Ta 75
Dzidzɔkpɔkpɔ ƒe Dzɔtsoƒe
LE YESU ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me le Galilea la, ewɔ nukunuwo, eye fifia egawɔ esiawo ake le Yudea. Le kpɔɖeŋu me, enyã gbɔgbɔ vɔ̃ si na ŋutsu aɖe mete ŋu ƒoa nu o la do goe le eme. Ewɔ nuku na amehawo gake glãkahelawo gblɔ tsitretsiɖeŋunya mawo ke si wogblɔ le Galilea la. Wogblɔ be, “Enyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do go to Beelzebul, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzi.” Ame bubuwo di ɖaseɖiɖi si lolo wu tso Yesu gbɔ le amesi wònye la ŋu, eye wole etem kpɔ be wòana dzesi yewo tso dziƒo.
Esi Yesu nya nusi susum wole ta la, ena ŋuɖoɖo ma ke si wòna glãkahelawo le Galilea la amesiwo le Yudea hã. Egblɔ be fiaɖuƒe ɖesiaɖe si mã ɖe eɖokui ŋu la adze anyi. Eyata ebia be: “Ne Satana hã mã ɖe ye ŋutɔ ŋuti la, aleke eƒe fiaɖuƒe la anɔ anyii mahã?” Efia afɔku si me glãkahelawo le esime wògblɔ be: “Ne menyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do go to Mawu ƒe asibide dzi la, ekema mawufiaɖuƒe la ɖi ɖe mi.”
Ele be amesiwo le Yesu ƒe nukunuwo kpɔm la nawɔ nu abe alesi amesiwo kpɔ Mose ƒe nukunuwo ƒe alafa geɖewo do ŋgɔ la wɔ nue ene. Wodo ɣli be: “Mawu ƒe asibidee!” Eye “Mawu ƒe asibidee” ŋlɔ Se Ewoawo ɖe kpe kpakpɛwo dzi. Eye “Mawu ƒe asibide”—eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe alo ŋusẽ wɔdɔ—ye na ŋusẽ Yesu be wònyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe eye wòda gbe le dɔnɔwo ŋu. Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɖi ɖe glãkahela siawo vavã elabena Yesu si nye Fiaɖuƒea ƒe Fia si wotia la le wo dome ŋutɔŋutɔ.
Azɔ Yesu gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si fia be yeƒe ŋutete si yetsɔ nyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe la nye ɖaseɖiɖi be yekpɔ ŋusẽ wu Satana, abe alesi ame aɖe si sesẽ wu la vana eye wòɖua amesi bla akpa nyuie hele eƒe fiasã ŋu dzɔm la dzi ene. Egagblɔ kpɔɖeŋu si wògblɔ le Galilea tso gbɔgbɔ makɔmakɔ aɖe ŋu la hã ake. Gbɔgbɔ la do go le ame aɖe me gake esi amea metsɔ nu nyuiwo ɖo eteƒe si tsi ƒuƒlu o la, gbɔgbɔa trɔ gbɔ kple gbɔgbɔ vɔ̃ adre bubuwo eye nɔnɔme si me amea va nɔ la vɔ̃ɖi wu tsã.
Esi wonɔ to ɖom nufiafia siawo la, ewɔ dɔ ɖe nyɔnu aɖe dzi le ameha la dome ale be wòdo ɣli sesĩe be: “[Dzidzɔtɔe nye] dɔ, si me nènɔ, kple no, si nèno.” Esi wònye Yuda-nyɔnu ɖesiaɖe ƒe didie nye be yeanye nyagblɔɖila aɖe, vevietɔ Mesia la dada ta la, gɔmesese le eŋu be nyɔnua gblɔ nya sia. Edze ƒã be esusui be adzɔ dzi na Maria vevie be yenye Yesu dada.
Gake Yesu ɖɔ nyɔnua ƒe nya si ku ɖe dzidzɔ vavãtɔ ƒe dzɔtsoƒe ŋu la ɖo enumake. Egblɔ be: “[Dzidzɔtɔwoe nye] amesiwo le mawunya la sem, eye wole edzi wɔm la boŋ.” Yesu mewɔ nu ɣeaɖekeɣi kpɔ tsɔ fia be ele be woatsɔ bubu tɔxɛ na ye dada Maria o. Ke boŋ eɖee fia be woakpɔ dzidzɔ vavãtɔ le Mawu ƒe subɔla anukwaretɔ nyenye me boŋ eye menye le ŋutilãmeƒomedodo alo dɔ ɖedzesi aɖe wɔwɔ me o.
Abe alesi Yesu ka mo na amesiwo nɔ Galilea lae ene la, nenema ke wòka mo na amesiwo le dzesi biam tso dziƒo le Yudea hãe. Egblɔ na wo be womana dzesi aɖeke wo o negbe Yona ƒe dzesi la ko. Yona zu dzesi to tɔmelã la ƒe dɔme nɔnɔ ŋkeke etɔ̃ kple eƒe gbeƒãɖeɖe dzideƒotɔe si na Niniwetɔwo trɔ dzime la dzi. Yesu gblɔ be: “Eye kpɔ ɖa, amesi wu Yona, le afisi.” Nenema ke Salomo ƒe nunya wɔ nuku na Seba-fianyɔnu la. Yesu gagblɔ be: “Eye kpɔ ɖa, amesi wu Salomo, le afisi.”
Yesu ɖe nu me be ne ame aɖe si akaɖi la, medanɛ ɖe ɣaɣlaƒe alo ɖe afianu te o ke boŋ edanɛ ɖe akaɖiti dzi be amewo nakpɔ keklẽ la. Ðewohĩ enɔ fiafiam be yeƒe nufiafia kple nukunuwo wɔwɔ le dzimesẽla siawo siwo le yeƒe nyaselawo dome ŋkume la sɔ kple akaɖi ƒe keklẽ ɣaɣla. Ame mawo ƒe ŋku dzi medza o alo womele nu kpɔm nyuie o; eyata taɖodzinu si tae wòwɔ nukunuawo la meva me o.
Ðeko Yesu nyã gbɔgbɔ vɔ̃ do goe eye wòna ame maƒonu aɖe ƒo nu teti enye ema. Ele be esia naʋã amesiwo ƒe ŋku dzi dza alo wole nu kpɔm nyuie be woakafu ŋutikɔkɔe ƒe nukunu sia eye woaɖe gbe ƒã nyanyuiea! Gake menye esiae dzɔ le glãkahela siawo ya gome o. Eyata Yesu ƒo nya ta be: “Eyaŋuti kpɔ nyuie, bena kekeli, si le mewò la, naganye viviti o. Azɔ, ne wò ŋutilã blibo la me klẽ, eye afi aɖeke medo viviti o la, eme blibo la katã laklẽ, abe alesi akaɖi kple eƒe keklẽ klẽna na wò ene.” Luka 11:14-36; Mose II, 8:14, 15; Mateo 12:22, 28.
▪ Aleke amewo wɔ nu ɖe Yesu ƒe gbedada le ŋutsua ŋu la ŋutie?
▪ Nukae nye “Mawu ƒe asibide,” eye aleke Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɖi ɖe Yesu ƒe nyaselawoe?
▪ Nukae nye dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ ƒe dzɔtsoƒe?
▪ Aleke ame ƒe ŋku dzi adzae?