INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/00 axa 3-6
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Ðoɖowɔɖi Hena Ƒe 2001

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Ðoɖowɔɖi Hena Ƒe 2001
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Tanya Suewo
  • Mɔfiamewo
  • ÐOÐOWƆÐIA
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
km 10/00 axa 3-6

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Ðoɖowɔɖi Hena Ƒe 2001

Mɔfiamewo

Ðoɖo siwo le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ŋu le ƒe 2001 mee nye esiwo gbɔna.

AGBALẼ SIWO MÍAZÃ: Eʋegbe Biblia, Gbetakpɔxɔ [w-EW], “All Scripture Is Inspired of God and Beneficial” (Ƒe 1990 Tɔ) [si], kple Reasoning From the Scriptures [rs] mee dɔdasiawo atso.

Woadze sukua gɔme ÐE GAME DZI kple hadzidzi, gbedodoɖa, kpakple dzaadoname kpuie. Mehiã be woaƒo nu tso dɔdasi siwo le ɖoɖowɔɖia me ŋu do ŋgɔ o. Sukudzikpɔlaa ayɔ tanya si ŋu woawɔ dɔ le ne ele nuƒolawo kpem. Miwɔe ɖe ɖoɖo si gbɔna nu:

DƆDASI GBÃTƆ: Aɖabaƒoƒo 15. Woade dɔ sia asi na hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔla eye nuƒoa atso Gbetakpɔxɔ alo “All Scripture Is Inspired of God and Beneficial” me. Ne Gbetakpɔxɔ mee dɔdasi sia tso la, ke anye aɖabaƒoƒo 15 ƒe nufiamenuƒo si me womabia nya nyaselawo le o; ne “All Scripture” gbalẽa mee wòtso la, anye aɖabaƒoƒo 10 vaseɖe 12 ƒe nuƒo eye emegbe woazã nyabiabia siwo wota ɖe agbalẽa me atsɔ adzro emee aɖabaƒoƒo 3 vaseɖe 5 kple nyaselawo. Menye taɖodzinu lae nye be woakpe nyaa ɖo ko evɔ o, ke boŋ be woahe susu ayi nyaa ƒe vevienyenye dzi eye woate gbe ɖe nusi akpe ɖe hamea ŋu wu la dzi. Mizã tanya si wona.

Nɔviŋutsu siwo wode dɔ sia asi na la nanɔ ŋudzɔ ɖe gamedzinɔnɔ ŋu. Woaɖo aɖaŋu na nuƒola ɖeɖe dzaa ne ehiã alo ne eya ŋutɔ bia.

BIBLIA XEXLẼ ME NYATI VEVIWO: Aɖabaƒoƒo 6. Hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔla si atrɔ asi le nyatia ŋu nyuie wòasɔ ɖe mia gbɔ nuhiahiãwo nu nawɔ dɔ sia. Mehiã be woaɖo tanya nɛ o. Manye nuxexlẽ si wode asi la me nyawo toto ɖe eme ko o. Woate ŋu atsɔ sɛkɛnd 30 vaseɖe 60 ato ta siwo me woato la me gbã. Gake taɖodzinua koŋ ye nye be woakpe ɖe nyaselawo ŋu be woanya nusita kple alesi nyatakakaa le vevie na míi. Emegbe sukudzikpɔla ana sukuviawo nayi ɖe woƒe xɔ vovovoawo me.

DƆDASI 2 LIA: Aɖabaƒoƒo 5. Nɔviŋutsu naxlẽ Biblia ƒe akpa si wode esi la eɖanye le suku si woawɔ le Fiaɖuƒe Akpataa ŋutɔ me alo esiwo woawɔ le xɔ bubuwo mee o. Zi geɖe la, nuxexlẽa ƒe didime nɔa kpuie ale be sukuvia nate ŋu aɖe nu me kpuie le ŋgɔdonya kple nyataƒonya la me. Ate ŋu aƒo nu le nusi ŋutinya gblɔ le nya la ŋu, eƒe vevienyenye le nyagblɔɖi alo nufiafia me, kple alesi woawɔ gɔmeɖose siwo le eme la ŋudɔe ŋuti. Axlẽ kpukpui siwo wode asi nɛ la katã eye wòagatɔ ɖe teƒe aɖeke o. Gake ne kpukpui siwo sukuvia axlẽ la katã metsiã ɖe wo nɔewo nu o la, ate ŋu ayɔ afisi nuxexlẽa yi edzi le.

DƆDASI 3 LIA: Aɖabaƒoƒo 5. Woade dɔ sia asi na nɔvinyɔnu. Dɔdasi sia atso Reasoning From the Scriptures me. Woate ŋu awɔe wòanye vomeɖaseɖiɖi, tɔtrɔyi, alo aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃, eye ewɔlawo ate ŋu anɔ anyi alo atsi tre. Nusi sukudzikpɔla la adi vevie be yeakpɔe nye alesi sukuvia atrɔ asi le nyati si wonɛ ŋu kple alesi wòakpe ɖe aƒemenɔlaa ŋu be wòade ŋugble le ŋɔŋlɔawo ŋui. Ele be sukuvi si woade dɔ sia asi na la nanya nuxexlẽ. Sukudzikpɔla ana kpeɖeŋutɔ ɖeka sukuvia, gake woate ŋu agawɔ kpeɖeŋutɔ bubu hã ŋudɔ. Ele be nya la ŋudɔwɔwɔ nyuie nanye nu vevitɔ, ke menye nɔnɔme si nu woawɔe ɖo o.

DƆDASI 4 LIA: Aɖabaƒoƒo 5. Woatu dɔdasi sia ɖe Reasoning From the Scriptures dzi. Woate ŋu ade Dɔdasi 4 lia asi na nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu. Ne nɔviŋutsue wodee asi na la, ele be wòanye nuƒo tẽ ɣesiaɣi. Ne nɔvinyɔnue wotsɔe na la, newɔe abe Dɔdasi 3 lia ene.

BIBLIA XEXLẼ ƑE ÐOÐOWƆÐI: Míele dzi dem ƒo na hamea me tɔwo katã be woawɔ ɖe kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi, si anye axa ɖeka lɔƒo xexlẽ gbesiagbe, dzi.

MIDE DZESII: Hena nyatakaka kple mɔfiame bubuwo ku ɖe aɖaŋuɖoɖo, gamedzinɔnɔ, nuŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔwo, kple dzadzraɖo ɖe dɔdasiwo ŋu la, taflatse mikpɔ October 1996 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 3.

ÐOÐOWƆÐIA

Jan. 1 Biblia xexlẽ: Fiawo II, 13-16

Hadzidzi 62

No. 1: Tsɔtsɔke Ʋu Ðeɖekpɔkpɔ ƒe Mɔ (w99-EW 1/1 axa 30-1)

No. 2: Fiawo II, 14:1-14

No. 3: Fuɖeɖe—Nukatae Mesɔ O? (rs axa 25-6 mm. 4)

No. 4: Nyaŋuɖoɖo na Amesi Gblɔ be: ‘Mekpɔ Mɔ Atso Nya Me le Nya Siwo Ku Ðe Nye Ŋutɔ Nye Ŋutilã Ŋu’ (rs axa 26 mm. 5)

Jan. 8 Biblia xexlẽ: Fiawo II, 17-20

Hadzidzi 116

No. 1: Aɖaŋuɖoɖo si Xɔxɔ le Bɔbɔe (w99-EW 1/15 axa 21-4)

No. 2: Fiawo II, 18:1-16

No. 3: Adam Kple Xawa—Ame Siwo Nɔ Anyi Ŋutɔŋutɔ le Ŋutinya Mee Wonyea? (rs axa 27-8 mm. 5)

No. 4: Nyaŋuɖoɖo na Amesi Gblɔ be: ‘Nuvɔ̃ si Adam Wɔ nye Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu, Mawu ƒe Ðoɖo’ (rs axa 29 mm. 1-2)

Jan. 15 Biblia xexlẽ: Fiawo II, 21-25

Hadzidzi 61

No. 1: Fiawo II,—Nusita Viɖe Le Eŋu (si axa 74 mm. 33-6)

No. 2: Fiawo II, 21:1-16

No. 3: Nukatae Viɖe Mele Tɔgbui Kukuwo Subɔsubɔ Ŋu O? (rs axa 29-31 mm. 3)

No. 4: Nusita Tɔgbui Kukuwo Subɔsubɔ Medzea Yehowa Mawu Ŋu O (rs axa 31 mm. 4–axa 32 mm. 1)

Jan. 22 Biblia xexlẽ: Kronika I, 1-5

Hadzidzi 16

No. 1: Kronika I, ƒe Ŋgɔdonya (si axa 75-6 mm. 1-7)

No. 2: Kronika I, 1:1-27

No. 3: Amekawoe Nye Kristo ƒe Futɔwo? (rs axa 32-3)

No. 4: Sidzedze Xɔsegbelawo (rs axa 34-6 mm. 1)

Jan. 29 Biblia xexlẽ: Kronika I, 6-10

Hadzidzi 73

No. 1: Alesi Míate Ŋu Aɖe Ðokuibɔbɔ Vavãtɔ Afiae (w99-EW 2/1 axa 6-7)

No. 2: Kronika I, 9:1-21

No. 3: Nɔnɔme Kae Wòle Be Wòanɔ Mía Si Ðe Xɔsegbelawo Ŋu? (rs axa 36 mm. 2–axa 37 mm. 2)

No. 4: Kristo Metu Ha la Ðe Petro Dzi O (rs axa 37-9 mm. 3)

Feb. 5 Biblia xexlẽ: Kronika I, 11-16

Hadzidzi 65

No. 1: Nye Dzideƒonamela (w99-EW 2/15 axa 26-9)

No. 2: Kronika I, 11:1-19

No. 3: Nukawoe Nye Safui Siwo Petro Zã? (rs axa 39 mm. 4–axa 41 mm. 5)

No. 4: “Apostoloawo Teƒenɔlawo” Menye Kristotɔ Vavãwo Wonye O (rs axa 42 mm. 1–axa 44 mm. 3)

Feb. 12 Biblia xexlẽ: Kronika I, 17-23

Hadzidzi 122

No. 1: Mitsɔ Ðokuibɔbɔɖeanyi Hetsyɔ (w99-EW 3/1 axa 30-1)

No. 2: Kronika I, 18:1-17

No. 3: Afikae Woawɔ Harmagedonʋa Le? (rs axa 44-6 mm. 3)

No. 4: Amekawo Kple Nukawoe Atsrɔ̃ le Harmagedon Me? (rs axa 46 mm. 4–axa 47 mm. 2)

Feb. 19 Biblia xexlẽ: Kronika I, 24-29

Hadzidzi 119

No. 1: Kronika I,—Nusita Viɖe Le Eŋu (si axa 78-9 mm. 22-5)

No. 2: Kronika I, 29:1-13

No. 3: Amekawoe Atsi Agbe le Harmagedon Me? (rs axa 47 mm. 3-8)

No. 4: Harmagedon—Menye Mawu ƒe Lɔlɔ̃ Dzi Dadae O (rs axa 48 mm. 1-3)

Feb. 26 Biblia xexlẽ: Kronika II, 1-5

Hadzidzi 168

No. 1: Kronika II, ƒe Ŋgɔdonya (si axa 79-80 mm. 1-6)

No. 2: Kronika II, 1:1-17

No. 3: Vedomesinɔnɔ Aɖeke Meli le Harmagedon Me O (rs axa 48 mm. 4-7)

No. 4: Ameka ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzie Le Dukɔwo Tutum Yina Harmagedon Mee? (rs axa 48 mm. 8–axa 49 mm. 1)

Mar. 5 Biblia xexlẽ: Kronika II, 6-9

Hadzidzi 103

No. 1: Dzimaɖitsitsi Megaɖu Dziwò O (w99-EW 3/15 axa 21-3)

No. 2: Kronika II, 8:1-16

No. 3: Sidzedze Nyaɖeɖefia me Babilon La (rs axa 49 mm. 2-3)

No. 4: Nuwɔna Kawoe Wonya na Blema Babilon Nyuie? (rs axa 50 mm. 1–axa 51 mm. 5)

Mar. 12 Biblia xexlẽ: Kronika II, 10-15

Hadzidzi 59

No. 1: Amekae Kpɔ Ŋusẽ Ðe Wò Tamesusu Dzi? (w99-EW 4/1 axa 20-2)

No. 2: Kronika II, 10:1-16

No. 3: Nusita Subɔsubɔha Siwo Gblɔna be Kristotɔwo Yewonye la Nye Babilon Gã ƒe Akpa Aɖe (rs axa 52 mm. 1–axa 53 mm. 1)

No. 4: Nusita Wòhiã Kpata be Míado le Babilon Gã la Me (rs axa 53 mm. 2-7)

Mar. 19 Biblia xexlẽ: Kronika II, 16-20

Hadzidzi 69

No. 1: Kpɔ Wò Dzi Ta tso Baal Subɔsubɔ ƒe Gbɔgbɔ Me (w99-EW 4/1 axa 28-31)

No. 2: Kronika II, 16:1-14

No. 3: Nusi Nyɔnyrɔxɔxɔ Nye Kple Nusita Xɔsetɔwo Xɔa Nyɔnyrɔ (rs axa 54 mm. 1-4)

No. 4: Kristotɔwo ƒe Nyɔnyrɔxɔxɔ—Menye Tsi Hehlẽ Ðe Ame Dzi O, Menye na Vidzĩwo O (rs axa 54 mm. 5–axa 55 mm. 4)

Mar. 26 Biblia xexlẽ: Kronika II, 21-25

Hadzidzi 212

No. 1: Megagbe Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðeɖefia O (w99-EW 4/15 axa 15-17)

No. 2: Kronika II, 22:1-12

No. 3: Nyɔnyrɔxɔxɔ Ðe Tsi Me Meklɔa Nuvɔ̃wo Ða O (rs axa 55 mm. 5–axa 56 mm. 1)

No. 4: Amekawoe Wotsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe Na Nyɔnyrɔe? (rs axa 56 mm. 2–axa 57 mm. 3)

Apr. 2 Biblia xexlẽ: Kronika II, 26-29

Hadzidzi 49

No. 1: Ðe Mawu ƒe Mɔwo ‘Glɔ̃naa’? (w99-EW 5/1 axa 28-9)

No. 2: Kronika II, 28:1-15

No. 3: Dzo Tsɔtsɔ Anyrɔ Ame Mesɔ Kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe Tsɔtsɔ Anyrɔe O (rs axa 57 mm. 4–axa 58 mm. 2)

No. 4: Susu Siwo Ta Wòle Be Míade Ŋugble le Biblia Ŋu (rs axa 58-60 mm. 2)

Apr. 9 Biblia xexlẽ: Kronika II, 30-33

Hadzidzi 1

No. 1: Aleke Amegbetɔwo Ate Ŋu Akafu Yehowa Mawui? (w99-EW 5/15 axa 21-4)

No. 2: Kronika II, 33:1-13

No. 3: Kpeɖodzi Siwo Yesaya Kple Yeremya Na be Biblia tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ Me (rs axa 60 mm. 3–axa 61 mm. 3)

No. 4: Yesu ƒe Nyagblɔɖiwo ƒe Emevava Ðo Kpe Biblia ƒe Gbɔgbɔmetsotso Dzi (rs axa 61 mm. 4–axa 62 mm. 1)

Apr. 16 Biblia xexlẽ: Kronika II, 34-36

Hadzidzi 144

No. 1: Kronika II,—Nusita Viɖe Le Eŋu (si axa 84 mm. 34-6)

No. 2: Kronika II, 36:1-16

No. 3: Kpɔtsɔtsɔ Mele Biblia Ŋu le Dzɔdzɔmeŋutinunya Gome O (rs axa 62 mm. 2–axa 64 mm. 3)

No. 4: a*Nya Siwo Wotsɔ Ðe Biblia Ŋu Ŋuɖoɖo (rs axa 64 mm. 4–axa 68 mm. 1)

Apr. 23 Biblia xexlẽ: Ezra 1-6

Hadzidzi 90

No. 1: Ezra ƒe Ŋgɔdonya Kple Nusita Viɖe Le Eŋu (si axa 85 mm. 1-7; axa 87 mm. 14-18)

No. 2: Ezra 4:1-16

No. 3: Nukatae Kristotɔwo Meɖua Dzigbezãwo O? (rs axa 68-70 mm. 2)

No. 4: Nukatae Kristotɔwo Tsri Ʋu? (rs axa 70-2 mm. 3)

Apr. 30 Nuŋɔŋlɔ ƒe Dodokpɔ. Biblia xexlẽ: Ezra 7-10

Hadzidzi 203

May 7 Biblia xexlẽ: Nexemya 1-5

Hadzidzi 56

No. 1: Nexemya ƒe Ŋgɔdonya (si axa 88 mm. 1-5)

No. 2: Nexemya 1:1-11

No. 3: Nukatae Kristotɔwo Medoa Ʋu O? (rs axa 72 mm. 4–axa 73 mm. 4)

No. 4: bƲudodo Ŋu Biabiawo Ŋuɖoɖo (rs axa 74 mm. 1–axa 76 mm. 2)

May 14 Biblia xexlẽ: Nexemya 6-9

Hadzidzi 155

No. 1: Kristo-hamea Enye Afisi Wokpɔa Ŋusẽdodo Tsonɛ (w99-EW 5/15 axa 25-8)

No. 2: Nexemya 9:1-15

No. 3: Gbugbɔgadzi Gɔme Ðe? (rs axa 76-7 mm. 7)

No. 4: Xɔxɔ Menɔ Te Ðe “Gbugbɔgadzi” Dzi O (rs axa 77 mm. 8–axa 79 mm. 1)

May 21 Biblia xexlẽ: Nexemya 10-13

Hadzidzi 46

No. 1: Nexemya—Nusita Viɖe Le Eŋu (si axa 90-1 mm. 16-19)

No. 2: Nexemya 12:27-43

No. 3: cGbugbɔgadzi ƒe Nukpɔsusuwo Ŋuti Biabiawo Ŋuɖoɖo (rs axa 79 mm. 3–axa 80 mm. 2)

No. 4: Nuvɔ̃meʋuʋu na Nunɔlawo—Nukatae Mesɔ le Ŋɔŋlɔawo Nu O? (rs axa 80-1 mm. 9)

May 28 Biblia xexlẽ: Ester 1-4

Hadzidzi 38

No. 1: Ester ƒe Ŋgɔdonya (si axa 91-2 mm. 1-6)

No. 2: Ester 1:1-15

No. 3: Nuvɔ̃ Siwo Ame Wɔ Ðe Mawu Kple Amegbetɔ Ŋu Me Ʋuʋu (rs axa 83 mm. 2-8)

No. 4: Nukata Wòle Be Woaʋu Nuvɔ̃ Gãwo Me na Hamemegãwo? (rs axa 83 mm. 9–axa 84 mm. 4)

June 4 Biblia xexlẽ: Ester 5-10

Hadzidzi 37

No. 1: Ester—Nusita Viɖe Le Eŋu (si axa 94 mm. 16-18)

No. 2: Ester 5:1-14

No. 3: Nukata Susu Le Eme be Woaxɔ Nuwɔwɔ Dzi Ase? (rs axa 84-6 mm. 2)

No. 4: Nuwɔwɔ Ŋuti Nuŋlɔɖi si Le Biblia Me la Gɔmesese (rs axa 86 mm. 3–axa 88 mm. 4)

June 11 Biblia xexlẽ: Hiob 1-7

Hadzidzi 84

No. 1: Hiob ƒe Ŋgɔdonya (si axa 95-6 mm. 1-6)

No. 2: Hiob 1:6-22

No. 3: Nukatae Mawusubɔsubɔ ƒe Bubu Tsɔtsɔ Na Atitsoga Mesɔ le Ŋɔŋlɔawo Nu O? (rs axa 92 mm. 1–axa 93 mm. 1)

No. 4: Nukata Amegbetɔwo Kuna? (rs axa 98-9 mm. 6)

June 18 Biblia xexlẽ: Hiob 8-14

Hadzidzi 192

No. 1: Saul—Dɔwɔnu Tiatia na Aƒetɔ La (w99-EW 5/15 axa 29-31)

No. 2: Hiob 8:1-22

No. 3: Afikae Ame Kukuwo Le eye Nɔnɔme Ka Mee Wole? (rs axa 99 mm. 7–axa 101 mm. 4)

No. 4: Nukatae Yehowa Ðasefowo Mekpɔa Gome le Kunuwɔwɔ Kɔnuwo me O? (rs axa 102 mm. 1–axa 103 mm. 2)

June 25 Biblia xexlẽ: Hiob 15-21

Hadzidzi 81

No. 1: Menye Ðe Mawu Le Wɔwɔm Blewu le Eƒe Ŋugbedodo Dzi Wɔwɔ Me O (w99-EW 6/1 axa 4-7)

No. 2: Hiob 17:1-16

No. 3: dKu Ŋuti Nukpɔsusu Siwo Mesɔ O ƒe Biabiawo Ŋuɖoɖo (rs axa 103 mm. 3–axa 104 mm. 1)

No. 4: Drɔ̃ewo: Esiwo Tso Gbɔgbɔ Me Kple Esiwo Metso Gbɔgbɔ Me O (rs axa 104-6 mm. 3)

July 2 Biblia xexlẽ: Hiob 22-29

Hadzidzi 173

No. 1: Ðe Wòle Be Nàbu Nuwo Ŋu Ayi Ŋgɔea? (w99-EW 6/15 axa 10-13)

No. 2: Hiob 27:1-23

No. 3: Atikewo: Ɣeyiɣi Siwo Mesɔ Be Kristotɔwo Nazã Wo O (rs axa 106-8 mm. 1)

No. 4: Nusita Kristotɔwo Tsri Gbe Muamewo Nono (rs axa 108 mm. 2–axa 109 mm. 2)

July 9 Biblia xexlẽ: Hiob 30-35

Hadzidzi 108

No. 1: Nusita Nàte Ŋu Aka Ðe Biblia me Nyagblɔɖiwo Dzi (w99-EW 7/15 axa 4-8)

No. 2: Hiob 31:1-22

No. 3: Nukatae Kristotɔwo Menoa Atama O? (rs axa 109 mm. 3–axa 111 mm. 3)

No. 4: Nugɔmesese Kple Lɔlɔ̃ na Mawu Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋu Míaɖu Nuwɔna Gbegblẽwo Dzi (rs axa 111 mm. 4–axa 112 mm. 3)

July 16 Biblia xexlẽ: Hiob 36-42

Hadzidzi 160

No. 1: Hiob—Nusita Viɖe Le Eŋu (si axa 100 mm. 39-43)

No. 2: Hiob 36:1-22

No. 3: Dukɔwo Magblẽ Mawu ƒe Tameɖoɖo na Anyigba Me O (rs axa 112-13 mm. 5)

No. 4: Ðe Yehowa Atsɔ Dzo Atsrɔ̃ Anyigbaa? (rs axa 113 mm. 6–axa 115 mm. 1)

July 23 Biblia xexlẽ: Psalmowo 1-10

Hadzidzi 5

No. 1: Psalmowo ƒe Ŋgɔdonya—Akpa 1 (si axa 101 mm. 1-5)

No. 2: Psalmowo 3:2–4:9

No. 3: Yerusalem Yeyea me Tɔwo Magatrɔ Gbɔ Va Anyigba Dzi le Ame Vɔ̃ɖiwo Tsɔtsrɔ̃ Vɔ Megbe O (rs axa 115 mm. 2–axa 116 mm. 1)

No. 4: Ðe Mawu ƒe Gɔmedzetameɖoɖo na Anyigba Trɔa? (rs axa 116 mm. 2–axa 117 mm. 2)

July 30 Biblia xexlẽ: Psalmowo 11-18

Hadzidzi 48

No. 1: Psalmowo ƒe Ŋgɔdonya—Akpa 2 (si axa 102 mm. 6-11)

No. 2: Psalmowo 11:1–13:6

No. 3: Aleke Míate Ŋu Ade Dzi Ƒo Na Amesiwo Dze Dɔe? (rs axa 117-18 mm. 1)

No. 4: Alesi Míate Ŋu Ade Dzi ƒo Na Amesiwo Dzi Ku Dzɔ Ðo (rs axa 118 mm. 2-6)

Aug. 6 Biblia xexlẽ: Psalmowo 19-26

Hadzidzi 117

No. 1: Dzeɖoɖo Tuameɖowo—Nu Vevi si Naa Srɔ̃ɖeɖe me Nyona (w99-EW 7/15 axa 21-3)

No. 2: Psalmowo 20:2–21:14

No. 3: Dzideƒonamenyawo na Amesiwo Yome Tim Wole le Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ Ta (rs axa 118 mm. 7–axa 119 mm. 4)

No. 4: Aleke Nàte Ŋu Ade Dzi Ƒo Na Amesiwo Numadzɔmadzɔwɔwɔ Ðe Dzi Le Ƒo Nae? (rs axa 119 mm. 5–axa 120 mm. 2)

Aug. 13 Biblia xexlẽ: Psalmowo 27-34

Hadzidzi 130

No. 1: Filipo—Enye Nyanyuigblɔla Veviedola (w99-EW 7/15 axa 24-5)

No. 2: Psalmowo 28:1–29:11

No. 3: Dzideƒonamenya Kae Li na Amesiwo Ga Kuxiwo Le Fu Ðem Na? (rs axa 120 mm. 3-7)

No. 4: Dzideƒonamenyawo na Amesiwo Gbɔdzɔgbɔdzɔwo Ðe Dzi Le Ƒo Na (rs axa 120 mm. 8–axa 121 mm. 3)

Aug. 20 Biblia xexlẽ: Psalmowo 35-39

Hadzidzi 18

No. 1: Hatiwo ƒe Nyaƒoɖeamenu—Ðe Wòate Ŋu Aɖe Vi na Wòa? (w99-EW 8/1 axa 22-5)

No. 2: Psalmowo 38:2-23

No. 3: Nɔnɔmetɔtrɔ—Dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe Kuxi Sesẽ (rs axa 121-3 mm. 1)

No. 4: Nɔnɔmetɔtrɔ, Blemanu Kukuwo ƒe Susɔewo Ŋuti Nuŋlɔɖiwo, Kple Nugɔmesese (rs axa 123 mm. 2–axa 126 mm. 2)

Aug. 27 Nuŋɔŋlɔ ƒe Dodokpɔ. Biblia xexlẽ: Psalmowo 40-47

Hadzidzi 91

Sept. 3 Biblia xexlẽ: Psalmowo 48-55

Hadzidzi 36

No. 1: Mègana Dziku Nazu Nukikli na Wò O (w99-EW 8/15 axa 8-9)

No. 2: Psalmowo 49:2-21

No. 3: eNɔnɔmetɔtrɔdzixɔselawo ƒe Biabiawo Ŋuɖoɖo (rs axa 126 mm. 3–axa 128 mm. 3)

No. 4: Nukatae Xɔse Mele Ame Geɖe Si O? (rs axa 129-30 mm. 2)

Sept. 10 Biblia xexlẽ: Psalmowo 56-65

Hadzidzi 44

No. 1: Abosam Ye Na Míedzea Dɔa? (w99-EW 9/1 axa 4-7)

No. 2: Psalmowo 59:2-18

No. 3: Aleke Ame Awɔ Xɔse Nasu Esi? (rs axa 130 mm. 3–axa 131 mm. 3)

No. 4: Dzɔdzɔenyenye Nuɖoanyi Yeyea ƒe Mɔkpɔkpɔ Dzixɔse Dzena le Dɔwɔwɔwo Me (rs axa 131 mm. 5–axa 132 mm. 2)

Sept. 17 Biblia xexlẽ: Psalmowo 66-71

Hadzidzi 210

No. 1: Tia “Nyuia Gome” (w99-EW 9/1 axa 30-1)

No. 2: Psalmowo 69:2-20

No. 3: Aleke Míate Ŋu Akpɔ Aʋatsonyagblɔɖilawo Adze Sii? (rs axa 132-4 mm. 2)

No. 4: Nyagblɔɖila Vavãwo Mese Alesi Nu Siwo Wogblɔ Ði la Adzɔe Kple Ɣeyiɣi si me Woadzɔ la Gɔme Ɣesiaɣi O (rs axa 134 mm. 3-8)

Sept. 24 Biblia xexlẽ: Psalmowo 72-77

Hadzidzi 217

No. 1: Nukatae Wòle Be Nàwɔ Ðe Wò Ŋugbedodowo Dzi? (w99-EW 9/15 axa 8-11)

No. 2: Psalmowo 73:1-24

No. 3: Nyagblɔɖila Vavã ƒe Nyagblɔɖiwo Doa Tadeagu Vavã Ðe Ŋgɔ (rs axa 135 mm. 1-2)

No. 4: Ku Siwo Nyagblɔɖila Vavãwo Tsena Ye Wotsɔ Dea Dzesi Woe (rs axa 135 mm. 3–axa 137 mm. 1)

Oct. 1 Biblia xexlẽ: Psalmowo 78-81

Hadzidzi 88

No. 1: Dze Nunya, eye Nàxɔ Amehehe (w99-EW 9/15 axa 12-15)

No. 2: Psalmowo 78:1-22

No. 3: Nyaŋuɖoɖo na Amesiwo Yɔa Mí Be Aʋatsonyagblɔɖilawo (rs axa 137 mm. 2-4)

No. 4: Mawu Meɖo Ŋkeke si Dzi Ame Ðesiaɖe Aku Ði O (rs axa 138 mm. 1-3)

Oct. 8 Biblia xexlẽ: Psalmowo 82-89

Hadzidzi 221

No. 1: Timoteo—“Vinye Vavã le Xɔse Me” (w99-EW 9/15 axa 29-31)

No. 2: Psalmowo 88:2-19

No. 3: Menye Nusianu si Dzɔnae Nye Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu O (rs axa 139 mm. 1–axa 140 mm. 2)

No. 4: Mawu Menyaa Nusianu Doa Ŋgɔ Heɖoa Alesi Wòadzɔe Ði Do Ŋgɔ O (rs axa 140 mm. 3-5)

Oct. 15 Biblia xexlẽ: Psalmowo 90-98

Hadzidzi 134

No. 1: Wodo Ŋusẽe be Wòagbe Nugbegblẽwɔwɔ (w99-EW 10/1 axa 28-31)

No. 2: Psalmowo 90:1-17

No. 3: Ŋutete si Le Mawu Si be Wòanya Ahaɖo Alesi Nuwo Adzɔe Ði Do Ŋgɔ (rs axa 141 mm. 1-4)

No. 4: Nusitae Mawu Mewɔ Eƒe Nukpɔkpɔdoŋgɔ Ŋudɔ le Adam Gome O (rs axa 142 mm. 1-3)

Oct. 22 Biblia xexlẽ: Psalmowo 99-105

Hadzidzi 89

No. 1: Lɔlɔ̃ Ðeɖefia si Ƒo Ðesiaɖe Ta Sɔsrɔ̃ (w99-EW 10/15 axa 8-11)

No. 2: Psalmowo 103:1-22

No. 3: Mawu Meɖo Agbe si Yakob, Esau, alo Yuda Ava Nɔ Ði Do Ŋgɔ O (rs axa 142 mm. 4–axa 143 mm. 2)

No. 4: Mɔ Ka Nue Wogblɔ Kristo-hamea Ŋu Nya Ði Do Ŋgɔ Le? (rs axa 143 mm. 3–axa 144 mm. 1)

Oct. 29 Biblia xexlẽ: Psalmowo 106-109

Hadzidzi 214

No. 1: “Yehowa Naa Nunya” (w99-EW 11/15 axa 24-7)

No. 2: Psalmowo 107:1-19

No. 3: Nukae Nye Ŋɔŋlɔawo ƒe Nukpɔsusu le Ɣletivimefakaka Ŋu? (rs axa 144 mm. 2–axa 145 mm. 2)

No. 4: Susu Nyui Kawo Tae Wòle Be Míaxɔ Mawu Dzi Ase Ðo? (rs axa 145-6 mm. 5)

Nov. 5 Biblia xexlẽ: Psalmowo 110-118

Hadzidzi 14

No. 1: Apokalips—Ðe Wòle Be Woavɔ̃e loo alo Woakpɔ Mɔ Nɛ? (w99-EW 12/1 axa 5-8)

No. 2: Psalmowo 112:1–113:9

No. 3: Vɔ̃ɖinyenye Kple Fukpekpe Menye Kpeɖodzi Be Mawu Meli O (rs axa 146 mm. 6–axa 147 mm. 1)

No. 4: Mawu Nye Ame Ŋutɔŋutɔ si Si Seselelãmewo Le (rs axa 147 mm. 2–axa 148 mm. 3)

Nov. 12 Biblia xexlẽ: Psalmowo 119

Hadzidzi 35

No. 1: Mègana Wò Ŋutete Nazu Wò Gbɔdzɔgbɔdzɔƒe O (w99-EW 12/1 axa 26-9)

No. 2: Psalmowo 119:1-24

No. 3: Gɔmedzedze Meli na Mawu O (rs axa 148 mm. 4-7)

No. 4: Mawu ƒe Ŋkɔ Zazã Le Vevie Be Woakpɔ Xɔxɔ (rs axa 149 mm. 1-4)

Nov. 19 Biblia xexlẽ: Psalmowo 120-137

Hadzidzi 175

No. 1: Psalmowo—Nusita Viɖe Le Eŋu—Akpa 1 (si axa 104-5 mm. 23-7)

No. 2: Psalmowo 120:1–122:9

No. 3: Ðe Subɔsubɔhawo Katã Nyoa? (rs axa 149 mm. 5-8)

No. 4: “Mawu” Ka Ƒomevie Nye Yesu? (rs axa 150 mm. 1-2)

Nov. 26 Biblia xexlẽ: Psalmowo 138-150

Hadzidzi 135

No. 1: Psalmowo—Nusita Viɖe Le Eŋu—Akpa 2 (si axa 105-6 mm. 28-32)

No. 2: Psalmowo 139:1-24

No. 3: fNya Siwo Wotsɔ Ðe Mawu Dzixɔxɔse Ŋu Ŋuɖoɖo (rs axa 150 mm. 3–axa 151 mm. 3)

No. 4: Nusita Amegbetɔwo Mete Ŋu Ðo Dziɖuɖu Dzɔdzɔe Anyi O (rs axa 152-53 mm. 1)

Dec. 3 Biblia xexlẽ: Lododowo 1-7

Hadzidzi 132

No. 1: Lododowo ƒe Ŋgɔdonya—Akpa 1 (si axa 106-7 mm. 1-5)

No. 2: Lododowo 4:1-27

No. 3: Nusita Amegbetɔ ƒe Agbagbadzedzewo be Yeahe Gbɔdzɔe Vɛ Mate Ŋu Adze Edzi O (rs axa 153 mm. 2–axa 154 mm. 2)

No. 4: Mawu ƒe Fiaɖuƒea Koe Nye Ameƒomea ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ Kpɔnu Ðeka Kolia (rs axa 154 mm. 3–axa 155 mm. 1)

Dec. 10 Biblia xexlẽ: Lododowo 8-13

Hadzidzi 51

No. 1: Lododowo ƒe Ŋgɔdonya—Akpa 2 (si axa 107-8 mm. 6-11)

No. 2: Lododowo 13:1-25

No. 3: Biblia ƒe Nyagblɔɖiwo Ðee Fia be Kakaɖedzi Blibo Le Eŋu (rs axa 155 mm. 2-5)

No. 4: Menye Mawu ƒe Gbɔgbɔe Wotsɔ Le Gbɔgbɔmedɔwo Dam Egbea O (rs axa 156-57 mm. 3)

Dec. 17 Biblia xexlẽ: Lododowo 14-19

Hadzidzi 111

No. 1: Lododowo—Nusita Viɖe Le Eŋu—Akpa 1 (si axa 109-10 mm. 19-28)

No. 2: Lododowo 16:1-25

No. 3: Vovototo si Le Yesu Kple Eƒe Apostolowo ƒe Gbedada Kpakple Egbeŋkekea Me Tɔwo Dome (rs axa 157 mm. 4–axa 158 mm. 2)

No. 4: Alesi Wodea Dzesi Kristotɔ Vavãwo Egbeae (rs axa 158 mm. 3–axa 159 mm. 1)

Dec. 24 Biblia xexlẽ: Lododowo 20-25

Hadzidzi 9

No. 1: Lododowo—Nusita Viɖe Le Eŋu—Akpa 2 (si axa 110-11 mm. 29-38)

No. 2: Lododowo 20:1-30

No. 3: Nusita Wona Dɔdada ƒe Nunana le Ƒe Alafa Gbãtɔa Me (rs axa 159 mm. 2–axa 160 mm. 2)

No. 4: Dɔdada Ŋutɔŋutɔ ƒe Mɔkpɔkpɔ Kae Li na Ameƒomea Katã? (rs axa 160 mm. 3-5)

Dec. 31 Nuŋɔŋlɔ ƒe Dodokpɔ. Biblia xexlẽ: Lododowo 26-31

Hadzidzi 180

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Le alesi ɣeyiɣi aɖe mɔe nu la, ƒo nu tso alesi woaɖo nya siwo wotsɔna ɖe mía ŋu, tsitretsiɖeŋunyawo, kple bubu siwo anyo na anyigbamamaa ŋu.

b Le alesi ɣeyiɣi aɖe mɔe nu la, ƒo nu tso alesi woaɖo nya siwo wotsɔna ɖe mía ŋu, tsitretsiɖeŋunyawo, kple bubu siwo anyo na anyigbamamaa ŋu.

c Le alesi ɣeyiɣi aɖe mɔe nu la, ƒo nu tso alesi woaɖo nya siwo wotsɔna ɖe mía ŋu, tsitretsiɖeŋunyawo, kple bubu siwo anyo na anyigbamamaa ŋu.

d Le alesi ɣeyiɣi aɖe mɔe nu la, ƒo nu tso alesi woaɖo nya siwo wotsɔna ɖe mía ŋu, tsitretsiɖeŋunyawo, kple bubu siwo anyo na anyigbamamaa ŋu.

e Le alesi ɣeyiɣi aɖe mɔe nu la, ƒo nu tso alesi woaɖo nya siwo wotsɔna ɖe mía ŋu, tsitretsiɖeŋunyawo, kple bubu siwo anyo na anyigbamamaa ŋu.

f Le alesi ɣeyiɣi aɖe mɔe nu la, ƒo nu tso alesi woaɖo nya siwo wotsɔna ɖe mía ŋu, tsitretsiɖeŋunyawo, kple bubu siwo anyo na anyigbamamaa ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe