Tɔtrɔyi Be Míatu Ðetsɔleme Ðo Ðe Biblia Me
1 Tɔtrɔ gãwo va xexeame le ƒe alafa sia me. Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi le nu geɖe me hã la, ƒomegbenɔnɔ le gbegblẽm ɖe edzi. Ame miliɔn geɖe ɖe mɔ amegbetɔwo ƒe xexemenunya si le tɔtrɔm ɣesiaɣi la le mɔ fiam wo. Gake Yehowa ƒe amewo ya kpɔ viɖe geɖe tso eƒe Nya la me léle ɖe asi me. Aleke míate ŋu akpe ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu woakpɔe adze sii be Biblia la ɖeɖeko sie mɔfiame nyuitɔ le na míaƒe egbeŋkekea?
2 Ne Efesotɔwo 3:14, 15 mee miedzro le yiyi zi gbãtɔ me la, ke nya sia ate ŋu aganyɔ ɖetsɔleme:
◼ “Nyitsɔ la, míedzro alesi ƒomegbenɔnɔ Gɔmeɖoanyila na aɖaŋuɖoɖo fũ le Biblia me le alesi míawɔ dzidzɔ nanɔ míaƒe ƒomegbenɔnɔ mee la me. Ehiã be míasrɔ̃ Biblia be míakpɔ viɖe tso eƒe nuxlɔ̃amewo me.” Xlẽ Yakobo 1:5 eye nàɖe eme. Dzro memamã ʋee aɖewo me tso ta si aƒemenɔla la tia do ŋgɔ me. Le dzeɖoɖoa ƒe nuwuwu la, bia nya aɖe si ŋu nàɖo ne ègatrɔ yi.
3 Ne Lododowo 22:6 mee miedzro le yiyi zi gbãtɔ me la, àte ŋu ate gbe ɖe Biblia zazã le ɖeviwo hehe tso woƒe vidzĩme me ƒe vevienyenye dzi ne ègblɔ be:
◼ “Esi meva nyitsɔ la, míexlẽ Lododowo 22:6 si fia be ne míena hehe si hiã mía viwo la, anɔ eme be womate ɖa le eŋu ne wotsi o. Mɔ ka dzi nèbu be woato ana hehe sia tso vidzĩme?” Na wòaɖo eŋu. Ʋu axa 115 ƒe memamã 5 lia eye nàxlẽ Timoteo II, 3:15, eye nàɖe eme be hafi woakpɔ dzidzedze la, ele be woatu hehe sia nana ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi. Dzro nya vevi aɖewo me tso memamã si kplɔe ɖo me kpuie. Gblɔ be yeagatrɔ ava hena numedzodzroa dziyiyi.
4 Ne kpeɖeŋutɔ nyuitɔ tiatia mee miedzro le axa 13 ƒe memamã 5 lia me la, ke àte ŋu agblɔ be:
◼ “Míedzro alesi wòhiã be míabia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu le kpeɖeŋutɔ nyuitɔ tiatia me va yi. Ðe nàgblɔ be gbedodo ɖa na Mawu tso esia ŋu ɖeɖeko sɔ gbɔa?” Na wòaɖo eŋu. Ʋu axa 25 eye nàxlẽ Luka 14:28, 29. Te gbe ɖe alesi wòhiã be woana Mawu ƒe Nya nafia mɔ ame le nya sia me dzi. Ðe eme be Yehowa Ðasefowo le kpekpem ɖe anukwaretɔ siwo le nutoa me ŋu be woasrɔ̃ Mawu ƒe Nya la, woase egɔme nyuie wu, eye woazã eƒe aɖaŋuɖoɖowo atsɔ akpɔ kuxiwo gbɔe. Wɔ ɖoɖo nàtrɔ ayi be miayi numedzodzroa dzi.
5 Ne “Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me” ƒe trakt lae nèna aƒemenɔla si mekpɔ vovo kura na dzeɖoɖo o la, àte ŋu azã mɔnu sia:
◼ “Vovo menɔ ŋuwò kura esi meva nyitsɔ o. Megblẽ trakt si ƒe tanyae nye Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me ɖe gbɔwò. Ðe wòsesẽ na wò be nàxɔe ase be woate ŋu akpɔ ƒomekuxiwo gbɔ to Biblia ƒe nufiafiawo dzi wɔwɔ mea? [Na wòaɖo eŋu.] Se nya si axa 4 lia ƒe memamã gbãtɔ gblɔ.” Xlẽ Biblia kpukpui eveawo eye nàbia be: “Aleke gɔmeɖose sia dzi wɔwɔ ate ŋu ana ƒomegbenɔnɔ nanyo wu?” Ne aƒemenɔla la ɖo eŋu vɔ la, dzro aɖaŋu si woɖo na srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo le axa 4 kple 5 me kplii. Midzro nya bubu siwo le trakt la me eye emegbe nàhe eƒe susu ayi Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me ƒe agbalẽa dzi.
6 Ne èkpɔ ɖetsɔlemetɔwo la, àdi be yeahe woƒe susu ayi agbalẽ yeye si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me dzi eye miazãe atsɔ adze nusɔsrɔ̃ gɔme. Àkpɔ dzidzɔ geɖe godoo le kpekpeɖeŋu nana ‘amesiwo ŋu wɔna mele o be woadze nunya’ me.—Psalmo 119:130.