzii. Gake Kazu ya ku esime wohee do goe emegbe.

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe taɖodzinue nɔ Miyoko Teshima si xɔ ƒe 24 eye wòxɔ nyɔnyrɔ̃ ƒe eve koe nye ma la si. Ŋdi ma si anyigbaa ʋuʋu la, edɔ alɔ̃ ɖe eƒe aƒea ƒe tuɖedzi gbãtɔ dzi esime tuɖedzi evelia ŋe va dze anyi. Xɔgbatiawo kple sɔtiawo ŋe dze Miyoko dzi. Dzilaawo kple aƒelikawo dze agbagba be yewoaɖe gli gbagbãawo le edzi, gake womete ŋui o. Dadaa si nye Biblia-nusrɔ̃vi ɖo du ɖe Yehowa Ðasefowo eye wova na kpekpeɖeŋu.

Esi wohe Miyoko doe mlɔeba anye le gaƒoƒo adre megbe la, agbe kpɔtɔ nɔ eme. Kristotɔ hamemegã etɔ̃ ɖɔ li wo nɔewo kpe asi ɖe ɖɔktaa kple dɔnɔdzikpɔla la ŋu wogbɔ ya ɖe Miyoko ƒe dzitodzitowo me, gake etsi eme. Agbagba si Ðasefoawo dze be woaɖee la wɔ dɔ ɖe fofoa si tsi tre ɖe eƒe dzixɔse ŋuti dzi vevie, eye wòlɔ̃ be Ðasefowo naɖii abe alesi nyɔnuvia bia do ŋgɔ ene.

Takao Jinguji si nye Kristotɔ hamemegã kple srɔ̃a kpakple wo vinyɔnu nɔ dziƒoxɔ xoxo aɖe ƒe tuɖedzi gbãtɔ dzi. Egblɔ be: “Esi anyigbaa ʋuʋu la, dzisasrã si nɔ mía tame ŋe dze mía dzi, eye agbalẽti aɖe mu tsyɔ dzinye. Mete ŋu do le ete mlɔeba henɔ agbagba dzem be mado le xɔa me. Kasia gbe aɖe ɖi mese. Ðasefo aɖe si nye míaƒe aƒelikae va nɔ mía dim.”

Esi Takao do ɖe gota mlɔeba la, ekpɔ be dzo nɔ bibim tso aƒe siwo ƒo xlã wo me gbɔna etɔ me. Eyata egata ge ɖe gli gbagbãawo me hedze agbagba vevie be yeahe ye srɔ̃ do goe. Gake etsi megbe akpa. Srɔ̃a Eiko si xɔ ƒe 26 kple vianyɔnuvi Naomi woku. Togbɔ be nusia dzɔ ɖe edzi hã la, eva nɔ asi kpem ɖe eƒe hamea me tɔ bubuwo ŋu. Egblɔ emegbe be: “Naneke meli magawɔ na nye ƒomea o, eyata metrɔ nye susu ɖe ame bubuwo ŋu be makpe ɖe wo ŋu. Nye dzi dze eme esi mekpɔe be míaƒe hamea me tɔ bubuwo tsi agbe.”

Nublanuinya Ŋutɔ Ye

Ame akpe geɖe tsi sukuwo kple duxɔwo me dɔ. Esi ame bubuwo nɔ vɔvɔ̃m be ɖewohĩ anyigba agaʋuʋu vie ta la, wotsi gota alo woƒe ʋuwo me dɔ. Keteke kple ʋu mɔwo gblẽ keŋkeŋ eye ʋu akpeakpewo gbã xe mɔ siwo susɔ woatsɔ kpekpeɖeŋunuwo atoe la dzi. Ame geɖe mekpɔ nu woaɖu o ŋkeke geɖe alo sue aɖe ko wokpɔ. Gake nusi ɖe dzesi wue nye be womese be woda adzo ame aɖeke o, eye ame geɖe mã nuɖuɖu sue si nɔ wo si kple wo nɔewo.

Tɔgbui aɖe si tsyɔ kuntru henɔ avi fam la gblɔ be: “Ðeko wòle abe Xexemeʋa Evelia megbe ene.” Japantɔwo ƒe dukplɔla Tomiichi Murayama tsa kpɔ nusiwo gblẽ eye wògblɔ be: “Nyemekpɔ etɔgbe kpɔ o. Ame aɖeke mebui be enu asẽ alea gbegbe o.”

Ðasefowo Tso Ðe Eŋu Kpla

Esi Keiji Koshiro si nye Kristotɔ hamemegã ɖi tsa yi Kobe-dua me ŋdi ma si anyigbaa ʋuʋu eye wòkpɔ alesi gbegbe nuwo gblẽe la, etrɔ gbɔ va ƒo wo gbɔ hamea me tɔwo nu ƒu be woaɖa nu ayi na hati Kristotɔ siwo ŋu wògblẽ nu le vevie wu. Le fiẽ me la, etsɔ ʋu nɔ nuɖuɖu kple tsi mãm na hame siwo le Kobe-dua ŋutɔ me. Esi ŋu ke la, wotsɔ nuɖuɖu kple tsi geɖe vɛ. Esi ʋuwo yɔ mɔ dzi ta la, Ðasefoawo di dzokeke 16 be woatsɔ kpekpeɖeŋunuawo ayii.

Ame bubu geɖe hã tso kaba be woadi wo nɔvi Kristotɔwo akpe ɖe wo ŋu. Tomoyuki Tsuboi kple hamemegã bubu tsɔ dzokeke tɔ edzi yi Ashiya si tsɔ ɖe Kobe gbɔ si hã gbã vevie la. Esi woɖo Fiaɖuƒe Akpata si le Ashiya-dua me la, wokpɔ be dzikpɔla mɔzɔla Yoshinobu Kumada ɖo kpekpeɖeŋunuwo xɔƒe ɖi xoxo.

Woƒo ka na nɔviwo gblɔ hiahiã la na wo, eye eteƒe medidi o wonɔ nuwo lɔm yii. Ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, ʋu asieke siwo lɔ kuntruwo, nuɖuɖu, kple tsi dze mɔ ɖo ta Ashiya. Wotsɔ kpekpeɖeŋunu siawo yi Fiaɖuƒe Akpata eve me le dua mee, afisi ame abe 40 vaseɖe 50 kpɔ sitsoƒe le. Ame bubuwo dze haxɔsetɔwo ƒeme. Esi ŋu ke la, Ðasefo siwo le du aɖe si tsɔ afima gbɔ me ɖa nu vɛ na ame 800. Nuɖuɖu si wotsɔ vɛ na amesiwo hiã tu la sɔ gbɔ ale gbegbe, eyata Ðasefoawo na ɖe aƒelika siwo hiã kpekpeɖeŋu.

Le afisiwo katã anyigbaa ʋuʋu le la, Yehowa Ðasefowo tso kpla kpe ɖe wo nɔvi xɔsetɔwo ŋu. Nusia wɔ dɔ ɖe eteƒekpɔla geɖe dzi. Kwasiɖa ɖeka le anyigbaʋuʋua megbe la, helikɔptakula aɖe te ɖe Ðasefo aɖe ŋu le Yokohama eye wògblɔ be: “Mede afisi anyigbaa ʋuʋu le gbemagbe henɔ afima kwasiɖa ɖeka. Yehowa Ðasefowo koe wɔ kaba va teƒea. Ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.”

Wowɔ Kpekpeɖeŋu Nana ƒe Ðoɖo

Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Ebina, Japan, ɖo amedɔdɔ ene ɖe Kobe emegbe kpuie be woaɖakpɔ kpekpeɖeŋunadɔa dzi. Amedɔdɔ ɖeka ka nya ta be: “Míelɔ̃ enumake be míadi Fiaɖuƒe Akpata siwo megbã o ne míalɔ kpekpeɖeŋunuawo ade wo me. Míekpɔ akpata ade eye le gaƒoƒo atɔ̃ ko me la, woyɔ kpikpikpi. Wolɔ nunana bubuwo yi Yehowa Ðasefowo ƒe Takpexɔ gã eve siwo tsɔ afima gbɔ me.”

Woɖo teƒe si woatsɔ gakpekpeɖeŋu aɖade gadzraɖoƒe le, eye wogblɔe na Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo katã le Japan. Wodzɔ dɔlar miliɔn ɖeka le ŋkeke etɔ̃ gbãtɔwo me. Womã gaa ɖe teƒeteƒewo enumake be amesiwo le hiã me nazã.

Wona hamewo nya be woate ŋu axɔ nunana siwo wohiã la le kpekpeɖeŋunuxɔƒeawo. Hame ɖesiaɖe ƒe hamemegãwo wɔ ɖoɖo ɖe nuawo mamã na woƒe hamea me tɔ siwo hiã tu ŋu. Womegblẽ Ðasefoawo ƒe ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo ɖi o. Wose Kristotɔ hamemegã aɖe si le du si me anyigbaa ʋuʋu le la fofo​—⁠amesi melɔ̃ Yehowa Ðasefowo tsã o​—⁠nɔ gbɔgblɔm na eƒe ƒometɔ aɖe dadatɔe be: “Vinye ƒe hametɔwo va kpe ɖe mía ŋu!”

Menye Ŋutilã me Kpekpeɖeŋu Koe Wona O

Wowɔ ɖoɖo ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu enumake. Hame aɖe de kpekpe le bɔlƒoƒe aɖe le Braɖagbe, gbesigbe anyigbaa ʋuʋu dzi. Kaka Kwasiɖagbe naɖo la, hame siwo le afisi afɔkua dzɔ le ƒe akpa gãtɔ kpe ta le ƒuƒoƒo suewo alo Fiaɖuƒe Akpata siwo megblẽ tututu o me wɔ woƒe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ si wowɔna edziedzi. Esɔ ŋutɔ be December 1, 1994 ƒe Gbetakpɔxɔ si wosrɔ̃ kwasiɖa ma ƒo nu tso nunɔamesiwo zazã atsɔ “akpe ɖe amesiwo dzi dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔ ɖo ŋu” ƒe mɔnukpɔkpɔa ŋuti. Nyɔnu aɖe si le kpekpea me gblɔ be: “Esiae nye zi gbãtɔ si wòdzɔ be míawoe le kpekpeɖeŋua xɔm. Nye dzi yɔ fũ kple akpedada manyagblɔ aɖe. Ne nɔnɔmea ganyo na mí la, mawɔ tɔnye sinua le kpekpeɖeŋu nana me.”

Dzokekewoe amedɔdɔ siwo tso alɔdzedɔwɔƒea zã hafi de afisiwo nuwo gblẽ le wu. Wo dometɔ ɖeka ka nya ta be: “Míetsi yaa esi míekpɔ nɔviawo nɔ avi fam. Wogblɔna na mí be ‘Menye esi míaƒe nuwo katã gblẽ tae míele avi fam o, ke mi nɔviŋutsu siwo tso keke Ebina ke va mía srã ge kpɔe wɔ dɔ ɖe mía dzi.’ ”

Gaƒoƒo 24 le anyigbaʋuʋua megbe la, Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha si le Brooklyn, New York, U.S.A., kple alɔdzedɔwɔƒe siwo le xexeame ƒe teƒe bubuwo hã gblɔ akɔfanyawo ɖo ɖa. Woxɔ akɔfanya mawo tɔgbe geɖe le ŋkeke siwo kplɔe ɖo dzi. Gbedasi si Wŏnju West Hame si le Republic of Korea, si me tɔ 15 ku le bɔmb ƒe wowó me ƒe evee nye sia la ɖo ɖa to fax dzi koŋue wɔ dɔ ɖe ame dzi wu.a Woŋlɔ tsɔ ƒo etae be: “Mía nɔvi siwo le Kobe ƒe vevesese nye míaƒe vevesese. Taflatse, miɖo ŋku edzi abe alesi wòdzɔ ɖe mía dzi ene be mietsi akogo le xaxawo me o. Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, migana ta o!”

Alɔdzedɔwɔƒea ƒe amedɔdɔwo wɔ ɖoɖo be woayi edzi anɔ alɔ dom wo le gbɔgbɔ me. Le kpɔɖeŋu me, wogaɖo nutome sue dzikpɔla bubuwo ɖe Kobe nutoa me be woanɔ afima vie ade dzi ƒo na wo. Eye ­womia asi Kristotɔ hamemegãwo hã tso Japan ƒe teƒe bubuwo be woava nɔ Kobe kwasiɖa ɖeka alo esi wu ema ɖe wo nɔewo yome be woado ŋusẽ amesiwo nɔ fu kpem la le gbɔgbɔ kple seselelãme gome.

Esi beléle kple dzideƒo siawo tso wo nɔvi xɔsetɔwo gbɔ le xexeame katã ta la, kakaɖedzi nɔ Ðasefo siwo le afisi anyigbaa ʋuʋu le si eye woɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia. Esi Ðasefo aɖe de kpekpe gbãtɔ le anyigbaʋuʋua megbe la, egblɔ be: “Míetsi dzimaɖeɖi vaseɖe etsɔ, elabena teƒe aɖeke meli míayi o. Gake esi míeva afisia eye míese ɖoɖo nyui siwo wowɔ na mí, nunyanyã, tsilele ƒe ɖoɖowo, kple Takpexɔwo zazã abe míaƒe dɔƒewo ene la, ena míaƒe dzi dze eme ŋutɔ. Mawu ƒe habɔbɔe nye sia vavã!”

Nyateƒee, gbɔgbɔmenuwo ŋu bubu vevie kpe ɖe Ðasefoawo ŋu wonɔ te ɖe nɔnɔmea nu. Nyɔnu aɖe si ge ɖe eƒe ƒe 20-awo me teti gblɔ be: “Danye fiam tso esime mexɔ ƒe etɔ̃ ke be maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Hehe si mexɔ tso eya kple Kristo-hamea gbɔ la kpe ɖe ŋu­nye ­menɔ te le nɔnɔme sesẽ sia me.”

Wowɔ Ðoɖo be Woagbugbɔ Xɔwo Atu

Ðasefoawo ƒe aƒe siwo ade 350 gblẽ vevie alo wogbã kura; alafa ɖeka nye woawo ŋutɔ tɔ. Ele be woagatrɔ asi le Ðasefoawo ƒe xɔ bubu siwo wu 630 ŋu vie. Azɔ hã Fiaɖuƒe Akpata ewo gbã ale gbegbe be womegale zazã me o.

Wowɔ ɖoɖo enumake be woagbugbɔ Fiaɖuƒe Akpatawo atu na hame siwo tɔ gbã. Eye Nutome Xɔtuha 11 siwo le Japan dometɔ ɖesiaɖe ƒo ame 21 nu ƒu be woadzra Ðasefoawo ƒe xɔ siwo gbã ɖo.

Ɣeyiɣiawo ƒe Dzesi

Anyigba le ʋuʋum kabakaba wu tsã. Maclean’s magazine de dzesii be: “Anyigbaʋuʋu geɖe dzɔ [le Japan] le ƒe si va yi ɖeɖeko me siwo lolo wu esi ʋuʋu le Kobe.” Ðeka ƒe sesẽ mee nye dzeside 8.1, gake anyiehe gome, afisi amewo mesɔ gbɔ ɖo o ye wòʋuʋu le.

Anyigbaʋuʋu ƒe dzidziɖedzi alea mewɔa nuku na Yehowa Ðasefowo o. Esi anyigbaʋuʋua kaka aƒe si me ƒe-atɔ̃-vi Atsushi nɔ le Kobe megbe la, enɔ tsatsam nɔ gbɔgblɔm be: “Anyigbaʋuʋuwo lava teƒeteƒewo”! (Marko 13:⁠8) Dadaa gbɔe wòsrɔ̃ nyagblɔɖi sia le. Yesu Kristo yɔ anyigbaʋuʋu ɖe “[eƒe] vava la kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesi” dome. Dzesi ma ƒe akpa bubuwoe nye aʋawɔwɔwo, nuɖuɖu ƒe veve, dɔvɔ̃wo, kple ame akpa gãtɔ ƒe lɔlɔ̃ nu ƒe tsitsi.​—⁠Mateo 24:​3-14; Timoteo II, 3:​1-5.

Kpeɖodzi bubu koe Kobe ƒe anyigbaʋuʋua nye be xexe sia ƒe ŋkeke mamleawo mee míele. Dzidzɔtɔe la, enye dzesi si Yesu gblɔ ƒe akpa aɖe si le eme vam fifia si ɖo kpe edzi be eteƒe madidi o xexeme yeye dzɔdzɔe aɖe axɔ ɖe esia teƒe.—Yohanes I, 2:⁠17.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ! April 22, 1993 ƒe axa 25-7.

[Nɔnɔmetatawo si le axa 19]

Gli gbagbã sia mee Takao Jinguji ƒe ƒomea ku ɖo

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Ketekedzeƒe si gbã

[Nɔnɔmetatawo si le axa 20, 21]

Dzisasrãmɔ si ŋe dze eme

[Nɔnɔmetatawo si le axa 22]

Ðasefowo wɔ kpekpeɖeŋunaɖoɖo na fukpelawo enumake

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe