INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 9/8 axa 3-5
  • Aleke Xexeame Nɔ le Ƒe 50 Siwo Va Yi Me?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Xexeame Nɔ le Ƒe 50 Siwo Va Yi Me?
  • Nyɔ!—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Xexemeʋa II ƒe Nugblẽƒewo
  • Churchill Yɔ Amewo ɖe Dɔ Ŋu
  • Ƒe Blaatɔ̃ Siwo me Aʋawɔwɔ Kple Ku Bɔ Ðo
  • Ame Si Le Megbe Na Aʋawɔwɔ Kple Fukpekpe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • ‘Tɔtrɔ Siwo Ðe Dzesi Wu’
    Nyɔ!—1999
  • Aʋawɔwɔ Tsrɔ̃a Ðevi Geɖe
    Nyɔ!—1997
  • Ðe Womate Ŋu Atsi Aʋawɔwɔ Nu Oa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
Nyɔ!—1995
g95 9/8 axa 3-5

Aleke Xexeame Nɔ le Ƒe 50 Siwo Va Yi Me?

ÈTSI aɖo ŋku alesi xexeame nɔ le ƒe 1945 me dzia? Ðeko wodze nuwo ɖɔɖɔɖo gɔme koe nye ma le Xexemeʋa II si dze egɔme le ƒe 1939 me esime Britania kple France ho aʋa ɖe Germania ŋu le esi Nazitɔwo va dze Poland dzi ta la megbe. Ne mètsi aɖo ŋku ema dzi o la, ke èɖo ŋku aʋa si wowɔ le Korea le ƒe 1950 me dzia? Alo aʋa si wowɔ le Vietnam tso ƒe 1950-awo vaseɖe ƒe 1975 me dzia? Alo aʋa si Iraq he vɛ le Kuwait le ƒe 1990 me dzia?

Ðe mewɔ nuku na wò ŋutɔ be ne míelé ŋku ɖe ŋutinya me tso Xexemeʋa II wɔɣi ke la, míakpɔe be wowɔ aʋa geɖe siwo he blanuiléle kple fukpekpe va ame miliɔn geɖe dzi eye wotsrɔ̃ ame miliɔn geɖe bubuwo ƒe agbe oa? Nukae Xexemeʋa II he va amewo dzi ɣemaɣi?

Xexemeʋa II ƒe Nugblẽƒewo

Wowu amesiwo ade miliɔn 50 le Xexemeʋa II me, eye kaka ƒe 1945 naɖo la, sitsoƒedila miliɔn geɖe nɔ tsaglãla tsam le Europa henɔ agbagba dzem be yewoatrɔ ayi yewo de le dugã kple duvi siwo me woda bɔmb ɖo hetsrɔ̃ me eye be woava dze agbenɔnɔ si dome wogblẽ na wo la gɔme. Nyɔnu kple ɖetugbi akpe alafa geɖe nɔ agbagba dzem be yewoaɖe alesi asrafo siwo va dze wo dzi dɔ wo gbɔ sesẽe ƒe nuteɖeamedziwo le susu me, vevietɔ le Russia kple Germania. Wova nɔ nuwo mãm sɔsɔe na amewo le Europa ƒe akpa gãtɔ—nuɖuɖu kple nudodowo ƒe nya va sesẽ. Asrafo akpe alafa geɖe siwo ŋu woɖe asi le le asrafodɔ me nɔ dɔ dim. Ahosi kple tsyɔ̃evi miliɔn geɖe nɔ wo srɔ̃ kple wo dzila siwo ku fam.

Yudatɔwo ganɔ Ame Gbogbowo Tsɔtsrɔ̃ si me wo nɔvi Yudatɔ miliɔn geɖe tsi kple alesi woawɔ agadzi vi siwo anɔ yewo teƒe le etsɔme la ŋu bum. Ame miliɔn geɖe—siwo nye Amerikatɔwo, Britaniatɔwo, Franseawo, Germaniatɔwo, Russiatɔwo, kple dukɔ bubu geɖe me tɔwo—tsi aʋa ma me. Alesi wòanya wɔe be woadzi vi gbogbo siwo si dzɔdzɔmenunana kple ŋutete vovovowo anɔ la bu gbidii le xexemedziɖuɖuwo kple wo dzi ɖulawo ƒe dunyahehe kple asitsatsa dodo ɖe ŋgɔ ta.

Xexemeʋa II gblẽ nu le dukɔ geɖe ŋu ale gbegbe be nu gbãtɔ si ŋu wolé fɔ ɖo wue nye ganyawo ɖɔɖɔɖo. Nuɖuɖu ve ŋutɔ le Europa ƒe geɖe le aʋa la megbe. Togbɔ be Spania mede akpa aɖeke dzi le Xexemeʋa II me o hã la, dukɔmeviʋa si wowɔ le afima (1936-39) kple asiɖoɖo woƒe asitsatsa dzi gblẽ nu le wo ŋu vevie—woganɔ nuɖuɖumãgbalẽwo zãm vaseɖe June ƒe 1952 me ke.

Le Ɣedzeƒe Ʋĩ la, ŋuta si Japan-srafowo sẽ le amewo ŋu ganɔ fukpelawo ƒe susu me le Burma, China, Philippines, kple Ɣedzeƒedukɔ bubuwo me. Togbɔ be United States ɖu aʋa dzi hã la, eƒe asrafo siwo ade 300,000 tsi eme, eye Pacific-nutowo me aʋakpeƒewoe amesiawo ƒe afã kloe ku le. Esi etsɔme yeye dze ŋgɔ dukɔ siwo katã kpɔ gome le aʋa la me ta la, ele be woagbugbɔ ɖoɖo awɔ ɖe woƒe dɔwɔƒewo ŋu atsɔ adze ŋgɔ aʋamegbe ɣeyiɣiwo ƒe gbetɔame yeyewoe. Yɔmekpedɔ, kple nuɖuɖumamã ƒe fli legbewo ɖoɖoe wòhe vɛ na dumevi dzrowo le Japan.

Churchill Yɔ Amewo ɖe Dɔ Ŋu

Dukplɔla Winston Churchill gblɔ le aʋadziɖuɖunuƒo si wòƒo na Britaniatɔwo le Xexemeʋa II ƒe nuwuwu le Europa le May 13, 1945 dzi me be: “Nye didie wònye be magblɔ na mi zã sia be míaƒe dagbadagbawo kple kuxiwo katã wu enu hafi. . . . Ele be mana nyanya mi . . . be nu geɖe gali míawɔ, eye ele be miadzra ɖo ɖe agbagbadzedze geɖe wu ŋu le susu kple ŋutilã me eye miatsɔ mia ɖokui asa vɔe ɖe ɖoɖo aɖewo dodo ɖe ŋgɔ ta.” Enɔ etsɔme kpɔm ɖaa henɔ mɔ kpɔm na Kɔmiunist-dziɖuɖu ƒe takeke esi wògblɔ be: “Fifia ele be míakpɔ egbɔ be . . . míagatɔtɔ gɔmesese si tututu le nya siwo nye ‘ablɔɖe’, ‘amehawo ƒe dziɖuɖu’, kple ‘ɖokuisinɔnɔ’ si míenya le Europa-nyigba dzi la ŋu o.” Azɔ egblɔ nya ʋãme sia tsɔ kpe amewo be: “Miyi ŋgɔ, minɔ te sesĩe maʋãmaʋãe, tamanamanae, vaseɖe esime míawu dɔ bliboa katã nu eye xexeame katã nanɔ dedie ahanɔ dzadzɛ.”—Míawoe te gbe ɖe edzi.

Ƒe Blaatɔ̃ Siwo me Aʋawɔwɔ Kple Ku Bɔ Ðo

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Agbalẽŋlɔlagã Boutros Boutros-Ghali lɔ̃ ɖe edzi le eƒe nuƒo aɖe me le ƒe 1992 me be “tso esime woɖo Dukɔ Ƒoƒuawo anyi le ƒe 1945 me la, aʋawɔwɔ gã 100 kple edzivɔ siwo wowɔ le xexeame katã wu amesiwo ade miliɔn 20.” World Watch magazine yɔ xexlẽmea wòyi ŋgɔ wu hegblɔ be: “Ƒe alafa sia mee ŋutifafa menɔ o wu ɖesiaɖe le ŋutinya me.” Magazine ma ke yɔ numekula aɖe ƒe nya si wògblɔ be “ame geɖe tsi aʋawɔwɔ me le ƒe alafa sia me wu amegbetɔ ƒe ŋutinya siwo va yi katã me tɔ siwo wotsɔ ƒo ƒui. Tso Xexemeʋa II dzi gbɔna mee wowu wo dometɔ siwo ade miliɔn 23 le.”

Gake The Washington Post ka nya ta le akɔntabubu bubu ŋu be: “Tso esime Xexemeʋa II ke la, wowɔ aʋa siwo ade 160 le xexeame katã, siwo me amesiwo wu miliɔn 7 tsi aʋagbedzi le eye wowu ame miliɔn 30 kple edzivɔ siwo menye asrafowo o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wode abi ame aɖewo ŋu, wodɔ amewo gbɔ sesẽe hewɔ ame bubuwo sitsoƒedilawoe.” Ame miliɔn geɖe siwo ŋu wowɔ nu vlo ɖo adãtɔe le xexeame katã le ƒe 50 siwo va yi me ƒe xexlẽme mele esiawo dometɔ aɖeke me o!

Fifia le ƒe 1995 me la, wogale aʋa siwo me wole amewo wum le siwo tso fuléle vevie me la wɔm eye menye asrafo siwo nya be yewoƒe dɔ nye ku ƒe dɔ la ko wowuna o ke wole ame akpe geɖe siwo menye asrafowo o hã wum le Afrika, Balkan-dukɔwo me, le Titinaɣedzeƒe, kple Russia.

Eyata ɖe míate ŋu agblɔ be ‘xexeame katã le dedie hele dzadzɛ’ le ƒe 50 siwo kplɔ ƒe 1945 ɖo mea? Ŋgɔyiyi kawoe ameƒomea wɔ le míaƒe anyigba la wɔwɔ wòazu dedienɔƒe nyui si woanɔ me? Nukae míesrɔ̃ le ƒe 50 me? Ðe amegbetɔ yi ŋgɔ le nusiwo le vevie ŋutɔ me—dzidzenuwo, agbenyuinɔnɔ, agbenɔnɔŋutisewo mea? Nyati eve siwo kplɔe ɖo aɖo biabia siawo ŋu. Nyati enelia adzro etsɔme mɔkpɔkpɔ si li na mí amesiwo katã le míaƒe xexeame katã ƒe aƒea me la me.

[Aɖaka si le axa 4]

Xexemeʋa II Megbe ƒe Ŋkuɖodzinuwo

Englandtɔ aɖe si le eƒe ƒe 60-awo me fifia la gblɔ be: “Television menɔ míaƒe aƒeme le ƒe 1940-awo ƒe nuwuwu o. Radio koŋ ye wɔ dɔ ɖe mía dzi. Esi menɔ suku dem ta la, agbalẽxexlẽ kple sukudɔdasiwo wɔwɔe xɔ nye susu me. Meva kpɔa sinima anye zi ɖeka le ɣleti ɖeka me. Medoa gasɔ agbadroƒe geɖe va kpɔa bɔlƒoha si melɔ̃ wu ƒe bɔlƒoƒo le Memleɖagbewo. Ƒome ʋee aɖewo ko sie ʋu alo telefon nɔ. Abe ame miliɔn geɖe siwo nɔ Britania ke ene la, tsileƒe si nye xɔ ɖeka menɔ mía si o. Afɔdzixɔa nɔ gota, eye dzodoƒe si hã nye tsileƒe lae tsilegba nɔ. Le aʋaŋɔlia la, nuɖuɖu ƒuƒuiwo ŋue míenɔ agbe ɖo—kokloziwɔ, notsiwɔ, kple yevutewɔ. Ɣeyiɣi aɖewo me koe míekpɔa atikutsetsewo abe aŋuti kple akɔɖu ene ɖuna. Ne wotsɔ ɖewo va amagbewo kple atikutsetsewo dzraƒe si le mía gbɔ la, ele be amesiame naƒu du ava ɖo fli be wòaxɔ etɔ. Nyɔnu geɖe wɔ dɔ le aʋawɔnuwɔƒewo. Amesiwo nɔ agbe ɣemaɣi menya alesi gbegbe nuwo ava trɔe o—televisionwo, videowo, kɔmpiutawo, mɔ̃ɖaŋununya, fax ƒe kadodomɔnuwo, yamenutomeyiyi, kple domenyiŋusẽŋununya.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe