INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp17 No. 4 axa 4-7
  • Nya Si Biblia Gblɔ Tso Agbe Kple Ku Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Si Biblia Gblɔ Tso Agbe Kple Ku Ŋu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • BIBLIA ÐO NYAA ŊU EME KƆ
  • ALAKPANUFIAFIAWO VA BƆ
  • “NYATEƑE LA ANA ABLƆÐE MI”
  • Aleke Gbegbee Nèxɔ Tsitretsitsia Dzi Se?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Mɔkpɔkpɔ Si Nyo Wu Na Luʋɔ la
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Afikae Ame Kukuwo Le?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Agbenɔnɔ Le Ku Megbe—Nuka Dzie Amewo Xɔ Se?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
wp17 No. 4 axa 4-7
Ame kuku aɖe le yɔdo me

NYATI SI LE AKPAA DZI | AGBE KPLE KU—NYA KAE BIBLIA GBLƆ TSO EŊU?

Nya Si Biblia Gblɔ Tso Agbe Kple Ku Ŋu

Nuwɔwɔwo ŋutinya si le Biblia-gbalẽ si nye Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me na míenya be Mawu gblɔ na ŋutsu gbãtɔ Adam be: “Àte ŋu aɖu abɔmetiawo katã faa. Ke sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia ya la, mègaɖu eƒe tsetse aɖeke o, elabena gbe si gbe nàɖu eƒe ɖe la, ku kee nàku.” (1 Mose 2:16, 17) Nya ma fia kpuie ko be ne ɖe Adam ɖo to Mawu la, anye ne meku o, ke boŋ ayi edzi anɔ agbe le Eden-bɔa me.

Adam kple Xawa ku tɔgbui kple mama

Nublanuitɔe la, le esi Adam natiae be yeaɖo to ne yeanɔ agbe tegbee teƒe la, etiae boŋ be yeaŋe aɖaba ƒu Mawu ƒe sededea dzi eye wòɖu ati si ŋu wode se ɖo, si srɔ̃a Xawa tsɔ nɛ la. (1 Mose 3:1-6) Eƒe tomaɖomaɖoa me tsonuwo gale nu gblẽm le mía ŋu kokoko. Apostolo Paulo ɖe eme ale: “To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti.” (Romatɔwo 5:12) “Ame ɖeka” mae nye Adam. Gake nu vɔ̃ kae wòwɔ, eye nu ka tae wòhe ku vɛ?

Nu si Adam wɔ, si nye ale si wòɖoe koŋ gbe toɖoɖo Mawu alo da eƒe sea dzi la, nye nu vɔ̃. (1 Yohanes 3:4) Eye nu vɔ̃ ƒe tohehee nye ku, abe ale si Mawu gblɔe na Adam ene. Ne ɖe Adam kple vi siwo wòava dzi ayi edzi aɖo to Mawu la, anye ne nu vɔ̃ manɔ wo ŋu o eye womaku akpɔ o. Mawu mewɔ amegbetɔwo be woaku o, ke boŋ ewɔ wo be woanɔ agbe tegbee.

Ðikeke mele eme o be “ku la kaka ɖe amewo katã dome,” abe ale si Biblia gblɔe ene. Gake ɖe amegbetɔ ƒe akpa aɖe gayia edzi nɔa agbe le ku megbea? Ame geɖe gblɔna be ɛ̃ míaƒe akpa aɖe, si woyɔna be luʋɔ, mekuna o. Ke hã esia afia be Mawu da alakpa na Adam. Le mɔ ka nu? Elabe ne míaƒe akpa aɖe yia edzi nɔa agbe le teƒe bubu aɖe le ku megbea, ke efia be ku menye nu vɔ̃ ƒe tohehe abe ale si Mawu gblɔe ene o. Biblia gblɔ be: ‘Mawu mate ŋu aka aʋatso o.’ (Hebritɔwo 6:18) Nya lae nye be Satana ye da alakpa na Xawa be: “Miele kuku ge akpɔ o.”—1 Mose 3:4.

Biabia lae nye be, Ne luʋɔ makumaku ƒe nufiafia nye alakpaa, ke nu kae dzɔna ɖe ame dzi ne eku?

BIBLIA ÐO NYAA ŊU EME KƆ

Nuwɔwɔwo ŋutinya si le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me gblɔ be: “Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me, eye ame la zu ame gbagbe.” Woɖe nya si nye “ame gbagbe” tso Hebrigbe me nya ne’phesha me, eye ne woaɖe egɔme tẽe la, efia, “nu si gbɔna.”—1 Mose 2:7, etenuŋɔŋlɔ.

Eya ta Biblia na eme kɔ be womewɔ luʋɔ si mekuna o de amegbetɔwo me o. Ke boŋ amegbetɔ ɖe sia ɖe nye “ame gbagbe.” Esia ta ne ètsa le Biblia me ʋuu hã la, màkpɔ nyagbɔgblɔ “luʋɔ makumaku” le afi aɖeke o.

Esi wònye be Biblia megblɔ be luʋɔ si mekuna o le amegbetɔwo me o ɖe, ke nu ka tae subɔsubɔha geɖewo fiaa nu be luʋɔ mekuna o? Ŋuɖoɖoa kplɔ mí yi blema Egipte ke.

ALAKPANUFIAFIAWO VA BƆ

Helatɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla Herodotus si nɔ anyi le ƒe alafa atɔ̃lia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me gblɔ be Egiptetɔwoe nye “ame gbãtɔ siwo te tɔ ɖe edzi be luʋɔ mekuna o.” Blema Babilontɔwo hã xɔe se be luʋɔ mekuna o. Kaka Aleksanda Gãtɔ naxɔ Titina Ɣedzeƒe nutowo le 332 D.Y. la, Helatɔ siwo nye xexemenunyalawo na nufiafia sia kaka, eye eteƒe medidi o eɖo Hela Fiaɖuƒea katã me.

Màkpɔ nyagbɔgblɔ “luʋɔ makumaku” le Biblia ƒe afi aɖeke o

Le ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me la, Yudatɔwo ƒe kɔmama xɔŋkɔ eve siwo nye Essenitɔwo kple Farisitɔwo susu be luʋɔ la nɔa agbe le ame ƒe ku megbe. Yudatɔwo Ƒe Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Helatɔwo kple xexemenunyala Plato ƒe nufiafiawo koŋ gbɔe wòtso be Yudatɔwo va xɔ luʋɔ makumaku dzi se.” Nenema kee Yudatɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla Josephus si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me gblɔ be nufiafiaa metso Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me o, ke boŋ enye “Helatɔwo ƒe dzixɔse.” Eya bu dzixɔse ma be enye gliwo kple nyakpakpawo.

Esi Helatɔwo ƒe dzixɔsewo va le ta kekem la, ame siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye hã va xɔ alakpanufiafia sia dzi se. Le ŋutinyaŋlɔla Jona Lendering ƒe nya nu la, “Plato ƒe susu si nye be míaƒe luʋɔ nɔ teƒe nyui aɖe tsã gake fifia wòva le xexe si me fukpekpe le me na wòle bɔbɔe be wotsɔ Plato ƒe nufiafiawo tsaka Kristotɔwo tɔ.” Ale wòdzɔe be alakpanufiafia si nye luʋɔ makumaku va ge ɖe “Kristotɔwo” ƒe sɔlemehawo me eye wòva nye woƒe dzixɔse vevitɔ.

“NYATEƑE LA ANA ABLƆÐE MI”

Le ƒe alafa gbãtɔ me la, apostolo Paulo gblɔ nuxlɔ̃amenya sia be: “Nya si tso gbɔgbɔ me la gblɔe kɔtɛ be, le ɣeyiɣi siwo ava va me la, ame aɖewo ade megbe tso xɔse la gbɔ, eye woalé to ɖe beblegbɔgbɔwo ƒe nyawo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafiawo ŋu.” (1 Timoteo 4:1) Nya mawo nye nyateƒe egbea! Luʋɔ makumaku ƒe nufiafia nye “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafiawo” dometɔ ɖeka. Metso Biblia me o eye edzɔ tso blema alakpasubɔsubɔwo kple xexemenunyalawo ƒe nufiafiawo me.

Dzidzɔe wònye na mí be Yesu gblɔ be: “Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.” (Yohanes 8:32) Esi míeva nya Biblia me nyateƒea ta la, ena míevo tso nufiafia siwo medea bubu Mawu ŋu o kple nuwɔna siwo ame siwo le subɔsubɔha geɖe me dona ɖe ŋgɔ la me. Gawu la, nyateƒe si le Mawu ƒe Nyaa me na míevo tso kɔnuwo kple aʋatsodzixɔse siwo ku ɖe ku ŋu la si me.—Kpɔ aɖaka si nye “Afi Kae Ame Kukuwo Le?”

Mía Wɔlaa meɖoe be amegbetɔwo nanɔ agbe ƒe 70 alo 80 le anyigba dzi eye emegbe woava nɔ agbe tegbee le teƒe bubu aɖe o. Tameɖoɖo si nɔ esi le gɔmedzedzea me na amegbetɔwoe nye be woanɔ agbe tegbee le anyigba dzi afi sia eye woaɖo to ye. Tameɖoɖo sia ɖe ale si Mawu lɔ̃ amegbetɔwoe la fia eye ava eme godoo. (Malaki 3:6) Psalmowo ŋlɔla aɖe ka ɖe esia dzi na mí esi gbɔgbɔ ʋãe wògblɔ be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nu si Biblia gblɔ tso agbe kple ku ŋu le agbalẽ si nye Nu Kae Biblia Fia Mí? ƒe ta 6 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae. Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org/ee alo tsɔ QR-xlẽnu ɖe foto dzesi sia.

a Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo abe King James Version kple Catholic Douay Version, ɖe nya ne’phesh gɔme be “luʋɔ gbagbe,” eye Biblia siwo li fifia dometɔ geɖe ɖe eme be “nu gbagbe,” The New English Bible ɖe eme be “ame gbagbe,” New International Version kple The Jerusalem Bible; alo Today’s English Version ɖe eme kpuie ko be “le agbe.”

Ðe Amegbetɔwo Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbeea?

Ƒe ʋɛ aɖewoe nye si va yi la numekulawo gblɔ be yewoke ɖe tɔmegbe aɖewo ŋu. Wosusui be woli ƒe akpe geɖee nye esia, ɖewohĩ woawoe nye nu gbagbe siwo nɔ agbe wòdidi wu le anyigba dzi. Nu miemieawo nye ƒumegbe ƒomevi aɖe (Posidonia oceanica) si le Mediterranea ƒua me tso Spain va ɖo Cyprus.

Ne nu miemiewo ate ŋu anɔ agbe didi nenemaa, ke amegbetɔwo ya ɖe? Dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo srɔ̃a nu tso tsitsi ŋu la ka ɖe edzi be amegbetɔwo ate ŋu anɔ gbe didi. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ be agbalẽ aɖe si ku ɖe nya sia ŋu la ƒo nu tsitotsito tso “nu yeye sia si ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ke ɖo” la ŋu. Ne nu si ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le kekem ɖo ana be amegbetɔwo naganɔ agbe didi o, mienya haɖe o.

Gake menye nu siwo ŋu dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le kekem ɖo ye ana amegbetɔwo nanɔ agbe tegbee o. Biblia gblɔ tso mía Wɔla Yehowa Mawu ŋu be: “Gbɔwòe agbedzɔƒe le.” (Psalmo 36:9) Yesu do gbe ɖa na Mawu be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Nyateƒeae nye be Yehowa Mawu, atsɔ agbe mavɔ aɖo eteƒe na mí ɖe agbagba siwo dzem míele be míanya eya kple Via Yesu Kristo ta.

Tɔmegbe

Numekula aɖewo susui be tɔmegbe siawo ƒomevi aɖewo le agbe ƒe akpe geɖee nye esia

Afi Kae Ame Kukuwo Le?

Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre

Kpuie ko la, Biblia gblɔ be ame kukuwo le yɔdo me eye wole lalam be woafɔ yewo ɖe tsitre. (Yohanes 5:28, 29) Womele fu kpem alo le veve aɖeke sem o, elabe “kukuawo meganya naneke kura o.” (Nyagblɔla 9:5) Le Yesu ƒe nufiafiawo me la, etsɔ ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ ayi eme ʋĩi. (Yohanes 11:11-14) Eya ta mele be míavɔ̃ ame siwo dɔ alɔ̃ le ku me alo anɔ agbagba dzem be míanɔ nu nam wo be míaƒe nu nadze wo ŋu o. Womate ŋu akpe ɖe mía ŋu loo alo atu nu kpli mí o, elabe “dɔwɔwɔ alo ɖoɖowɔwɔ alo sidzedze alo nunya mele Tsiẽƒe” o. (Nyagblɔla 9:10) Ke hã Mawu ato tsitretsitsia dzi aɖe ku ɖa tegbee.—1 Korintotɔwo 15:26, 55; Nyaɖeɖefia 21:4.

Nu Si Ta Nàte Ŋu Aka Ðe Nya Si Biblia Gblɔ Dzi

Míate ŋu aka ɖe Biblia la dzi bliboe be emenyawo nye nyateƒe. Nu ka tae? De ŋugble le nya siawo ŋu kpɔ:

  • Koklofũ kple nuŋlɔtsigoe

    Agbalẽŋlɔla Wɔnuku La: Agbalẽ vovovo 66 ye le Biblia me eye ame 40 ye ŋlɔe le ɣeyiɣi ƒe didime si nye ƒe 1,600. Wodze eŋɔŋlɔ gɔme tso ƒe 1513 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) va ɖo ƒe 98 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) lɔƒo. Ke hã, emenyawo wɔ ɖeka eye wode nu wo nɔewo me nyuie. Esia fia be Mawu ŋusẽkatãtɔ la ŋutɔe nye Biblia la Ŋlɔla. Eya gbɔe nu siwo katã woŋlɔ la tso.

  • Sɔti

    Ŋutinyawo De Pɛpɛpɛ: Nudzɔdzɔ siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la sɔ pɛpɛpɛ kple ŋutinya siwo dzi woɖo kpee la. Agbalẽ aɖe (A Lawyer Examines the Bible) gblɔ be: “Esi agbalẽ siwo ƒo nu tso lɔlɔ̃nyawo, nyakpakpawo kple aʋatsoɖaseɖiɖiwo ŋu gblɔ nudzɔdzɔwo abe teƒe didi aɖe kple ɣeyiɣi didi aɖee wodzɔ ene la, . . . Biblia ŋutinyawo ya yɔa ɣletiŋkekea kple teƒe si tututu nuawo dzɔ le wòsɔna ɖe edzi ta.”

  • Atɔm

    Ede Pɛpɛpɛ Le Dzɔdzɔmeŋutinunya Me: Togbɔ be menye dzɔdzɔmeŋutinunyagbalẽe Biblia nye o hã, nu siwo wogblɔ le eme tso dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu la, ƒo nu siwo wonya ɣemaɣi ta sãsãsã. Le kpɔɖeŋu me, do ŋgɔ kura hafi amewo nava nya nu tso dɔlékuiwo kple dɔxɔleameŋuwo ŋu la, Mose Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia ta 13 kple 14 lia ya ƒo nu tso dzadzɛnyenye kple dɔnɔwo ɖeɖe ɖe aga ŋu le se siwo wotsɔ na Israel-viwo me. Biblia gaƒo nu tso anyigba ŋu be ele nogoo le yame eye mele naneke dzi o. Nyitsɔ laa ko hafi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va se nyateƒenya sia gɔme.—Hiob 26:7; Yesaya 40:22.

Esiawo nye kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo siwo ɖo kpe edzi be Mawu gbɔe Biblia tso; Biblia ŋutɔ gblɔ be: “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo.”—2 Timoteo 3:16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe