INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/93 axa 5
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Alesi Nàwɔ Numekukui
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Aleke Nèɖoa Aɖaŋui?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Telefon Dzi Ðaseɖiɖi Siwo Kpɔa Dzidzedze
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2001
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 1/93 axa 5

Nyabiaɖaka

◼ Ðe wòle be míaƒo ka na Habɔbɔa be woaɖo Biblia me nyabiabiawo ŋu na mí alo woaɖo aɖaŋu na mía?

Ame geɖe zãa telefon hena nuwo wɔwɔ kaba, gake zi geɖe la elɔa nu geɖe wu nuwo ƒe tsɔtsɔ ɖe eme. Enye nusi wobɔna wɔna le xexeame be wotsɔa nusi anyo na ame ɖokui ɖoa nɔƒe gbãtɔ; amewo medina be yewoaʋli yewo ɖokui o.

Aleke esia heto vovo tso Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo gbɔe nye si! Ede dzi ƒo na mí be míadi sidzedze abe kesinɔnu ɣaɣla ene, esi fia be míalɔ̃ faa aʋli mía ɖokui. Nuteƒekpɔkpɔ ɖee fia be ema wɔwɔ hea dzidzeme si nɔa anyi ɣeyiɣi didi wu vɛ.—Lod. 2:1-4.

Agbagbadzedze ma tɔgbe sɔ ne biabia aɖe fɔ ɖe te esime míele dzadzram ɖo be míakpɔ gome le kpekpewo me alo ne kuxi aɖe le fu ɖem na mía ŋutɔwo. Le esi teƒe be míatsɔ telefon ko abia Habɔbɔa la, aɖe vi na mí ne mía ŋutɔwo míeku nu me le Biblia kple míaƒe agbalẽwo me, vevietɔ le Watch Tower Publications Index si me Ŋɔŋlɔawo kple nyawo diƒe veviawo le la me.

Ne ‘míedi kesinɔnu si le tome’ alea vɔ gake míehiã na kpekpeɖeŋu kokoko la, míate ŋu ate ɖe mía gbɔ hamemegãwo ŋu. Biblia me sidzedze geɖe kple nyawo didi ƒe nuteƒekpɔkpɔ geɖe le hamemegãwo si. Woƒe kpekpeɖeŋu si da sɔ la asɔ vevietɔ ne míehiã na aɖaŋuɖoɖo ku ɖe mía ŋutɔwo míaƒe kuxi alo nyametsotso aɖe ŋu, elabena wole mía kple míaƒe nɔnɔmea gbɔ tututu.—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 8:30, 31.

Ne egadze abe ɖe numeɖeɖe bubu gahiã kokoko tso Habɔbɔa gbɔ tẽ ene la, zi geɖe la lɛta ɖoɖo ɖa nyo wu. (Kpɔ February 1975 kmEW ƒe Nyabiaɖaka hã.) Hamemegãwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu le esia ŋɔŋlɔ me. Lɛta ma tɔgbe ana ɣeyiɣi be ŋuɖoɖoa nanɔ te ɖe numekuku alo ŋugbledede si sɔ dzi; zi geɖe la esia menya wɔna ne woƒo ka o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe