INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 5/8 axa 30
  • Amerikatɔ Gbãtɔwo Kple Biblia la

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amerikatɔ Gbãtɔwo Kple Biblia la
  • Nyɔ!—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amekae Dze Egɔme?
  • Etsɔme Kae Li Na wo?
    Nyɔ!—1996
  • Alesi Woƒe Agbenɔnɔ Trɔe
    Nyɔ!—1996
  • Afikae Wotso va?
    Nyɔ!—1996
  • Amerikatɔ Gbãtɔwo—Azã Aɖe Ƒe Nuwuwu
    Nyɔ!—1996
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1999
g99 5/8 axa 30

Amerikatɔ Gbãtɔwo Kple Biblia la

TSO keke esime Europatɔwo va ƒo ɖe Amerika-nyigbawo dzi la, ame geɖe dze agbagba be yewoafia Biblia la Amerikatɔ Gbãtɔawo.

Tso ƒe alafa 17 lia me ke la, woɖe Biblia bliboa gɔme ɖe Dziehe Amerika Indiatɔwo ƒe gbe ade me. Gbãtɔe nye John Eliot ƒe Biblia, si wota le ƒe 1663 me na Massachusett Indiatɔ siwo te ɖe Boston kple Roxbury, Massachusetts ŋu. Harvey Markowitz ŋlɔ ɖe Encyclopedia of North American Indians me be: “Togbɔ be fifia ŋutinyaŋlɔla geɖe le gbe tɔm dutanyigbaxɔla siwo wɔ nubabla [aɖe si nye “be ‘yewoaʋu ŋku’ na Xexe Yeyea me tɔ ‘ŋkumaʋulaawo’ ”] ƒe nyateƒetoto hã la, alesi gbegbe Eliot ƒe ɖokuitsɔtsɔna de toe dze le ƒe wuiatɔ̃ siwo wòtsɔ ku kutri srɔ̃ Massachusettgbea eye wòto gbea gbɔgblɔ ƒe ŋɔŋlɔdzesiwo vɛ be wòaɖe Biblia me gɔme la me. Eliot bu dɔ sesẽ sia wɔwɔ be ‘enye dɔ kɔkɔe kple dɔ si le dzadzɛ, si wòle be woatsɔ vɔvɔ̃, beléle, kple bubu awɔe.’ ”

Togbɔ be woɖe Biblia ƒe akpa aɖewo me ɖe Amerikatɔ Gbãtɔwo ƒe gbegbɔgblɔ bubuwo me hã la, ƒe alafa eve sɔŋ va yi hafi wogata Biblia blibo bubu, si nye gɔmeɖeɖe si le Ɣetoɖoƒe Creegbe me (ƒe 1862) si Britaintɔwo Kple Duta Biblia Habɔbɔ me tɔwo ta. Eteƒe medidi o gbegɔmeɖeɖe bubuwo kplɔe ɖo siwo nye: Ɣedzeƒe Artik Inuit (ƒe 1871); Dakota, alo Ɣedzeƒe Sioux (ƒe 1880); kple Gwich’in, si nye Amerikatɔ siwo gogo snonyigba ƒe gbegbɔgblɔ aɖe (ƒe 1898).

Biblia blibo yeyetɔ kekeakee nye Navajo gɔmeɖeɖea, si Biblia-habɔbɔ eve wɔ ɖeka hewɔ dɔ le eŋu ƒe 41 sɔŋ eye wotae le ƒe 1985 me. Ne mede ɖeke o hã la, Hebri kple Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewo li le Indiagbe 46 ya teti me fifia.

Amekae Dze Egɔme?

Markowitz gblɔ be: “Enye nusi ɖe dzesi . . . be Protestanttɔwo koŋue dze agbagba le Biblia gɔmeɖeɖe dɔa ŋu wu.” Nuŋlɔla sia ke yi edzi gblɔ be do ŋgɔ na Vatikan ƒe Aɖaŋuɖotakpekpe Evelia (ƒe 1962) la, Katoliko-ha la “gbe be woagamã Biblia na hameviawo o, kple susu be ame tsɛwo mexɔ . . . hehe nyui be woate ŋu ase Biblia me nyawo gɔme nyuie o.”

Ne mede ɖeke o hã la, Biblia-habɔbɔ vovovo le Biblia gɔmeɖeɖedɔ 20 ya teti wɔm fifia le Biblia gɔme ɖem ɖe Amerikatɔ Gbãtɔ siwo le Dziehe Amerika ƒe gbegbɔgblɔwo me, siwo dome Cheyenne, Havasupai, Micmac, kple Zuni hã le. Wole asi trɔm le Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖeɖe yeye aɖe ŋu na Navajo dukɔa. Wole asi trɔm le gɔmeɖeɖe bubuwo ŋu na Indiatɔ siwo le Titina kple Anyiehe Amerika.

Yehowa Ðasefowo mele kadodo me kple Protestant habɔbɔ aɖeke o. Gake wole dɔ dzi vevie le Amerikatɔ Gbãtɔwo katã dome, eye emetsonue nye Amerikatɔ Gbãtɔwo dometɔ geɖe le Biblia ƒe nyateƒe siwo ku ɖe “dziƒo yeye kple anyigba yeye,” si me dzɔdzɔenyenye anɔ ŋu la xɔm. (Petro II, 3:​13) Ðasefoawo le Biblia siwo le Amerikatɔawo degbe me fifia la zãm. Wole Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo gɔme Gbetakpɔxɔ Habɔbɔ ɖe ɖe Amerikatɔ Gbãtɔwo ƒe gbe vovovowo me hã zãm, siwo dome Aymara, Cree, Dakota, Guarani, Inuktitut, Iroquois, Navajo, Quechua, kple gbegbɔgblɔ asieke bubuwo hã le.​—Kpɔ September 8, 1996 ƒe Nyɔ!

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

“Yehowa” dze le Navajo Biblia me le Psalmo 68:4

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe