Afikae Wotso va?
“ALEKE míeyɔna na mía ɖokui hafi Columbus va? . . . Le to ɖesiaɖe me egbea gɔ̃ hã la, ne mènya nu tso mía tɔ bubuwo ŋu o hã eye nèɖe nya si mía dometɔ ɖesiaɖe yɔna na mía ɖokui gɔme la, gɔmesese ɖekae nɔa wo katã ŋu ɣesiaɣi. Le mía degbe [Narragansett] me la, eyae nye Ninuog, alo amewo [le Navajogbe me la, Diné], amegbetɔwo. Nenemae míeyɔna na mía ɖokui. Eyata esime [Europatɔ] tsatsalawo va ɖo afisia la, míenya amesiwo míenye, gake míenya amesiwo woawo nye o. Eyata míeyɔ wo be Awaunageesuck, alo amedzrowo, elabena woawoe nye dutatɔwo, woawoe nye amesiwo míenya o, gake míawo míenya mía nɔewo. Eye míawoe nye amegbetɔwo.”—Tall Oak, Narragansett.
Ŋutinya siwo gblɔ afisi Amerikatɔ Gbãtɔwo tso la bɔ ŋutɔ.a Joseph Smith si ɖo Mormon-ha la nye ŋutinyagblɔla gbogbo mawo dometɔ ɖeka, kpakple Quakertɔ William Penn si xɔ se be Indiatɔwo nye Hebritɔwo, Israel-to siwo wogblɔna be wobu la ƒe dzidzimeviwo. Numeɖeɖe si dzi amegbetɔŋutinunyala akpa gãtɔ lɔ̃ ɖo egbeae nye be, Asiatɔwo to kponyigba aɖe dzi alo ɖo tɔdziʋu, va afisi woyɔna fifia be Alaska, Canada, kple United States. Domenyiŋusẽ si nye DNA si wodo kpɔ gɔ̃ hã ɖo kpe nukpɔsusu sia dzi.
Amerikatɔ Gbãtɔwo—Woƒe Tsoƒewo Kple Dzixɔsewo
Amerikatɔ Gbãtɔwo ƒe nuŋɔŋlɔmetolawo Tom Hill (Seneca) kple Richard Hill, Sr., (Tuscarora) ŋlɔ le woƒe agbalẽ si nye Creation’s Journey—Native American Identity and Belief me be: “Afimatɔ akpa gãtɔ xɔe se tso gbaɖegbe ʋĩ ke be anyigba ŋutɔŋutɔ mee wowɔ yewo tsoe, tso tsiwo me, alo tso ɣletiviwo dzi. Gake tomenukulawo fiana be kponyigba gã aɖe tso Bering ƒe Adɔ̃ Xaxɛ me, si dzi Asiatɔawo to va Amerika-nyigbawo dzi; nufiafia sia yi edzi be Asiatɔ siawoe nye Ɣetoɖoƒenyigbadzitɔ gbãtɔwo ƒe tɔgbuiwo.” Amerikatɔ Gbãtɔ aɖewo medina be yewoaxɔ nya siwo yevu ŋutigbalẽɣitɔwo gblɔna le Bering Adɔ̃ Xaxɛa ŋu dzi ase o. Wodina be yewoaxɔ yewoƒe gliwo kple ŋutinyawo dzi ase boŋ. Wobu wo ɖokui be yewoe nye anyigbadzinɔla ŋutɔŋutɔwo ke menye anyigbayeyedila siwo ʋu tso Asia vae yewonye o.
Russell Freedman gblɔ le eƒe agbalẽ si nye An Indian Winter me be: “Mandantɔwo [to si me tɔwo nɔ Missouri Tɔsisi ƒe dzigbe gome] xɔ se be Ame Gbãtɔ nye gbɔgbɔ ŋusẽtɔ aɖe, mawumeme aɖe. Agbe ƒe Aƒetɔ, nuwo katã wɔla lae wɔe le keke blema ke be wòanye domenɔla le amegbetɔ tsɛwo kple mawu, alo gbɔgbɔ gbogbo siwo le xexeame la dome.” Mandantɔwo xɔ tsiɖɔɖɔ ƒe xotutu aɖe gɔ̃ hã dzi se. “Gbeɖeka esi tsiɖɔɖɔ gã aɖe tsrɔ̃ xexeame la, Ame Gbãtɔ xɔ na wo esi wòfia wo be woatu mɔ̃ sesẽ aɖe, alo ‘aɖakaʋu,’ si aho ɖe keke tsiɖɔɖɔa dzi ke. Wowɔ xotutu me mɔ̃ ma ƒe nɔnɔmewɔwɔ sue aɖe ɖe Mandan-kɔƒe ɖesiaɖe me tsã tsɔ dea bubu eŋui—sedarti si kɔkɔ abe meta ɖeka kple afã ene, eye wotsɔ ʋuƒo tɔ kpɔ ƒo xlãe.”
Mawusubɔsubɔ ƒe nɔnɔmewɔwɔ aɖe hã le Mandantɔwo si si nye “ati kɔkɔ aɖe si ŋu wobla xefũwo kple lãfũwo ɖo eye ta dziŋɔ aɖe si wotsɔ ati wɔe eye wosi aŋɔ yibɔɔ nɛ la le etame.” Amekae nusia tsi tre ɖi na? “Nɔnɔmewɔwɔ sia tsi tre ɖi na Ochkih-Haddä, gbɔgbɔ vɔ̃ si kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe amegbetɔwo dzi gake mesẽ de Agbe ƒe Aƒetɔ kple Ame Gbãtɔ nu o.” Le Plains nutome Indiatɔwo gome la, “gbɔgbɔwo dzixɔxɔse nye gbesiagbenu matrɔmatrɔ. . . . Womatso nya vevi aɖeke me, alo adze dɔ aɖeke gɔme nenye be womebia gbe ame kɔkɔe siwo kpɔa amegbetɔwo ƒe nyawo gbɔ eye wobia kpekpeɖeŋu tso wogbɔ gbã o.”
John Bierhorst gblɔ le eƒe agbalẽ si nye The Mythology of North America me be: “Hafi hlɔ̃wo nava dzɔ la, wogblɔ be Osagetɔwo nɔa tsatsam tso afii yi afimɛ le nɔnɔme si woyɔna be ganítha me (se kple ɖoɖo manɔmee). Wotu xo be le ɣeyiɣi gbãtɔ mawo me la, tamebula aɖewo siwo woyɔna be Ame Tsitsi Suewo . . . fia nu be nuwɔŋusẽ maƒonu aɖe xɔ yame kple anyigba dzi eye wònaa ɣletiviwo, dzinu, kple ɣe zɔna le ɖoɖo deblibo nu. Wotsɔ ŋkɔ nɛ be Wakónda (vivimeŋusẽ) alo Eáwawonaka (amesi na míeva li).” Dzixɔse sia tɔgbe kee le Zunitɔwo, Siouxtɔwo, kple Lakotatɔ siwo le Ɣetoɖoƒe nutome hã si. Winnebagotɔwo hã toa nuwɔwɔ ƒe gli aɖe si me woƒoa nu le “Anyigbawɔla” ŋu le. Wogblɔ be: “Edi be kekeli nedo eye kekeli do. . . . Eye wògabu tame eye wòdi be anyigba nedo, eye anyigba sia va dzɔ.”
Le Biblia-nusrɔ̃viwo gome la, ewɔ nuku ŋutɔ be nanewo de sɔsɔ ge kple wo nɔewo le nusiwo Amerikatɔ Gbãtɔwo xɔ se kple nusiwo Biblia fia la dome, vevietɔ esiwo ƒo nu le Gbɔgbɔ Gã la, “amesi na míeva li” ŋu, esi na woɖoa ŋku Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, si gɔmee nye “Enaa Wòvaa Eme” la dzi. Nu bubu siwo de sɔsɔ ge kple wo nɔewo dometɔ aɖewoe nye Tsiɖɔɖɔa kple gbɔgbɔ vɔ̃ si woyɔna le Biblia me be Satana.—Mose I, 1:1-5; 6:17; Nyaɖeɖefia 12:9.
Amerikatɔ Gbãtɔwo ƒe Nunyawo Gɔmesese
Amerikatɔ Gbãtɔwo ƒe agbalẽŋlɔlawo Tom Hill kple Richard Hill ƒo nu le nunana atɔ̃ siwo woa ŋutɔwo gblɔ be Amerikatɔ Gbãtɔwo xɔ tso woƒe tɔgbuiwo gbɔ la ŋu. “Nunana gbãtɔ . . . nye alesi míeku ɖe anyigba la ŋui.” Eye ne ède ŋugble le woƒe ŋutinya do ŋgɔ na Europatɔwo ƒe vava kple emegbe ŋu la, amekae ate ŋu ake ɖi le nya ma ŋu? Wowɔ ɖoɖo to akpasesẽ, amefuflu, alo alakpanubablawo dzi xɔ Amerikatɔ Gbãtɔwo ƒe anyigba si wobuna nu kɔkɔe la le wo si.
“Nunana eveliae nye ŋusẽ kple gbɔgbɔ si le lãwo kple mía tɔwo dome.” Bubu si Amerikatɔ Gbãtɔwo dea lãwo ŋu la dze le mɔ geɖe nu. Nuɖuɖu, avɔtata, kple nɔƒe ta koe wodaa ade ɖo. Yevu ŋutigbalẽɣitɔ siwo me ʋukɔkɔɖi kpakple ŋukeklẽ etsɔme ŋu mabumabui yɔ fũ ye tsrɔ̃ to ɖa keŋkeŋ kloe, ke menye afimatɔ gbãtɔwoe o.
“Nunana etɔ̃liae nye gbɔgbɔ siwo nye míaƒe ƒometɔ siwo le agbe eye woƒoa nu kple mí to woƒe legba siwo míewɔna la dzi.” Xexeame godoo ƒe subɔsubɔha gbogbo geɖe ƒe nufiafia vevi aɖee nye sia—gbɔgbɔ alo luʋɔ aɖe si nɔa agbe le ku megbe.b
“Eneliae nye sidzedze amesiwo ƒomevi míenye, si míeɖena fiana hedoa ŋusẽe to mía detɔwo ƒe kɔnuwɔwɔwo me.” Egbea la, esia dzena vavã le towo ƒe azãwo ɖuƒe, afisi ameawo kpea ta hedzroa woƒe towo ƒe nyawo me le, alo le hadomeƒuƒoƒowo me, afisi toawo ƒe ɣeɖuɖu kple hadzidzi yia edzi lena. Indiatɔwo ƒe awudodowo, ʋuƒoƒoawo ƒe ɖiɖi, ɣeɖuɖuawo, ƒome kple hlɔ̃me tɔwo ƒe takpekpewo—wo katã ɖea toawo ƒe kɔnuwo fiana.
“Nunana mamlɛae nye asinudɔwɔwɔ—míaƒe dzixɔsewo zua nu ŋutɔŋutɔwo ne míetrɔ dzɔdzɔmenuwo wɔ nusiwo dzi míexɔna sena kple adegbeƒonuwoe.” Eɖanye kusilɔlɔ̃, avɔlɔlɔ̃, zememe kple nutata ɖe wo ŋu, atsyadodo na sikanuwo kple atsyɔ̃ɖonuwo, alo eɖanye asinudɔ bubu aɖe wɔwɔe o, edo ƒome kple woƒe kɔnu kple dekɔnu tso blema ke.
To siwo li la sɔ gbɔ ale gbegbe be ahiã agbalẽ geɖe hafi míate ŋu aƒo nu le woƒe kɔnu me dzixɔsewo kple nuwɔnawo katã ŋu. Nusi me míetsɔ ɖe le fifiae nye be, Ŋusẽ kae Europatɔ miliɔn geɖeawo siwo dometɔ geɖe wobu be wonye Kristotɔwo la ƒe vava kpɔ ɖe Amerikatɔ Gbãtɔawo dzi?
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Edze ƒã be nya “Amerikatɔ Gbãtɔwo” fia to siwo le Canada hã. Ame geɖe xɔe se be esime ame gbãtɔ siwo ʋu tso Asia nɔ mɔ zɔm ɖo ta dziehenyigba siwo xɔ dzo wu dzi la, woto Canada ƒe dzieheɣetoɖoƒekpa dzi.
b Biblia megblɔ nya aɖeke tsɔ de luʋɔ alo gbɔgbɔ aɖe si nɔa agbe le ku megbe dzi o. (Kpɔ Mose I, 2:7; Xezekiel 18:4, 20.) Kpɔ numeɖeɖe deto bubuwo le nyati sia ŋu le agbalẽ si nye Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee, axa 52-7, 75, kple eƒe nyawo diƒe le “Luʋɔ makumaku, edzixɔxɔse” te. Agbalẽ sia talawoe nye Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc.