INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/05 axa 2
  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Tanya Suewo
  • July 11 ƒe Kwasiɖa
  • July 18 ƒe Kwasiɖa
  • July 25 ƒe Kwasiɖa
  • August 1 ƒe Kwasiɖa
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
km 7/05 axa 2

Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoɖowɔɖi

July 11 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 49

8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia (ne wosɔ na miaƒe anyigbamama) atsɔ awɔ alesi woana July 1 ƒe Gbetakpɔxɔ kple July 8 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe wɔwɔfiawo. Miate ŋu azã dzeɖonya bubu siwo sɔ atsɔ ana wo. Le wɔwɔfiaa me la, fia alesi woazã nya bubu atsɔ aɖo dzeɖonyanutsinya si nye “Vovo mele ŋunye o” la ŋu.—Kpɔ Reasoning-gbalẽa, axa 19-20 (alo Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii ƒe axa 11-12).

20 min: Agbalẽ Gbadzawo Nana le July Kple August Me. Nuƒo kple numedzodzro si wotu ɖe emedegbalẽvia me nyawo dzi. Ðe alesi míazã emedegbalẽviae me kpuie eye nàte gbe ɖe aɖaka si le axa 3 lia me nyawo dzi. Gblɔ nya vevi siwo le January 2005 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 8 lia me kpee. Dzro dzeɖonya siwo ƒe aɖaŋu woɖo, si asɔ nyuie na agbalẽ gbadzaa nana le miaƒe anyigbamama me le amea gbɔ yiyi zi gbãtɔ me. Na woawɔ wɔwɔfia eve alo etɔ̃. Na gbeƒãɖela aɖe si nye ɖevi nawɔ wɔwɔfiawo dometɔ ɖeka ya teti.

17 min: “Ame Gbogbotɔ Kekeake Gbɔ Ðoɖo.”a Ne èle memama 5 lia me dzrom la, dzro aɖaŋuɖoɖo siwo le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, June 2005, axa 8, siwo sɔ na miaƒe anyigbamamaa me kpee.

Hadzidzi 196; gbedodoɖa na kpakpã

July 18 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 173

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Dzro August 15, 2000 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 32 me kpuie. Te gbe ɖe viɖe siwo le Bibia xexlẽ gbesiagbe me dzi, le mɔkeɣiwo kple ɣeyiɣi bubu siwo me tɔtrɔ vana míaƒe ɖoɖowɔɖiwo me gɔ̃ hã.

15 min: “Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ—Akpa 11.”b Na woawɔ wɔwɔfia si me nusɔsrɔ̃ dzikpɔla aɖe kple gbeƒãɖela yeye aɖe nanɔ dzadzraɖo wɔm hena tɔtrɔyi wɔwɔ. Woadzro yiyi zi gbãtɔ ƒe nuŋlɔɖiwo me eye woatia nyati si me woava dzro ne wotrɔ yi. Woadzra ŋgɔdonya bɔbɔe aɖe kple nyabiase si woabia le sasrãkpɔa ƒe nuwuwu hã ɖo. Wɔwɔfiaa awu nu esime wosɔ gbe be woagbugbɔ awɔ ɖaseɖinya si me woto la afia.

20 min: Kpe Ðe Amewo Ŋu Woade Asixɔxɔ Biblia Ŋu. Nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro si wotu ɖe Subɔ Mawu ƒe agbalẽa, axa 24-5, memama 3-6 dzi. Zã biabia siwo ku ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu le agbalẽa me. Gblɔ numeɖeɖe siwo le agbalẽ gbadza si nye Agbalẽ si Nyo na Amesiame, ƒe axa 32 lia kpee.

Hadzidzi 10; gbedodoɖa na kpakpã.

July 25 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 138

15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Xlẽ gakɔntabubuwo kple nudzɔdzɔ siwo mieɖo ɖa siwo va ka habɔbɔa si. Na woazã aɖaŋuɖoɖo siwo le axa 8 lia (ne wosɔ na miaƒe anyigbamama) atsɔ awɔ alesi woana July 15 ƒe Gbetakpɔxɔ kple July 22 ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe wɔwɔfiawo. Miate ŋu azã dzeɖonya bubu siwo sɔ atsɔ ana wo. Le wɔwɔfiawo dometɔ ɖeka me la, woawɔ alesi woana magazine le vomeɖaseɖiɖi me le asime alo le teƒe bubu ɖesiaɖe si amewo sɔa gbɔ ɖo afia.

15 min: Ƒã Nyateƒea ɖe Viwò ƒe Dzi Me. (Mose V, 6:7) Hamemegã ƒe nuƒo si wòatu ɖe August 15, 2002 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 30-1 dzi. Te gbe ɖe Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siwo na ɖeviwo hehe ŋuti mɔfiame dzila Kristotɔ si ƒe kpeɖeŋutɔ menye Ðasefo o la dzi.

15 min: “Fe si Míenyi le Amewo Ŋu.”c Gblɔ numeɖeɖe siwo le July 1, 2000 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 11, memama 13 lia me kpee.

Hadzidzi 82; gbedodoɖa na kpakpã.

August 1 ƒe Kwasiɖa

Hadzidzi 187

15 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖeɖelawo be woatsɔ woƒe July gbeadzikɔntawo ana. Kpe nyaselawo be woaʋu Subɔsubɔ Suku gbalẽa ƒe axa 70, eye nàzã memama 1-2 kple aɖaka si ƒe tanyae nye “Alesi Woaɖo Nya Ŋui le Kpekpewo Me” atsɔ wɔ numedzodzro kple nyaselawo.

15 min: “Kpe Ðe Viwòwo Ŋu be Woayi Ŋgɔ le Subɔsubɔdɔa Me.” Nuƒo kple numedzodzro kple nyaselawo. Na woawɔ wɔwɔfia si me dzila aɖe kple via azã ɖaseɖinya si ŋu wotrɔ asi le wòle bɔbɔe le. Na dzilaa naɖe nudzɔdzɔ ƒe ɖoɖoa me kpuie na aƒemenɔlaa atsɔ awu wɔwɔfiaa nui.

15 min: Ète Mɔnu si Le Bɔbɔe Kpɔa? Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo si wotu ɖe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, March 2005 ƒe axa 6 dzi. Dzro aɖaŋuɖoɖo siwo wona le eme la me, eye nàfia mɔnu bɔbɔe si woate ŋu azã atsɔ ana agbalẽ si míana le August me. Na woawɔ ɖaseɖinyawo dometɔ ɖeka alo eve ƒe wɔwɔfia.

Hadzidzi 218; gbedodoɖa na kpakpã.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.

b Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.

c Wò ŋgɔdonya megade miniti ɖeka o, eye nàtsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖowo adzro emee.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe