Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu ‘Woawɔ Ðe Nusiwo Woŋlɔ Ði la Dzi’
1 Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me nyagblɔɖinyawo ‘sese’ ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Be wòaɖe vi na mí bliboe la, ele be ‘míawɔ ɖe’ nusiwo woŋlɔ ɖi la ‘dzi.’ (Nyaɖ. 1:3) Nusrɔ̃lawo wɔwɔ ƒe afɔɖeɖe gbãtɔ koe agbalẽ nana ame nye. Ne míenya ke ɖe ɖetsɔlemetɔ siwo lɔ̃ be yewoase nya la ŋu ko la, ele be míatrɔ ayi kaba aɖakpe ɖe wo ŋu woagasrɔ̃ nu geɖe. Nya kae míate ŋu agblɔ ne míetrɔ yi?
2 Ne kpɔɖeŋusɔdola eneawo ŋue nèƒo nu tsoe le yiyi zi gbãtɔ me la, àte ŋu adze wò dzeɖoɖoa gɔme ale:
◼ “Nyitsɔ la, míeƒo nu tso Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa kple alesi eƒe nyagblɔɖiwo le eme vam egbea le xexeamenudzɔdzɔwo mee ŋu. Nyaɖeɖefia ta 6 gblɔ kpɔɖeŋusɔdola ene ƒe sɔdodo si ahe ŋutasesẽ kple xaxa geɖe va anyigba dzii la ŋu nya ɖi. Míekpɔ nusiawo wole eme vam kɔte. Ame geɖe bua ɣeyiɣi si me xaxa siawo nu ava yi ale be míate ŋu ase vivi le ŋutifafa xexeme ŋu. Nukae nye wò susu? [Na wòaɖo eŋu.] Yesu ƒe nusrɔ̃lawo di be yewoanya nya sia ƒe ŋuɖoɖo.” Xlẽ Mateo 24:3, afisi wobia nya la le, kple kpukpui 34, afisi Yesu ɖo eŋu le. Ne exɔ nya la nyuie la, ke gaɖe nu geɖe me nɛ le ŋkeke mamleawo ŋu.
3 Ne Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋue nèƒo nu tsoe esi nèyi zi gbãtɔ la, àte ŋu abia nya sia atsɔ ayi dzeɖoɖoa dzii:
◼ “Dziɖuɖu ka tɔgbee nèbu be ehiã be wòakpɔ ameƒomea ƒe nuhiahiãwo katã gbɔ? [Na wòaɖo eŋu. Xlẽ Yeremya 10:23.] Abe alesi nàkpɔe ene la, Mawu meɖoe gbeɖe be amegbetɔ nakpɔ eya ŋutɔ ƒe nyawo gbɔ o. Esi wote ema wɔwɔ kpɔ Mawu ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee lae he míaƒe kuxi akpa gãtɔ vɛ. Mawu ƒe Fiaɖuƒe ɖeka koe ate ŋu ana nusiwo míehiã la mí.” Ʋu Reasoning-gbalẽa ƒe axa 230 eye nàdzro mawunyakpukpui siwo le tanya sue gbãtɔ te la me. Yi numedzodzroa dzi eye nàɖe nusita míate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu bliboe me nɛ.
4 Ðewohĩ àdi be yeagblɔ nya sia atsɔ adze dzeɖoɖo gɔme tso Ŋɔŋlɔawo me:
◼ Tsɔ nɔnɔmetata si le Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa ƒe axa 302 la fiae, eye nàgblɔ be: “Ameƒomea ase vivi le nɔnɔme siawo me ne wowɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene. Gake ame aɖewo vɔ̃na be nɔnɔme manyomanyowo agatrɔ agbɔ. Ema madzɔ gbeɖe o elabena ame vɔ̃ɖiwo katã nu ayi.” Xlẽ Psalmo 37:10, 11. Kpe aƒemenɔla la be wòawɔ míaƒe Biblia-srɔ̃ɖoɖo si li la ŋudɔ bene wòagasrɔ̃ nu geɖe.
5 Ne trakt si nye “Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me” ye nènae la, ke tsɔ nɔnɔmetata si le eƒe akpa dzi fiae eye nàxlẽ mememã 1 si le tanya sue si gblɔ be “Agbe Nɔnɔ le Mawu ƒe Xexeme Yeyea Me” te la nɛ. Emegbe nàgblɔ be:
◼ “Ne míedi be míanɔ agbe le xexe si le alea me la, nu vevi aɖe li wòle be míawɔ.” Xlẽ memamã mamletɔ eye nàtsɔ Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa nɛ.
6 Esi wònye míaƒe taɖodzinue nye be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme ta la, ehiã be míawɔ tɔtrɔyiwo nyuie. Ðo ɣeyiɣi ɖe wo ŋu eye nàdzra ɖo nyuie. Ne míewɔe alea la, míate ŋu akpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu nyuie.—Nyaɖ. 22:6, 7.