INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/97 axa 2
  • Ŋkuɖodzia—Wɔna aɖe si Le Vevie Ŋutɔ!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkuɖodzia—Wɔna aɖe si Le Vevie Ŋutɔ!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Yrana Ðe Agbagba Siwo Míedzena Be Míade Ŋkuɖodzia Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Nu Si Tae Míedea Ŋkuɖodzia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Kpekpe Ðe Amesiwo Katã Ðe Ðetsɔleme Fia la Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • “Minɔ Esia Wɔm” Míaɖu Ŋkuɖodzia Le April 5 Lia Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
km 2/97 axa 2

Ŋkuɖodzia—Wɔna aɖe si Le Vevie Ŋutɔ!

1 Míaɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le Kwasiɖagbe, March 23, le ɣeɖoto megbe. (Luka 22:19) Wɔna vevi ŋutɔ aɖee wònye vavã! Yesu wɔ nuteƒe na Yehowa vaseɖe ku me tsɔ ɖo kpe edzi be amegbetɔ ate ŋu ayi edzi alé mawusosroɖa deblibo me ɖe asi le xaxa sesẽ gɔ̃ hã me, eye wòwɔ esia tsɔ de Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi be edze. (Heb. 5:8) Gakpe ɖe eŋu la, Kristo ƒe ku na wokpɔ amegbetɔ deblibo ƒe vɔsa si hiã be woatsɔ axe tafe ɖe ameƒomea ta, si ʋu mɔ ɖi be amesiwo xɔe se la nanɔ agbe tegbetegbe. (Yoh. 3:16) Ne míeyi Ŋkuɖodzia ɖuƒe la, ke míeɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple Yesu ƒe vɔsa ŋu fia.

2 Míele dzi dem ƒo na amesiame be wòawɔ ɖe Biblia-xexlẽ ƒe ɖoɖo si wowɔ na March 18-23 la dzi, abe alesi wode dzesii ɖe 1997 Calendar of Jehovah’s Witnesses dzi ene. Azɔ ne ƒomea dzro agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ƒe ta 112-16 me la, akpe ɖe mía ŋu be míaƒe susu nanɔ kwasiɖa vevitɔ kekeake si le ameƒomea ƒe ŋutinya me la dzi.

3 Ðe nàte ŋu adzi ɣeyiɣi si nèzãna le gbeadzisubɔsubɔdɔ me ɖe edzi le Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣia mea? Gbeƒãɖela geɖe awɔ kwasiɖanuwuwu atɔ̃ siwo le March me la ŋudɔ bliboe azu kpekpeɖeŋu mɔɖelawo. Nukatae mànɔ wo dome o? Mí katã míate ŋu akpɔ gome le gbetete ɖe Ŋkuɖodzia ɖuƒe yiyi ƒe vevienyenye dzi me bliboe. Esi wòdze Kwasiɖagbe dzi ta la, anɔ bɔbɔe na ame geɖe be woayi. Dze agbagba nàkpe Biblia-nusrɔ̃viwo kple ɖetsɔlemetɔ bubuwo be woava wɔ ɖeka kpli mí. Ðo dze tso nusi wogblɔ le Sidzedze-gbalẽa ƒe axa 127, memamã 18, le ƒea ƒe ŋkeke ɖeka si wòle be woaɖu etɔxɛe ŋu na wo.

4 Ŋudzedzekpɔkpɔ deto nenɔ mèwo ɖe nusiwo katã Yesu ƒe ku fia na wò la ŋu nàtsɔ ayi ƒe 1997 me wɔna vevitɔ kekeake sia ɖuƒee. Nɔ eteƒe le March 23 lia ƒe fiẽ esime Kristotɔ vavã siwo le afisiafi aɖu Ŋkuɖodzia.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe