Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Gbetakpɔxɔ August 1
“Míele míaƒe aƒelikawo srãm kpɔ be míaɖo dze kpui aɖe tso kuxi aɖe si bɔ la ŋu. Nɔnɔme sesẽ siwo míedoa goe la dometɔ ɖekae nye tenɔnɔ ɖe míaƒe ame vevi aɖe ƒe ku nu. Mèkpɔe nenema oa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se nya dedziƒoname si Biblia gblɔ ɖa. [Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4.] Biblia do ŋugbe be gbe ɖeka la woava fɔ míaƒe ame vevi siwo ku la ɖe tsitre. Magazine sia gblɔ ale si esia adzɔe la na mí.”
Nyɔ! August
“Míetsɔ nyati aɖe si ƒo nu tso nyatakaka agbɔsɔsɔ si gbegbe le míaƒe lãmenugbagbeviwo me la le míaƒe aƒelikawo fiam. [Tsɔ magazinea ƒe ŋgɔgbekpaa dzi fiae.] Ame geɖe susu be amegbetɔwo dzɔ tso lã me, eye ame bubuwo hã xɔe se be Wɔla aɖee wɔ mí. Nu kae nèsusu tso nya sia ŋu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Magazine sia ƒo nu tso nu wɔnuku aɖe si ŋu woke ɖo le lãmenugbagbeviwo me ŋu si wɔe be dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo va le dzesi demee be Wɔla aɖee wɔ nuwo.”