INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 10/8 axa 3-4
  • Mawunyadɔgbedelawo—Amekawoe Wòle Be Woanye?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawunyadɔgbedelawo—Amekawoe Wòle Be Woanye?
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawunyadɔgbedela Gɔme Ðe?
  • Aleke Wòle le Mawunyadɔgbedelawo Gome?
  • Egahiã Kokokoa?
  • Nusrɔ̃la Vavãwo Wɔwɔ Egbea
    Nyɔ!—1995
  • Gbɔgbɔmekekeli Kae Li na “Anyigba Doblukɔ” La?
    Nyɔ!—1995
  • Kristodukɔa ƒe Mawunyadɔgbedelawo Gatrɔ Yi Nuwo Dzɔtsoƒe
    Nyɔ!—1994
  • Woɖo Ta Ɣetoɖoƒe Yi Europa
    Nyɔ!—1994
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1994
g94 10/8 axa 3-4

Mawunyadɔgbedelawo—Amekawoe Wòle Be Woanye?

NYA “mawunyadɔgbedela” ate ŋu anyɔ seselelãme sẽŋuwo ɖe ame me. Enyɔa bubudedeameŋu ɖe ame aɖewo me, eye wòna woɖoa ŋku ame aɖewo abe Dada Teresa alo Albert Schweitzer si megali o ene dzi.

Gake mewɔa naneke le lãme na ame bubuwo ya o, enyɔa ŋu na ame aɖewo, alo ekua dzi na ɖewo gɔ̃ hã ne mawunyadɔgbedelawo ŋu nya ge ɖe woƒe to me. Le amesiawo gome la, nya sia ɖoa ŋku amenubeble kple dutadukɔwo ƒe amedziɖuɖu dzi na wo.

Nya aɖe si sɔ be míabia le mawunyadɔgbedelawo ŋue nye, Kekeli ƒe dɔlawoe wonye loo alo viviti ƒe dɔlawoe?

Mawunyadɔgbedela Gɔme Ðe?

Woɖe mawunyadɔgbedela gɔme be “amesi yi mawusubɔsubɔdɔgbe,” si fia be amesi yi “xɔseha aɖe ƒe subɔsubɔdɔ wɔƒe bene yeakaka woƒe dzixɔsewo alo yeawɔ dɔmenyodɔwo.”

Yesu Kristoe ɖo Kristotɔwo ƒe mawunyadɔgbededɔ anyi esime wògblɔ na eyomedzelawo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo.” Esia bia be woagblɔ Kristotɔwo ƒe gbedasia le xexeame katã.—Mateo 28:19, NW.

Mawunyadɔgbedelae Yesu ŋutɔ nye, elabena Fofoa, Yehowa, dɔe ɖa tso dziƒo be wòava wɔ dɔ le afisi nye duta, si nye le anyigba sia dzi. (Filipitɔwo 2:5-8) Eyata susu le eme be ele be Kristotɔ mawunyadɔgbedela nasrɔ̃ kpɔɖeŋu si Yesu Kristo ɖo ɖi la nyuie. Ƒe alafa gbãtɔ me mawunyadɔgbedela aɖe si wɔe alea tututue nye apostolo Paulo, amesi va zu kpɔɖeŋu si wòle be amesiwo va zu mawunyadɔgbedelawo emegbe la nasrɔ̃.—Korintotɔwo I, 11:1.

Togbɔ be Yesu tsɔ ɖe le agbemekuxi siwo nɔ fu ɖem na ameƒomea me hã la, meda alesi wòakpɔ wo gbɔ ɖe nɔƒe gbãtɔ le eƒe anyigbadzinɔɣi o. Ne ɖe wòwɔe nenema la, anye ne aɖe vi ƒã la, ke ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe gbɔɖemee wòahe vɛ. (Yohanes 6:26, 27; 12:8) Nu bubu aɖe li si xɔ asi wu. Yesu gblɔ na Pilato be: “Nye la, esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la.” Nyateƒe sia nyanya le vevie ale gbegbe, elabena Yesu gblɔ do ŋgɔ le gbedodoɖa me be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.”—Yohanes 17:3; 18:37.

Ðe Kristodukɔa ƒe mawunyadɔgbedelawo dze kpɔɖeŋu sia si Yesu ɖo ɖi la yome pɛpɛpɛa? Ðe wonye kekeli ƒe dɔlawo abe alesi wònɔ ene, eye wona kekeli si le Mawu ƒe Nya la me, si nye sidzedze si kplɔa amea yia agbe mavɔ me la klẽa? Alo ɖe wogblẽ ameawo ɖe viviti mea? Ele be mí katã míadi be míanya nya siawo ƒe ŋuɖoɖo elabena ku si Kristotɔ mawunyadɔgbedelawo tse le ƒe alafawo me la kpena ɖe mía ŋu be míadze si subɔsubɔha vavãtɔ kpakple alakpatɔ. Eyata enye dzidzɔ na Nyɔ! be yeaɖe gbeƒãe be yeadzro nya sia me tsitotsito le eƒe tata atɔ̃ siwo gbɔna me.

Aleke Wòle le Mawunyadɔgbedelawo Gome?

Mawunyadɔgbedelawo wɔ dɔ vevi aɖe le Kristo ƒe nya la kaka me. Le kpɔɖeŋu me, wo dometɔ aɖewo ɖe Biblia ɖe degbewo me eye esia na amewo te ŋu xlẽnɛ le wo ɖokui si.

Gake egbea ewɔ abe ɖe wòwɔna na mawunyadɔgbedela aɖewo be ele be amewo ƒe hadomenuhiahiãwo gbɔkpɔkpɔ naxɔ ŋgɔ na mawunyagbɔgblɔ kple gbegɔmeɖeɖe ene. Time magazine me nyati aɖe si ƒe tanyae nye “Mawunyadɔgbedela Yeye La” de dzesii be: “Mawunyadɔgbedelawo va trɔ ɖe amesiwo gbɔ wole agbagba dzem be yewoaɖo la ƒe ga kple hadome kuxiwo gbɔkpɔkpɔ ŋu geɖe wu le Protestanttɔwo dome.” Yesutɔ mawunyadɔgbedela siwo wodɔ tso United States ƒe tatɔ gblɔ tso Katolikotɔwo hã tɔ ŋu be Kristo dzixɔsewo gbɔgblɔ “va xɔ nɔƒe evelia na amewo subɔsubɔdɔ.” Eye Katolikotɔ mawunyadɔgbedelawo ƒe agbalẽŋlɔla ɖe nu me be: “Nusi woyɔna be luʋɔwo ɖeɖee nye míaƒe taɖodzinu tsã. . . . Fifia ya le Mawu ƒe kpekpeɖeŋu me míexɔ se be Mawu ƒe amenuveve kple lɔlɔ̃ le amewo katã kple subɔsubɔhawo katã dzi xoxo eye Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ aɖe wo.”

Ðe wòfia be Mawu ƒe Nya la fiafia abe alesi Yesu fiae ene megahiã oa?

Egahiã Kokokoa?

Le ƒe 1985 me la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla alafa geɖe ƒo ka na aƒe siwo ade 18,000 le Hamburg, Germania, le nusi nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe yɔ be “mawunyagbɔgblɔ na ame hahoowo to telefon dzi” me. Edze ƒã be meɖe vi boo aɖeke o. Le ƒe si va yi ƒe December me la, The European ŋlɔ be: “Germania Protestant sɔlemehawo . . . kpɔe be yewoƒe sɔlemedelawo dzi ɖe kpɔtɔ wu ame 500,000 tso ƒe 1991 me.”

Menye Germania sɔlemewo ƒe hameviwo ko dzie le ɖeɖem kpɔtɔ o. Le xexeame katã la, ame miliɔn geɖe megatsɔ ɖeke le mawusubɔsubɔ me o, eye womegabunɛ be eku ɖe alesi agbenɔnɔ le le ƒe 1990 ƒeawo me ŋu o. Gake ne míedi be míakpɔ viviti si do ɖe xexeame egbea ƒe kuxiwo gbɔ eye etsɔ me ƒe xexeme si nyo wu ƒe mɔkpɔkpɔ nanɔ mía si la, ke míehiã Kristotɔnyenye ŋuti sidzedze vevie. Se si Yesu de be woawɔ dukɔwo katã me tɔwo nusrɔ̃lawoe la nye mɔ nyui aɖe si dzi woato akpɔ nuhiahiã vevi aɖe gbɔ.

Yesu Kristo di be Kristotɔ mawunyadɔgbedelawo nanye kekeli ƒe dɔlawo, menye viviti ƒe dɔlawo o. Aleke wòle le Kristodukɔa ƒe mawunyadɔgbedelawo gome? Kpɔɖeŋu kae wosrɔ̃?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Culver Pictures

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe