August
Fiɖa, August 1
Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ, ke Yehowa ɖenɛ le wo katã me.—Ps. 34:19.
De dzesi nu vevi eve siwo dze le egbe ƒe mawunyakpukpuia me: (1) Ame dzɔdzɔewo kpea fu. (2) Yehowa ɖea mí tso nɔnɔme sesẽwo me. Aleke wòwɔa esiae? Mɔ ɖekae nye be ekpena ɖe mía ŋu be míada asɔ le ale si míebua nuwo ŋui le agbe me ŋu. Togbɔ be Yehowa do ŋugbe na mí be míakpɔ dzidzɔ le ye subɔsubɔ me hãa, megblɔ na mí be míanɔ agbe kuxi aɖeke manɔmee o. (Yes. 66:14) Ke boŋ ede dzi ƒo na mí be míaƒe susu nanɔ ŋugbe si yedo na mí be míava se vivi le etsɔmea ŋu. (2 Kor. 4:16-18) Eya ta ele kpekpem ɖe mía ŋu be míayi edzi asubɔe gbe sia gbe. (Kony. 3:22-24) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema kple esiwo li egbea ƒe kpɔɖeŋuwo me? Kuxi siwo míele mɔ kpɔm na o ate ŋu ava mía dzi. Gake ne míeku ɖe Yehowa ŋua, magblẽ mí ɖi akpɔ o.—Ps. 55:22. w23.04 14-15 ¶3-4
Memleɖa, August 2
Ame sia ame nebɔbɔ eɖokui ɖe ŋusẽtɔwo te.—Rom. 13:1.
Togbɔ be nɔnɔmea mede Yosef kple Maria dzi o hãa, woɖo to ŋusẽtɔwo eye míawo hã míate ŋu asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋua. (Luka 2:1-6) Ɣleti asieke ƒe fu nɔ Maria ƒo esime dziɖuɖua bia tso dukɔmeviwo si be woawɔ nane si ate ŋu asesẽ na Maria kple Yosef. Roma Fiagã Augusto de se be dukɔa me viwo nayi wo de ava ŋlɔ ŋkɔ, eya ta ahiã be Yosef kple Maria nazɔ mɔ kilometa 150 ato tonutowo me ayi ɖe Betlehem. Esia manɔ bɔbɔe na Maria kura o. Wo ame evea woanya tsi dzi ɖe vi si le dɔme nɛa ƒe dedienɔnɔ ŋu vevie. Ke ne fua va le eɖum le mɔa dzi ɖe? Esi wònye Mesia si ŋugbe wodoe nye ema le dɔme nɛ taa, ɖe woatsɔ ema ado taflatsɛ agbe dziɖuɖua ƒe sea dzi wɔwɔa? Togbɔ be Yosef kple Maria anya tsi dzi ɖe nanewo ŋu hãa, wometsɔ esia do taflatsɛ gbe sea dzi wɔwɔ o. Yehowa yra wo le esi woɖo to ta. Wova ɖo Betlehem dedie, Maria dzi vi si le lãmesẽ me eye esia na Biblia me nyagblɔɖi aɖe va eme!—Mika 5:2. w23.10 8 ¶9; 9 ¶11-12
Kwasiɖa, August 3
[Mina] míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo.—Heb. 10:25.
Ðe nèvɔ̃na be yeaɖo nya ŋu le kpekpeawo mea? Ne nenemaea, ke aɖe vi na wò ne èdzra ɖo nyuie. (Lod. 21:5) Ne èsrɔ̃ nu si me miava dzro le kpekpea eye nèse egɔme nyuiea, anɔ bɔbɔe na wò be nàɖo nya ŋu. Azɔ hã ehiã be nàna wò nyaŋuɖoɖoa nanɔ kpuie. (Lod. 15:23; 17:27) Ne nya si nàgblɔ le kpuiea, màtsi dzimaɖi fũu o. Ne èɖo nya ŋu kpuie le wò ŋutɔ wò nyagbewo mea, àɖee afia be yedzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu nyuie eye yese egɔme. Ke ne èwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo mawo dzi, gake nègavɔ̃na kokoko, eye zi ɖeka eve aɖewo koe nèɖoa nya ŋu ya ɖe? Ka ɖe edzi be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe agbagba siwo nèdzena be yeawɔ ye tɔ sinua ŋu. (Luka 21:1-4) Yehowa mebia tso asiwò be nàwɔ nu si gbɔ wò ŋutete ŋu o. (Flp. 4:5) De dzesi nu si nàte ŋu awɔ, ɖoe wò taɖodzinu be yeawɔe, eye nàdo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàɖe dzi ɖi awɔe. Gbãa, àte ŋu aɖoe wò taɖodzinu be yeaɖo nya ŋu zi ɖeka le kpekpea me eye yeana wòanɔ kpuie. w23.04 21 ¶6-8
Dzoɖa, August 4
[Mido] . . . akɔtakpoxɔnu la, eye [miɖɔ] . . . gakuku la.—1 Tes. 5:8.
Apostolo Paulo tsɔ mí sɔ kple asrafo siwo le klalo na aʋawɔwɔ. Ehiã be asrafo nanɔ dzadzraɖoɖi ɣesiaɣi na aʋawɔwɔ. Nenema kee wòle le míawo hã gome egbea. Míenɔa dzadzraɖoɖi na Yehowa ƒe ŋkekea ne míeyi edzi do xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe akɔtakpoxɔnu la eye míeɖɔ mɔkpɔkpɔ ƒe gakuku la. Ale si akɔtakpoxɔnu kpɔa asrafo ƒe dzi taa, nenema kee xɔse kple lɔlɔ̃ kpɔa míaƒe kpɔɖeŋudzia ta. Woakpe ɖe mía ŋu míayi edzi asubɔ Yehowa eye míadze Yesu yome. Xɔse nana míekana ɖe edzi be Yehowa nyea teƒeɖola na ame siwo dinɛ vevie tso dzi blibo me. (Heb. 11:6) Akpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nuteƒe na míaƒe Kplɔla Yesu, ne esia wɔwɔ ana míakpe fu gɔ̃ hã. Yehowa subɔla siwo yi edzi wɔ nuteƒe le yometiti kple nɔnɔme sesẽ bubuwo me ƒe ŋutinyawo xexlẽ ado ŋusẽ míaƒe xɔse ale be míate ŋu ado dzi. Azɔ hã míate ŋu asrɔ̃ ame siwo nɔ agbe tsɛ eye wotsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ ƒe kpɔɖeŋu eye esia akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na ga kple ŋutilãmenuwo lɔlɔ̃. w23.06 10 ¶8-9
Braɖa, August 5
Ame si le ŋku lém ɖe alilikpowo ŋu la maŋe nu o.—Nyagb. 11:4.
Ðokuidziɖuɖu nye ŋutete si le ame si be wòaɖu eƒe seselelãme kple nuwɔna dzi. Míehiã na ɖokuidziɖuɖu be míate ŋu aɖo míaƒe taɖodzinuwo gbɔ, vevietɔ ne taɖodzinua gbɔ ɖoɖo sesẽ alo didia mele mía me be míawɔe o. Ðo ŋku edzi be ɖokuidziɖuɖu nye gbɔgbɔa ƒe kutsetse ƒe akpa aɖe, eya ta bia Yehowa be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea wò be nàtu nɔnɔme vevi sia ɖo. (Luka 11:13; Gal. 5:22, 23) Mègalala be nɔnɔmeawo nasɔ nyuie hafi nàɖe afɔ o. Nɔnɔmeawo masɔ na mí nyuie abe ale si míedii ene le xexe sia me o. Eya ta ne míele lalam be nɔnɔmeawo nasɔ nyuiea, ke míele míaƒe taɖodzinua gbɔ ɖo ge o. Ne míeɖo taɖodzinu si gbɔ ɖoɖo sesẽ na mí akpaa, ate ŋu awɔe be didia manɔ mía me be míaɖo egbɔ o. Ne aleae wòle le gowòmea, ɖe nàte ŋu aɖo taɖodzinu suesuesue siwo ana wòanɔ bɔbɔe na wò be nàɖo wò taɖodzinua gbɔa? Ne wò taɖodzinue nye be yeatu Kristotɔwo ƒe nɔnɔme aɖe ɖoa, ɖe manyo be nàdze egɔme anɔ eɖem fia vivivi oa? Ne wò taɖodzinue nye be yeaxlẽ Biblia bliboa, àte ŋu adze exexlẽ gɔme vivivi. w23.05 29 ¶11-13
Kuɖa, August 6
Ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli si nɔa kɔkɔm ɖe edzi va se ɖe esime ŋu kena keŋ ene.—Lod. 4:18.
Edze ƒãa be le ŋkeke mamlɛ siawo mea, Yehowa le eƒe habɔbɔa zãm tsɔ le Biblia me mɔfiamewo nam mí katã be míayi edzi azɔ ‘Kɔkɔenyenye ƒe Mɔa’ dzi. (Yes. 35:8; 48:17; 60:17) Míate ŋu agblɔ be ne ame aɖe lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli yea, ke mɔnukpɔkpɔ asu esi be wòava zɔ ‘Kɔkɔenyenye ƒe Mɔa’ dzi. Ame aɖewo dzea mɔa dzi zɔzɔ, gake wova dea megbe. Ame bubuwo ya ɖoe kplikpaa be yewoazɔ edzi va se ɖe esime yewoɖo afi si yim yewole. Ke afi ka yim wole? ‘Kɔkɔenyenye ƒe Mɔa’ akplɔ ame siwo si dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔa lea ayi “Mawu ƒe paradisoa me” le dziƒo. (Nyaɖ. 2:7) Eye wòakplɔ ame siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa lea ayi ƒe 1,000 dziɖuɖua ƒe nuwuwu, esime ame sia ame ade blibo. Eya ta ne èle mɔ gã sia dzi zɔm egbea, mègakpɔ megbe o, eye mègadzudzɔ mɔ sia dzi zɔzɔ o va se ɖe esime nàɖo aƒe! w23.05 17 ¶15; 19 ¶16-18
Yawoɖa, August 7
Míelɔ̃a ame, elabena Mawu tre mí lɔlɔ̃.—1 Yoh. 4:19.
Ne ède ŋugble le nu siwo katã Yehowa wɔ na wò ŋua, àdi godoo be yeatsɔ ye ɖokui aɖe adzɔgbe nɛ. (Ps. 116:12-14) Biblia gblɔ tso Yehowa ŋu be enye “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã” nala. (Yak. 1:17) Eƒe nunana si ƒo wo katã tae nye Via, Yesu si wòtsɔ na ɖe mía ta. Bu eŋu kpɔ! Tafea wɔe be wò kple Yehowa dome ate ŋu ava nɔ kplikplikpli. Eye ena mɔnukpɔkpɔa ʋu ɖi na wò be nàva nɔ agbe tegbee. (1 Yoh. 4:9, 10) Eya ta ne ètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Yehowa la, afia be èkpɔ ŋudzedze ɖe lɔlɔ̃ gãtɔ si wòɖe fia wò tsɔ kpe ɖe yayra gbogbo siwo su asiwò la ŋu.—5 Mose 16:17; 2 Kor. 5:15. w24.03 5 ¶8
Fiɖa, August 8
Ame si ƒe mɔwo le dzɔdzɔe la vɔ̃a Yehowa.—Lod. 14:2.
Ale si gbegbe agbe nyui nɔnɔ yi toe le xexea me egbea nana míesena le mía ɖokui me abe ame dzɔdzɔe Lot ene. “Sedzimawɔlawo ƒe ŋukpenanuwɔwɔ dzimesesẽtɔe ɖe fu na [Lot] vevie,” elabe enyae be mía Fofo si le dziƒo lé fu nuwɔna gbegblẽwo. (2 Pet. 2:7, 8) Esi Lot vɔ̃a Mawu eye wòlɔ̃e taa, elé fu eŋɔlimetɔwo ƒe nuwɔna gbegblẽ mawo. Míawo hã míele ame siwo menɔa agbe ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo nu o eye wometsɔa ɖeke le eme oa dome egbea. Togbɔ be ele alea hã, ne míelɔ̃ Mawu eye míevɔ̃nɛa, míate ŋu ayi edzi anɔ agbe nyui. Yehowa na woŋlɔ mɔfiame kple dzideƒonyawo na mí le Lododowo ƒe agbalẽa me be wòakpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ agbe nyui. Aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le Lododowo ƒe agbalẽa me ate ŋu aɖe vi na Kristotɔwo katã—ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa. Ne míevɔ̃a Yehowa la, ke míakpɔ nyuie be míagade ha kple ame siwo wɔa nu gbegblẽwo o. w23.06 20 ¶1-2; 21 ¶5
Memleɖa, August 9
Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme la, negbe nu le eɖokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe fuwɔameti la gbe sia gbe, eye wòadze yonyeme.—Luka 9:23.
Ðewohĩ wò ƒometɔwo le yowòme tim, alo ètsɔ nanewo sa vɔ ale be nàte ŋu atsɔ Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔ. (Mat. 6:33) Ne nenemae la, ke ka ɖe edzi be Yehowa dea dzesi wò nuteƒewɔwɔ. (Heb. 6:10) Ðewohĩ Yesu ƒe nya siawo le eme vam na wò gɔ̃ hã xoxo; egblɔ be: “Ame sia ame si gblẽ aƒe alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo dada alo fofo alo viwo alo agblewo ɖi le nye kple nya nyuia ta la, akpɔ aƒewo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, dadawo, viwo kple agblewo teƒe alafa ɖeka fifia le ɣeyiɣi sia me hekpe ɖe yometitiwo ŋu, eye le nuɖoanyi si gbɔna me la, akpɔ agbe mavɔ.” (Marko 10:29, 30) Nyateƒee, yayra siwo kpɔm nèle la sɔ gbɔ wu nu sia nu si nètsɔ sa vɔe.—Ps. 37:4. w24.03 9 ¶5
Kwasiɖa, August 10
Xɔlɔ̃ vavã lɔ̃a ame ɣeawokatãɣi eye ame nɔvi wònye wodzi ɖe xaxagbe ŋu.—Lod. 17:17.
Esi nɔvi siwo le Antiokia le Siria se be dɔ to le Yudea, woɖoe be “yewoaɖo kpekpeɖeŋununana, ale si wo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋui, ɖe nɔvi siwo le Yudea.” (Dɔw. 11:27-30) Togbɔ be afi si dɔa to le didi hãa, nɔvi siwo le Antiokia ɖoe kplikpaa be yewoakpe ɖe yewo nɔvi siwo le afi maa ŋu. (1 Yoh. 3:17, 18) Egbea hãa, ne afɔku dzɔ ɖe mía nɔviwo dzia, ele be míaƒe dɔme natrɔ ɖe wo ŋu eye míaɖe afɔ enumake atsɔ akpe ɖe wo ŋu. Míate ŋu awɔ esia ne míetsɔ mía ɖokui na faa kpe asi ɖe kpekpeɖeŋunadɔwo ŋu, ne míedzɔ nu tsɔ do alɔ xexea me katã ƒe dɔa, alo míedo gbe ɖa ɖe ame siwo dzi afɔkua dzɔ ɖo la ta. Ahiã be míakpe ɖe mía nɔviwo ŋu be woate ŋu akpɔ woƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo gbɔ. Ne míaƒe Fia, Kristo Yesu, va be yeadrɔ̃ ʋɔnu amewoa, neva eme be wòakpɔ mí be míenye ame siwo ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu eye wòakpe mí be ‘míanyi Fiaɖuƒea’ ƒe dome.—Mat. 25:34-40. w23.07 4 ¶9-10; 6 ¶12
Dzoɖa, August 11
Amewo katã nanyae be nugɔmeselawo mienye.—Flp. 4:5.
Yesu hã sea nu gɔme na ame. Esrɔ̃ nɔnɔme vevi sia tso Yehowa gbɔ. Yehowa dɔe ɖe anyigba dzi be wòaɖe gbeƒã na “Israel ƒe aƒe la me tɔ siwo nye alẽ búbuwo.” Ale si Yesu wɔ dɔae la ɖee fia be esea nu gɔme. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka nyɔnu aɖe si menye Israel-vi o, va ɖe kuku na Yesu be wòada dɔ na ye vinyɔnu si “gbɔgbɔ vɔ̃wo le fu ɖem na vevie.” Yesu se veve ɖe enu eye wòda dɔ na ɖevia. (Mat. 15:21-28) Bu Yesu ƒe kpɔɖeŋu sia hã ŋu kpɔ. Le eƒe subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedzea, egblɔ be: “Ame si gbe nu le gbɔnye . . . la, nye hã magbe nu le egbɔ.” (Mat. 10:33) Gake esi Petro gbe nu le Yesu gbɔ zi etɔ̃ sɔ̃ŋ la, ɖe Yesu gbe nu le egbɔa? Ao. Yesu nyae be nuteƒewɔlae Petro nye; enyae hã be ese veve ɖe nu si wòwɔ ta. Esi wofɔ Yesu ɖe tsitrea, eɖe eɖokui fia Petro. Anɔ eme be Yesu ka ɖe edzi nɛ le gaƒoƒo ma me be yetsɔe kee eye yegakpɔtɔ lɔ̃e. (Luka 24:33, 34) Yehowa Mawu kple Yesu Kristo siaa sea nu gɔme. Ke míawo ya ɖe? Yehowa di be míawo hã míase nu gɔme. w23.07 21 ¶6-7
Braɖa, August 12
Ku maganɔ anyi akpɔ o.—Nyaɖ. 21:4.
Aleke míakpe ɖe amewo ŋu woawo hã woaka ɖe edzi be Paradiso si ŋugbe Mawu doa ava eme nyateƒe? Gbãa, ele be míanya be Yehowa ŋutɔe do ŋugbea. Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gblɔ be: “Ame si bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi la gblɔ be: ‘Kpɔ ɖa! Mele nuwo katã wɔm yeyee.’” Nunya kple ŋusẽ le esi eye wòdi hã be yeana yeƒe ŋugbedodoa nava eme. Evelia, Yehowa ka ɖe eƒe ŋugbedodoa dzi ale gbegbe be le egbɔa, ɖeko wòle abe eva eme xoxo ene. Etɔ dzɔ be wòagblɔ be: “Nya siawo nye nyateƒenyawo kple nya vavãwo. . . . Wova eme!” Etɔ̃lia, ne Yehowa dze nane gɔmea, ewɔnɛ wua enu godoo. Esia tae wògblɔ be: “Nyee nye Alfa kple Omega.” (Nyaɖ. 21:6) Yehowa ɖee fia be Satana nye alakpatɔ eye mate ŋu axe mɔ na yeƒe tameɖoɖowo me vava o. Eya ta ne ame aɖe gblɔ be, “Nya siawo nya se ya, gake nyemeka ɖe edzi be woava eme oa,” xlẽ kpukpui 5 kple 6 lia, nàɖe eme nɛ. Na wòakpɔ ale si Yehowa ɖo kpe eƒe ŋugbedodoa dzi abe ɖe wòde asi ete ene.—Yes. 65:16. w23.11 7 ¶18-19
Kuɖa, August 13
Mana nàzu dukɔ gã aɖe.—1 Mose 12:2.
Yehowa do ŋugbe sia na Abraham esime wòxɔ ƒe 75 gake vi menɔ esi o. Ðe Abraham kpɔ eteƒe ŋugbedodo ma va emea? Ao, mekpɔ eteƒe bliboe o. Esi Abraham tso Frat-tɔsisia eye wòlala ƒe 25 la, wodzi Isak. Ema megbea, ƒe 60 sɔŋ va yi hafi wodzi tɔgbuiayɔviwo Esau kple Yakob. (Heb. 6:15) Gake Abraham mekpɔ eteƒe eƒe dzidzimeviwo va zu dukɔ gã eye wonyi Ŋugbedodonyigbaa dome o. Togbɔ be enɔ alea hãa, ŋutsu nuteƒewɔla sia kple Yehowa dome nɔ kplikplikpli. (Yak. 2:23) Kpɔ ale si gbegbe dzi adzɔ Abraham ne wofɔe ɖe tsitre eye wòva nyae be yeƒe xɔse kple dzigbɔɖi wɔe be Yehowa yra dukɔwo katãe ɖa! (1 Mose 22:18) Nufiame kae le eme na mí? Ðewohĩ mímakpɔ eteƒe Yehowa ƒe ŋugbedodowo katã nava eme ya o. Gake ne míesrɔ̃ Abraham eye míegbɔ dzi ɖia, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aɖo eteƒe na mí fifia, eye wòagaɖo eteƒe na mí geɖe wu le xexe yeye si ŋugbe wòdoa me.—Marko 10:29, 30. w23.08 24 ¶14
Yawoɖa, August 14
Ɣeyiɣi siwo me wòdi Yehowa la, Mawu vavã la na nu dze edzi nɛ.—2 Kron. 26:5.
Le Fia Uziya ƒe ɖevimea, ebɔbɔ eɖokui. Esrɔ̃ ‘ale si wòavɔ̃ Mawu vavã la.’ Eye Yehowa yrae le nu geɖe me le ƒe 68 siwo wònɔ agbe la me. (2 Kron. 26:1-4) Uziya ɖu dukɔa ƒe futɔ geɖewo dzi eye wòwɔ nu geɖe tsɔ kpɔ Yerusalem dua ta. (2 Kron. 26:6-15) Ðikeke mele eme o be ekpɔ dzidzɔ ɖe nu siwo katã Mawu kpe ɖe eŋu wòte ŋu wɔa ŋu. (Nyagb. 3:12, 13) Esi Uziya nye fia taa, eyae ɖea gbe na amewo. Ðe esia na wòsusui be yeate ŋu awɔ nu sia nu si dze ye ŋua? Gbe ɖekaa, Uziya ge ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔa me eye wòtee kpɔ dadatɔe be yeado dzudzɔ ʋeʋĩ le vɔsamlekpuia dzi na Yehowa, evɔ womeɖe mɔ na fiawo be woawɔ nu ma o. (2 Kron. 26:16-18) Nunɔlagã Azariya dze agbagba be yeaxlɔ̃ nui, gake Uziya do dziku vevie. Nublanuitɔea, Uziya meyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa o, eye Yehowa he to nɛ. (2 Kron. 26:19-21) Ne ɖe Uziya yi edzi ɖo to Yehowa, anye ne nuwo meyi nɛ nenema o! w23.09 10 ¶9-10
Fiɖa, August 15
[Eɖe] eɖokui ɖe vovo le vɔvɔ̃ na aʋatsotsotɔwo ta.—Gal. 2:12.
Esi wosi ami na Petro gɔ̃ hãa, egahiã be wòawɔ avu kple eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kokoko. Le ƒe 36 K.Ŋ. mea, Yehowa Mawu dɔ Petro ɖe Kornelio, ame si menye Yudatɔ o gbɔ. Afi mae Yehowa tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na Kornelio le tsɔ ɖo kpe edzi be “Mawu mekpɔa ame ŋkume o,” eye be ame siwo menye Yudatɔwo o hã ate ŋu ava nye Kristotɔwo. (Dɔw. 10:34, 44, 45) Le ema megbea, Petro lɔ̃na faa ɖua nu kple Dukɔwo me tɔwo. Ne tsãe wònyea, malɔ̃ awɔ nu ma gbeɖe o. Gake Yudatɔ siwo va zu Kristotɔwo dometɔ aɖewo kpɔe be mesɔ be Yudatɔwo kple Dukɔwo me tɔwo nanɔ anyi ɖekae aɖu nu o. Esi Yudatɔ Kristotɔ siwo bua nuwo ŋu nenema va Antiokia la, Petro dzudzɔ nuɖuɖu kple Dukɔwo me tɔ siwo va zu Kristotɔwo, ɖewohĩ le esi wònɔ vɔvɔ̃m be yeava dze agɔ le Yudatɔ Kristotɔ mawo dzi ta. Esi apostolo Paulo kpɔ Petro ƒe alakpanuwɔwɔ maa, egbe nya nɛ le amewo katã ŋkume. (Gal. 2:13, 14) Togbɔ be Petro gakli nu alea hãa, mena ta o. w23.09 22 ¶8
Memleɖa, August 16
Ana mianɔ te sesĩe.—1 Pet. 5:10.
Ame ɖokui me dzodzro anukwaretɔe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàde dzesi gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖewo, gake dzi megaɖe le ƒowò o. Elabena “Aƒetɔ la ƒe dɔme nyo,” eye akpe ɖe ŋuwò. (1 Pet. 2:3) Apostolo Petro ka ɖe edzi na mí be: “Mawu, . . . ŋutɔ ana miawu miaƒe hehexɔxɔa nu. Ana miali ke.” Petro se le eɖokui me kpɔ be yemedze ate ɖe Mawu ƒe Vi la ŋu o. (Luka 5:8) Gake Yehowa kple Yesu kpe ɖe Petro ŋu lɔlɔ̃tɔe wòte ŋu yi edzi nɔ Yesu ŋu hewɔ nuteƒe nɛ. Esia wɔe be Yehowa na mɔnukpɔkpɔ Petro be “[wòayi] ɖe mía Aƒetɔ kple Ðela Yesu Kristo ƒe Fiaɖuƒe mavɔ la me.” (2 Pet. 1:11) Teƒeɖoɖo gã ka gbegbee nye esi! Ne èsrɔ̃ Petro ƒe kpɔɖeŋua eye nèɖe mɔ Yehowa na hehe wòa, aɖo eteƒe na wò hã; ana nànɔ agbe tegbee. Ekema àɖo “xɔse ƒe taɖodzinu si nye . . . ɖeɖekpɔkpɔ la gbɔ.”—1 Pet. 1:9. w23.09 31 ¶16-17
Kwasiɖa, August 17
Mide ta agu na Ame si wɔ dziƒo kple anyigba.—Nyaɖ. 14:7.
Xɔxɔnu ɖekae nɔ avɔgbadɔa ŋu le blema, si nye gbadzaƒe aɖe si ŋu wotɔ kpɔ ɖo eye afi mae nunɔlawo wɔa dɔ vovovowo le. Nu siwo le xɔxɔnuawoe nye numevɔsamlekpui gã la kple akɔblize si me tsi le, si nunɔlawo zãna tsɔ klɔa wo ɖokui ŋu hafi wɔa woƒe subɔsubɔdɔwo. (2 Mose 30:17-20; 40:6-8) Egbea, ele be Kristo nɔvi amesiaminawo nayi edzi asubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe le gbɔgbɔmegbedoxɔ si le anyigba dzi la ƒe xɔxɔnu emetɔ la me. Akɔblize si me tsi lea ɖoa ŋku edzi na amesiaminawo kple Kristotɔwo katã be ele vevie be woayi edzi anɔ dzadzɛ le agbenɔnɔ kple mawusubɔsubɔ me. Gbedoxɔa ƒe akpa kae “ameha gã” la subɔna le? Apostolo Yohanes kpɔ wo wole “tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ,” afi si le tsitre ɖi na xɔxɔnu gotatɔ le anyigba dzi. Afi mae ‘wole subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔm na Mawu le zã kple keli le eƒe gbedoxɔa me.’ (Nyaɖ. 7:9, 13-15) Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na mí be míele subɔsubɔm le Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la me! w23.10 28 ¶15-16
Dzoɖa, August 18
Le Mawu ƒe ŋugbedodo ta la, . . . esẽ ŋu le xɔse me.—Rom. 4:20.
Yehowa toa hamemetsitsiwo dzi doa ŋusẽ mí. (Yes. 32:1, 2) Ne nane wɔe be nètsi dzimaɖia, gblɔe na hamemetsitsiwo. Lɔ̃ faa woakpe ɖe ŋuwò eye nàwɔ ɖe woƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi. Elabe Yehowa ate ŋu ato wo dzi ana nàsẽ ŋu. Biblia ƒe ŋugbedodo si nye be míanɔ agbe tegbee le anyigba dzi le Paradiso me alo le Dziƒofiaɖuƒea me la, ate ŋu ado ŋusẽ mí. (Rom. 4:3, 18, 19) Míaƒe mɔkpɔkpɔa doa ŋusẽ mí míedoa dzi le xaxawo me, míeɖea gbeƒã nya nyuia, eye míetea ŋu wɔa dɔ vovovowo le hamea me. (1 Tes. 1:3) Mɔkpɔkpɔ ma kee do ŋusẽ apostolo Paulo. Egblɔ be: “Womimi mí ɖo,” “míetɔtɔ,” “wotia mía yome,” eye “woxlã mí ɖe anyi.” Ɣeaɖewoɣia, eƒe agbe gɔ̃ hã ɖo afɔku me. (2 Kor. 4:8-10) Paulo tsɔ susu ɖo eƒe mɔkpɔkpɔa ŋu eye esia do ŋusẽe wòte ŋu do dzi. (2 Kor. 4:16-18) Paulo kpɔ ŋgɔ tẽe, eƒe susu nɔ dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ si nɔ esi la dzi. Esi Paulo dea ŋugble le eƒe mɔkpɔkpɔa ŋu taa, ‘ŋusẽ yeye ɖoa eŋu gbe sia gbe.’ w23.10 15-16 ¶14-17
Braɖa, August 19
Yehowa ana ŋusẽ eƒe dukɔ la. Yehowa atsɔ ŋutifafa ayra eƒe dukɔ la.—Ps. 29:11.
Ne èle gbe dom ɖa la, bu eŋu kpɔ be, ‘Ðe ɣeyiɣia sɔ be Yehowa nawɔ nu si biam mele nama?’ Míawo ya míedina be woaɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu na mí enumake. Gake le nyateƒe mea, Yehowae nya ɣeyiɣi nyuitɔ si dzi wòakpe ɖe mía ŋu. (1 Pet. 5:6, 7) Ne Yehowa meɖo míaƒe gbedodoɖa aɖe ŋu enumake oa, ɖewohĩ míasusu be ke ɖe medi be yeawɔ nu si míebia na mí o. Gake ate ŋu anye be ɖe wòle gbɔgblɔm be ‘Menye ɣeyiɣi nyuitɔe nye ema o.’ Le kpɔɖeŋu me, nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe do gbe ɖa na Yehowa be wòana yeahaya. Gake mehaya o. Ne Yehowa da dɔ nɛ nukutɔea, Satana ate ŋu atso enu be esi Yehowa da dɔ nɛ ta koe wòle esubɔm ɖo. (Hiob 1:9-11; 2:4) Azɔ hã, Yehowa ɖo ɣeyiɣi si dzi wòaɖe dɔlélewo katã ɖa. (Yes. 33:24; Nyaɖ. 21:3, 4) Hafi ɣemaɣi naɖoa, mele be míakpɔ mɔ be Yehowa nada dɔ na mí nukutɔe o. Eya ta nɔviŋutsua ate ŋu ado gbe ɖa abia be Yehowa nado ŋusẽ ye yeado dzi le yeƒe nɔnɔmea me eye wòana yeƒe susu me nadze akɔ anyi be yeayi edzi awɔ nuteƒe. w23.11 24 ¶13
Kuɖa, August 20
Mewɔa nu ɖe mía ŋu ɖe míaƒe nu vɔ̃wo nu o, eye meɖoa eteƒe na mí ɖe míaƒe vodadawo nu o.—Ps. 103:10.
Togbɔ be Samson da vo gã aɖe hãa, mena ta o. Ewɔ mɔnukpɔkpɔ si ʋu ɖi nɛa ŋu dɔ wɔ dɔ si Yehowa de esi, si nye be wòatsrɔ̃ Filistitɔwo. (Ʋɔn. 16:28-30) Samson ɖe kuku na Yehowa vevie be: “Na mabia hlɔ̃ Filistitɔwo.” Mawu vavã la ɖo Samson ƒe gbedodoɖaa ŋu eye wòna ŋusẽ tɔxɛa gaɖo eŋu. Esia wɔe be Filistitɔ siwo Samson wu gbe ma gbea sɔ gbɔ wu esiwo katã wòwu kpɔ. Vodada si Samson wɔ na wòto nɔnɔme sesẽ geɖe me, gake ema mena wòdzudzɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ o. Eya ta ne míeda vo eye woɖɔ mí ɖo alo subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖe ge le mía si hãa, mele be míana ta o. Ðo ŋku edzi be Yehowa le klalo be yeatsɔ ake. (Ps. 103:8, 9) Togbɔ be míedaa vo ɣeaɖewoɣi hãa, Yehowa ate ŋu ado ŋusẽ mí míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu, abe ale si wòdo ŋusẽ Samson ene. w23.09 6 ¶15-16
Yawoɖa, August 21
Dzidodo . . . hea ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu vanɛ; ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu hã hea mɔkpɔkpɔ vanɛ.—Rom. 5:4.
Ne èdo dzi la, Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò. Esia mefia be edzɔa dzi na Yehowa ne èle xaxawo alo kuxiwo me tom o. Ke boŋ ekpɔa dzidzɔ ɖe ŋuwò, le esi nèdo dzi nuteƒewɔwɔtɔe ta. Ðe esia mede dzi ƒo ŋutɔ oa? (Ps. 5:12) Ðo ŋku edzi be Abraham to xaxawo me, eye esi wòyi edzi do dzi wɔ nuteƒea, Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. Yehowa yɔe be ye xɔlɔ̃ eye wòbui ame dzɔdzɔe. (1 Mose 15:6; Rom. 4:13, 22) Ate ŋu anɔ alea na míawo hã. Menye dɔ si gbegbe míewɔna alo afi si míele subɔsubɔm le ye ana míaƒe nu nadze Mawu ŋu o. Ke boŋ ekpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu le esi míedoa dzi nuteƒewɔwɔtɔe ta. Mí katã míate ŋu ado dzi, metsɔ le ƒe si míexɔ, nɔnɔme si me tom míele alo ŋutete si le mía si me o. Ðe nèle dzi dom nuteƒewɔwɔtɔe le nɔnɔme sesẽ aɖe me fifia? Ne nenemae la, wò dzi nedze eme elabe wò dzidodoa na wò nu dzea Mawu ŋu. Esia nyanya ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔse eye wòana míaƒe mɔkpɔkpɔa me nagasẽ ɖe edzi. w23.12 11 ¶13-14
Fiɖa, August 22
[Wɔ] ŋutsu.—1 Fia. 2:2.
Ele be nɔviŋutsu ɖekakpui nasrɔ̃ ale si wòaƒo nu na ame kple ale si wòaɖo to nyuie ne ame aɖe le nu ƒom. Toɖoɖo nyuie ana wòase amewo ƒe susuwo kple seselelãmewo gɔme nyuie. (Lod. 20:5) Anyo be wòasrɔ̃ ale si wòade dzesi nu suesuesuewo abe amea ƒe gbe, ale si wòɖo moe kple ale si wòle nu wɔmee. Esiawo ana wòanya ale si amea le sesem le eɖokui me. Nya lae nye be, ne èle ha dem kple amewo ko hafi nàte ŋu asrɔ̃ nu siawo. Gake ne elɛktrɔnikmɔ̃wo zãza atsɔ aɖo text alo email ɖe amewoe ma wòa, ke dzeɖoɖo kple amewo ŋkume kple ŋkume ate ŋu asesẽ na wò. Eya ta dze agbagba nànɔ dze ɖom kple amewo ŋkume kple ŋkume. (2 Yoh. 12) Ele hã be ŋutsu Kristotɔ nate ŋu akpɔ eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea dzi. (1 Tim. 5:8) Enyo be nàsrɔ̃ dɔ aɖe si akpe ɖe ŋuwò be dɔwɔɖui nanɔ asiwò. (Dɔw. 18:2, 3; 20:34; Ef. 4:28) Srɔ̃ ale si nàlé fɔ ɖe dɔ ŋu awɔe awu enu, ke menye be nàwɔe wòatsi mɔ ta o. Esia ana ŋkɔ nyui nanɔ ŋuwò. Ate ŋu awɔe hã be nàkpɔ dɔ eye dɔa mage le asiwò bɔbɔe o. w23.12 27 ¶12-13
Memleɖa, August 23
Yehowa ƒe ŋkeke la gbɔna abe ale si tututu fiafitɔ vana le zã me ene.—1 Tes. 5:2.
Ne Biblia zã nya “Yehowa ƒe ŋkeke” la, ekuna ɖe ɣeyiɣi si wòadrɔ̃ ʋɔnu eƒe futɔwo eye wòaxɔ na eƒe amewo ŋu. Le blemaa, Yehowa drɔ̃ ʋɔnu dukɔ aɖewo eye wòhe to na wo. (Yes. 13:1, 6; Eze. 13:5; Zef. 1:8) “Yehowa ƒe ŋkeke” si gbɔna adze egɔme ne dukɔwo dze Babilon Gã la dzi eye wòawu enu le Armagedon-ʋaa me. Be míatsi agbea, ele be míadzra ɖo fifia. Menye ɖeko Yesu gblɔ be míadzra ɖo ɖe “xaxa gã” la ŋu o, ke egblɔ hã be ‘míanɔ dzadzraɖoɖi.’ (Mat. 24:21; Luka 12:40) Le agbalẽ gbãtɔ si Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ na Kristotɔ siwo le Tesalonika mea, ewɔ kpɔɖeŋu vovovowo tsɔ kpe ɖe wo ŋu be woanɔ dzadzraɖoɖi na Yehowa ƒe ŋkeke gã la. Paulo nya be Yehowa ƒe ŋkekea mava ɣemaɣi o. (2 Tes. 2:1-3) Ke hã, ede dzi ƒo na nɔviawo be woadzra ɖo ɖe ŋkeke ma ŋu abe ɖe ŋkekea gbɔna le ŋufɔke ene. Míawo hã míate ŋu awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi egbea. w23.06 8 ¶1-2
Kwasiɖa, August 24
Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋamaʋã.—1 Kor. 15:58.
Le ƒe 1978 mea, wotu dziƒoxɔ tuɖedzi 60 sɔŋ le Tokyo le Japan. Esi wònye be anyigba ʋuʋuna le dugã ma me enuenu taa, amewo bia wo ɖokuiwo be ɖe wòanya wɔ be xɔ ma nanɔ te ɖe anyigbaʋuʋu mawo nu hã. Nu kae xɔtulawo wɔ be xɔa nate ŋu anɔ te ɖe anyigbaʋuʋu nu? Wotui wòsẽ, gake wogatrɔ asi le eŋu hã be wòate ŋu aviã vie ayi ɖusi alo miame ne anyigba le ʋuʋum, gake mamu o. Míate ŋu atsɔ Kristotɔwo asɔ kple dziƒoxɔ kɔkɔ ma. Le mɔ ka nu? Ehiã be Kristotɔ nanɔ te sesĩe eye wòate ŋu atrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu ne eva hiã. Ehiã be wòatɔ afɔ to sesĩe eye wòaɖoe kplikpaa awɔ ɖe Yehowa ƒe sewo kple nudidiwo dzi. “Elɔ̃na faa ɖoa to” eye menaa ta o. Ehiã hã be wòanye “nugɔmesela” alo wòate ŋu atrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu ne ebia nenema. (Yak. 3:17) Kristotɔ si tea ŋu wɔa nu siawo la dana sɔna le mɔ sia nu be, menɔa kpaɖii akpa alo ɖea mɔ ɖe nu sia nu ko ŋu o. w23.07 14 ¶1-2
Dzoɖa, August 25
Togbɔ be miekpɔe kpɔ o hã la, mielɔ̃e.—1 Pet. 1:8.
Satana Abosam te Yesu kpɔ enuenu eye wògblɔ nɛ tẽe gɔ̃ hã be wòade ta agu na ye. Gake Yesu ɖu tetekpɔ mawo katã dzi. (Mat. 4:1-11) Satana ɖoe kplikpaa be yeana Yesu nawɔ nu vɔ̃ ale be wòagadze axe tafea o. Le Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa mea, eto nɔnɔme sesẽ bubuwo hã me. Eƒe futɔwo ti eyome vevie eye wodze agbagba be yewoawui. (Luka 4:28, 29; 13:31) Ehiã be wòanɔ te ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu. (Marko 9:33, 34) Esi wokplɔe yi ʋɔnua, wowɔ fui eye woɖu fewu le eŋu. Eyome wohee ɖe ati ŋu abe nu vlo wɔla ene eye wòse veve helĩhelĩ ʋuu hafi ku. (Heb. 12:1-3) Ehiã be Yesu nato dodokpɔ mamlɛtɔ sia me Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ manɔmee. (Mat. 27:46) Edze ƒãa be menye nu vi mee Yesu to hafi xe tafea o. Ne míede ŋugble le ale si Yesu lɔ̃ faa tsɔ eɖokui sa vɔ ɖe mía ta ŋua, ɖe esia menana míegalɔ̃nɛ ɖe edzi oa? w24.01 10-11 ¶7-9
Braɖa, August 26
Ame sia ame si tsia klokloklo la, hiã atui.—Lod. 21:5.
Ne míegbɔa dzi ɖia, mía kple amewo dome anɔ nyuie. Dzigbɔɖi kpena ɖe mía ŋu míeɖoa to nyuie ne ame bubuwo le nu ƒom. (Yak. 1:19) Ewɔnɛ hã be ŋutifafa nɔa mía kpli wo dome. Ne míegbɔa dzi ɖia, awɔe be mímatsɔ dzitsitsi awɔ nu alo agblɔ nya veamewo ne nu te ɖe mía dzi o. Awɔe be mímado dziku ne ame aɖe wɔ nu wòve mí o. Akpe ɖe mía ŋu hã be míawɔ wɔɖenui o, ke boŋ ‘míayi edzi ado dzi anɔ anyi kple mía nɔewo, eye míatsɔ anɔ mía nɔewo kem faa.’ (Kol. 3:12, 13) Ne míegbɔa dzi ɖia, míatsɔ dzitsitsi atso nya me o, ke boŋ míadi ɣeyiɣi aku nu me nyuie ada nuwo kpɔ hafi atso nya me eye esia awɔe be míatso nya me nyuie. Le kpɔɖeŋu me, ne míele dɔ dimaa, dzitsitsi ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe be míalɔ̃ axɔ dɔ gbãtɔ si míekpɔ. Gake ne míegbɔa dzi ɖia, míade ŋugble le ale si wòakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe ƒomea kple ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome dzi. Ne míegbɔa dzi ɖia, ate ŋu awɔe be míatso nya me si agblẽ nu le mía ŋu o. w23.08 22 ¶8-9
Kuɖa, August 27
Mekpɔ se bubu aɖe le menye, si le aʋa wɔm kple se si le nye susu me, eye wòléam aboyoe yina na nu vɔ̃ ƒe se si le nye ŋutilã me.—Rom. 7:23.
Ne dzi ɖe le ƒowò le esi nèle avu wɔm kple wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta eye nèbu adzɔgbe si nèɖe na Yehowa ŋu la, esia ana nàgaɖoe kplikpaa be yeaɖu yeƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi. Le mɔ ka nu? Ne èɖe adzɔgbe na Yehowa la, ke efia be ègbe nu le ɖokuiwò gbɔe nye ema. Esia fia be nàwɔ nu siwo adze Yehowa ŋu, ke menye nu siwo adze wò ŋutɔ ŋuwò o. (Mat. 16:24) Eya ta ne èle nɔnɔme sesẽ aɖe me tom alo tetekpɔ aɖe va dziwò la, menye ɣemaɣie nàva nɔ nu si wòle be nàwɔ ŋu bum o. Elabe ènya nu si nàwɔ xoxo; eyae nye be nàwɔ nuteƒe na Yehowa. Àɖoe kplikpaa awɔ nu si dze Yehowa ŋu. Eye àwɔ nu abe Hiob ene. Esi wònɔ nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã la, egblɔ kɔtɛ be: “Nyemaɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ŋu . . . o!”—Hiob 27:5. w24.03 9 ¶6-7
Yawoɖa, August 28
Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ, ɛ̃, ɖe ame siwo katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ.—Ps. 145:18.
Yehowa si nye ‘lɔlɔ̃ ƒe Mawu la’ li kpli mí! (2 Kor. 13:11) Etsɔ ɖe le eme na mía dometɔ ɖe sia ɖe. Míeka ɖe edzi be ‘eƒe amenuveve ƒo xlã mí.’ (Ps. 32:10) Ne míedea ŋugble le ale si wòɖea lɔlɔ̃ fia mí ŋua, ana míakpɔe be eléa be na mí eye míate ɖe eŋu. Míate ŋu ado gbe ɖa nɛ faa agblɔ ale si gbegbe míehiã eƒe lɔlɔ̃a nɛ. Míate ŋu agblɔ míaƒe dzimaɖitsitsiwo katã nɛ, elabe míeka ɖe edzi be ase nu gɔme na mí eye edi vevie be yeakpe ɖe mía ŋu. (Ps. 145:19) Ale si ko le vuvɔŋɔli míetena ɖe dzo ŋu be wòaɖo lãme na mí la, nenema kee Yehowa ƒe lɔlɔ̃ dea agbe mía me eye wòtena mí ɖe eyama ŋu. Nyateƒee wònye be Yehowa ƒe lɔlɔ̃ de to, efaa akɔ na ame eye wònana ame ƒe dzi dzea eme. Ðe medzɔa dzi na wò be Yehowa lɔ̃ wò oa? Esi Yehowa lɔ̃ mí alea gbegbe taa, mina míawo hã míawɔ nu abe hakpalaa ene esi wògblɔ be: “Melɔ̃a Yehowa”!—Ps. 116:1. w24.01 31 ¶19-20
Fiɖa, August 29
Mena wonya wò ŋkɔ la.—Yoh. 17:26.
Menye Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa ɖeɖe koe Yesu na amewo nya o. Yudatɔ siwo Yesu fia nui la nya Mawu ƒe ŋkɔa xoxo. Eya ta Yesu “ɖe ame si wònye la [hã] fia” wo. (Yoh. 1:17, 18) Le kpɔɖeŋu me, Hebri Ŋɔŋlɔawo gblɔ be Yehowa nye nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula. (2 Mose 34:5-7) Yesu na nyateƒenya sia me gakɔ nyuie esi wògblɔ vi nudomegblẽlaa ƒe ŋutinyaa na wo. Yesu gblɔ be esi vifofoa kpɔ via si trɔ dzi me “wòle mɔ dzi ʋĩi gbɔna la,” eƒu du yi ɖawɔ atuu nɛ eye wòtsɔ nu si wòwɔa kee faa. Esia na míese ale si gbegbe Yehowa nye nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula la gɔme nyuie. (Luka 15:11-32) Nyateƒee, Yesu ɖe ame si tututu Fofoa nyea fia. w24.02 10 ¶8-9
Memleɖa, August 30
Míato akɔfafa si míekpɔ tso Mawu gbɔ la dzi afa akɔ na [amewo].—2 Kor. 1:4.
Yehowa faa akɔ na ame siwo dzi nu te ɖo eye wònana woƒe dzi dzea eme. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ase veve ɖe amewo nu eye míafa akɔ na wo? Mɔ ɖekae nye be míatu nɔnɔme siwo ana wòanɔ bɔbɔe na mí be míase veve ɖe amewo nu ahafa akɔ na woa ɖo. Nɔnɔme mawo dometɔ aɖewoe nye kawo? Nu kae míate ŋu awɔ be lɔlɔ̃ si le mía si la nu nagatsi o eye ‘míayi edzi anɔ akɔ fam na mía nɔewo’ gbe sia gbe? (1 Tes. 4:18) Eyae nye be míatu nɔnɔme nyuiwo abe nɔvilɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo ene ɖo. (Kol. 3:12; 1 Pet. 3:8) Aleke esia wɔwɔ aɖe vi na mí? Ne míetu nɔnɔme mawo ɖo eye míesea veve ɖe amewo nu tso dzi me kea, míadi vevie be míafa akɔ na ame siwo le xaxawo me tom. Esia tae Yesu gblɔ be: “Nya si wu dzi lae nu gblɔna. Ame nyui ɖea nu nyuiwo ɖe go tso eƒe nu nyui dzraɖoƒe.” (Mat. 12:34, 35) Vavãe, ne míaƒe dzi ʋã mí míefa akɔ na mía nɔvi Kristotɔwo le nɔnɔme sesẽwo mea, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo nyateƒe. w23.11 10 ¶10-11
Kwasiɖa, August 31
Ame siwo si gɔmesese deto le la ase egɔme.—Dan. 12:10.
Be míate ŋu ase Biblia me nyagblɔɖiwo gɔmea, ahiã be woakpe ɖe mía ŋu. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Tsɔe be èle mɔ zɔm yina teƒe aɖe si mènya o, gake xɔ̃wò aɖe si le mɔa zɔm kpli wò ya nya teƒea nyuie. Enya afi si tututu mieɖo kple afi si mɔ vovovoawo ɖo tae. Ðikeke mele eme o be dzi adzɔ wò ŋutɔ be xɔ̃wòa lɔ̃ faa be yeayi kpli wò! Yehowa le abe xɔ̃wò ma ene; enya ɣeyiɣi si me míele kple nu siwo ava dzɔ le etsɔmea nyuie. Eya ta be míate ŋu ase Biblia me nyagblɔɖiwo gɔmea, ehiã be míabia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu ɖokuibɔbɔtɔe. (Dan. 2:28; 2 Pet. 1:19, 20) Abe ale si dzila nyui ɖe sia ɖe dina enea, Yehowa di be ye viwo nakpɔ dzidzɔ eye etsɔme nanyo na wo. (Yer. 29:11) Ŋutete mele amegbetɔwo si be woagblɔ etsɔme ɖi o, gake Yehowa ya ate ŋu agblɔ etsɔme ɖi wòava eme pɛpɛpɛ. Yehowa na woŋlɔ nyagblɔɖiwo ɖe eƒe Nyaa me ale be míanya nu ɖedzesi siwo gbɔna dzɔdzɔ ge hafi woava dzɔ.—Yes. 46:10. w23.08 8 ¶3-4