-
Subɔsubɔkpekpewo Hena JanuaryFiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996 | January
-
-
Subɔsubɔkpekpewo Hena January
Kwasiɖa si Dze Egɔme January 1
Hadzidzi 133
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo.
15 min: “Kpe Ðe Ƒomewo Ŋu Woakpɔ Dzidzedze.” Dzro nyati veviwo me, eye nàna woawɔ wɔwɔfia ɖeka alo eve.
20 min: Ametakpɔkpɔ si Le “Advance Medical Directive/Release Card” la ŋu. Hamemegã nadzro alesi wòle vevie be amesiame nakpe “Advance Medical Directive/Release” gbalẽvia ɖo ahatsɔe ɖe ŋui ɣeawokatãɣi kpakple alesi wòhiã be Dzesidegbalẽvia (“Identity Card”) nanɔ ɖeviwo ŋu ɣesiaɣii la me kple hamea. Abe alesi agbalẽvia ƒe ŋkɔ fia ene la, enaa dɔdamɔnu si nyo na ame (alo esi menyo na ame o) la ŋuti nyatakakawo do ŋgɔ. Nukatae wowɔnɛ ƒe sia ƒe? Agbalẽvi si do yeye dzi anya xɔ ase wu esi wokpɔ be edo xoxo alo esi dzi nyaawo meganye nusi dzi ame xɔ se o. Agbalẽa aƒo nu ɖe nuwò ne wò ŋutɔ màgate ŋu aƒo nu o. Woamã agbalẽviawo fiẽ sia. Míatsɔ beléle akpe wo ɖoe le aƒeme gake míagade asi wo te o. Abe alesi míewɔe le ƒe eve siwo va yi me ene la, míawɔ asi dede ete kple eŋuti ɖasefo ɖuɖu le Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒewo, eye nusɔsrɔ̃dzikpɔlawo nakpɔ edzi. Ðaseɖila siwo ade asi ete nakpɔ agbalẽviatɔ ƒe asi dede ete teƒe ŋutɔŋutɔ. Míawɔe le January 15 ƒe kwasiɖa ƒe agbalẽ me nusɔsrɔ̃ wɔwɔ vɔ megbe. (Kpɔ January 1994 ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 2 lia hena ewɔwɔ ŋuti numeɖeɖewo. Kpɔ November 2 lia, 1991 ƒe lɛta hã.) Gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ̃wo katã ate ŋu akpe “Advance Medical Directive/Release” ƒe agbalẽvia ɖo. Gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ̃wo ate ŋu atrɔ asi le agbalẽvia dzi nyawo ŋu wòasɔ ɖe woƒe nɔnɔmewo kple dzixɔsewo nu ale be woaŋlɔ woawo ŋutɔwo ƒe mɔfiamenanyawo. Dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo vi maxɔnyɔnyrɔ̃wo ŋu woakpe Dzesidegbalẽvia ɖo.
Hadzidzi 138 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme January 8
Hadzidzi 28
7 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. Gblɔ kafukafunya siwo dze ku ɖe gakpekpeɖeŋu si wona hena miagbɔ kple xexeame katã ƒe nyanyuigbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ta.
20 min: “Kristotɔwo ƒe Nukpɔsusu le Kunuwɔwɔ Ŋu ƒe Amesinɔnɔ.” Hamemegã natsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emedegbalẽvia ƒe memamã 1-14 me.
18 min: “Mizu Nyadziwɔlawo—Menye Nyaselawo Ko O.” Nyabiabiawo kple ŋuɖoɖowo. Le alesi ɣeyiɣia aɖe mɔe nu la, dzro toɖoɖo ƒe vevienyenye si wotu ɖe Insight-gbalẽa, Babla 2, axa 521, memamã 1 kple 2 lia dzi me.
Hadzidzi 70 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme January 15
Hadzidzi 77
7 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro amesiwo menɔa aƒeme o ƒe kuxia si le dzidzim ɖe edzi me kpuie. De dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woaƒle ɣeyiɣia to alesi woado ŋgɔ ate ɖe amesiwo anɔ eme tsom, esiwo tɔ ɖe mɔ to, alo bɔbɔ nɔ ʋu me la ŋu.
20 min: “Kristotɔwo ƒe Nukpɔsusu le Kunuwɔwɔ Ŋu ƒe Amesinɔnɔ.” Tsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo dzro emedegbalẽvia ƒe memamã 15-28 mee. Te gbe ɖe xexeame nuwɔnawo tsitsri dzi.
18 min: “Tɔtrɔyi be Míaɖe Ame Aɖewo.” Dzro ewɔwɔmɔnu siwo ŋu ɖaŋu woɖo la me. De dzi ƒo be woaɖo taɖodzinu be woadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo gɔme.
Hadzidzi 156 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme January 22
Hadzidzi 200
5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.
20 min: “Kpɔ Viɖe tso Ƒe 1996 Teokrasi Subɔsubɔ Sukua Me—Akpa 1.” Sukudzikpɔla ƒe nuƒo. Dzro aɖaŋu siwo woɖo le sukuviwo ƒe dɔdasiwo ŋu le Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ŋuti Mɔfiamewo si dze le October 1995 ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me la me.
20 min: “Ƒo Nu Kple Dzideƒo.” Nuƒo kple numedzodzro si hamemegã nawɔ. Dzro miaƒe Kwasiɖagbe subɔsubɔdɔ ŋuti ɖoɖowo me. Kafu wo le woƒe asikpekpeɖeŋu nyuie ta, eye nàɖo aɖaŋu le afisiwo ɖɔɖɔɖo hiã le ŋu.
Hadzidzi 92 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme January 29
Hadzidzi 126
15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro “Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye” me.
15 min: Miaƒe nuhiahiãwo alo nuƒo si wotu ɖe nyati si nye “Ameka ƒe Vodadae?” si le February 1, 1995 Gbetakpɔxɔ ƒe axa 26-9 dzi.
15 min: Na Ƒomegbenɔnɔ-gbalẽa le February Me. Na gbeƒãɖela siwo te ŋu na agbalẽa alo dze nusɔsrɔ̃ gɔme le eme le January me la nagblɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo. Dzro nya siwo ŋudɔ woate ŋu awɔ atsɔ agbalẽa ana trewo, sɔhɛwo, alo dzilawo la me. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòaxɔ agbalẽa ɖewo hena kwasiɖanuwuwu sia ƒe subɔsubɔdɔwɔwɔ.
Hadzidzi 143 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
-
-
Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi YeyeFiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996 | January
-
-
Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
1 Tso February 1996 me la, nutome sue takpekpewo ƒe tanya anye “Ðo To eye Nàsrɔ̃ Alesi Nàwɔ Mawu ƒe Nya Dzi.” Tanya sia si wotu ɖe Mose V, 31:12, 13 dzi la nye esi sɔ be woanɔ te ɖe edzi le ɖoɖowɔɖi bliboa me atsɔ ate gbe ɖe nusiwo wòle be míasrɔ̃ ahatsɔ awɔ dɔe la dzi.
2 Togbɔ be ame akpa gãtɔ ɖoa to beblegbɔgbɔwo egbea hã la, ele vevie na mía dometɔ ɖesiaɖe be míase Mawu ƒe Nya ahasrɔ̃ alesi míawɔ edzii. (Luka 11:28; Tim. I, 4:1) Esia ta la, wotrɔ asi le nutome sue takpekpea ƒe ɖoɖowɔɖia ŋu be wòade dzi ƒo na gbeƒãɖelawo, ƒomewo, hamemegãwo, kple mɔɖelawo eye wòakpe ɖe wo ŋu. Woaƒo nuƒo kpui ene siwo kplɔ wo nɔewo ɖo la le Memleɖagbe siwo ƒe tanyae nye “Tenɔnɔ Ðe Míaƒe Kuxiwo Nu—To Mawu ƒe Nya Sese Me.” Woaƒo nuƒo kpui siwo kplɔ wo nɔewo ɖo la le Kwasiɖagbe siwo ƒe tanyae nye “Alesi Ŋɔŋlɔawo Naa Amehehe le Dzɔdzɔenyenye Me.” Takpekpea katã ana gbɔgbɔmetutuɖo si mele be wòato mia kple wò ƒomea ŋu o.
3 Le Memleɖa kple Kwasiɖagbe siaa la, woaɖo aɖaŋu siwo wɔa dɔ ku ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔa ŋu eye woawɔ wo ŋuti wɔwɔfiawo hã. Nuteƒekpɔkpɔ kple gbebiame siwo dea dzi ƒo hefiaa nu ame la hã anɔ anyi. Eyata wò anyinɔnɔ kple toɖoɖo kple susu be yeatsɔ nusi yeasrɔ̃ la ade dɔwɔwɔ me la ana nàsu te nyuie wu le Mawu ƒe Nyaa me sededewo dzi wɔwɔ bliboe me.
4 Nusiwo aɖe dzesi wu le nutome sue takpekpea me dometɔ ɖekae nye nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu yeye siwo ɖe adzɔgbe la ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ. Ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na woƒe adzɔgbeɖeɖe sia wɔwɔfia le gaglãgbe la, ele be nyɔnyrɔ̃xɔlaawo nagblɔ woƒe didi be yewoaxɔ nyɔnyrɔ̃ la na dzikpɔla zimenɔla ale be wòate ŋu awɔ ɖoɖo be hamemegãwo nakpe kpli wo.
5 Nutome sue takpekpe siawo ƒe dutoƒonuƒoa ƒe tanyae nye “Nukatae Nàna Biblia Nafia Mɔ Wò?” Kpe ɖetsɔlemetɔwo be woayi. Esi nèle mɔ kpɔm vevie na dzideƒo kple kpekpeɖeŋu si hiã mia kple wò ƒomea vevie si miaxɔ la, wɔ ɖoɖo si sɔ be nànɔ anyi le nuƒoawo katã ƒoɣi.
-