INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/96 axa 4
  • February Ƒe Agbalẽnana Ŋudɔwɔwɔ Nyuie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • February Ƒe Agbalẽnana Ŋudɔwɔwɔ Nyuie
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbeƒãɖeɖe ‘Nyagblɔɖia me Nyawo’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Tɔtrɔyi Be Míatu Ðetsɔleme Ðo Ðe Biblia Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Hiahiã Kpata ƒe Susu Tsɔtsɔ Gblɔ Nyanyui Lae
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu ‘Woawɔ Ðe Nusiwo Woŋlɔ Ði la Dzi’
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
km 2/96 axa 4

February Ƒe Agbalẽnana Ŋudɔwɔwɔ Nyuie

1 Ƒomegbenɔnɔ le gbagbãm le míaƒe ɣeyiɣia me. Srɔ̃tɔwo ƒe nuteƒemawɔmawɔ, towo kple lɔ̃xowo ƒe nudede srɔ̃ɖenyawo me, ɖeviwo ƒe tomaɖomaɖo, gakuxiwo, ƒewuiviwo ƒe agbegbegblẽnɔnɔ kple fuɖeɖe, atikevɔ̃ɖizazã si le dzidzim ɖe edzi, kple xɔnyawo ƒe sesẽ nye kuxi siwo wɔe be wòsesẽ ŋutɔ be woakpɔ dzidzɔ le ƒomegbenɔnɔ me. Ƒomegbenɔnɔ-gbalẽa ɖo aɖaŋu nyuiwo tso Mawu ƒe Nya la me be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖu kuxi sesẽ siawo dzi. Ŋgɔdonya siwo gbɔna ate ŋu anyɔ ɖetsɔleme.

2 Àte ŋu adze dzeɖoɖo gɔme ne ègblɔ be:

◼ “Ame geɖe biana be, ‘Ðe wòanya wɔ be woase vivi le ƒomegbenɔnɔ si me ɖekawɔwɔ kple dzidzɔ le egbea?’ Ðe wò hã èbia nya sia kpɔa?” Na wòaɖo eŋu, eye nàgblɔ be: “De dzesii be Efesotɔwo 3:14 kple 15 yɔ Mawu be eyae nye ƒomegbenɔnɔ Gɔmeɖoanyila. Enya ameƒomea ƒe nuhiahiãwo eye wòdi be míakpɔ dzidzɔ, eyata eɖo aɖaŋu na mí le ƒomegbenɔnɔ ŋu.” Ne èxlẽ mawunyakpukpui ma vɔ la, he eƒe susu yi axa 9 kple 10 dzi le Ƒomegbenɔnɔ-gbalẽa me eye nàxlẽ memamã 14 lia. Esia ate ŋu aʋu mɔ ɖi be miadzro memamã siwo kplɔe ɖo le ta ma me kpuie. Tsɔ agbalẽa nɛ eye nàbia tso esi be wòatia ta si me miadzro ne ègatrɔ va. Ne aƒemenɔla mexɔ agbalẽa o la, àte ŋu atsɔ trakt si nye Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me nɛ.

3 Esi ame geɖe tsi dzi ɖe ɖeviwo ƒe tosesẽ si le dzidzim ɖe edzi ŋu ta la, nya sia ate ŋu anyɔ ɖetsɔleme:

◼ “Esi nènye dzila ta la, meka ɖe edzi be àwɔ ɖeka kplim be hehenana ɖeviwo be woava zu ame tsitsi ɖɔʋuwo mele bɔbɔe kura o. Nya siwo le Lododowo 22:6 dea dzi ƒo nam ŋutɔ.” Xlẽ mawunyakpukpuia eye nàbia be: “Gake nya vevi lae nye ɣeyiɣi si wòle be woadze hehe sia nana gɔme kple alesi woanae.” Ʋu Ƒomegbenɔnɔ-gbalẽa ƒe axa 114 kple 115 eye miadzro memamã 2 kple 4 lia me. Ne èna eme kɔ nɛ be ele be woahe ɖeviwo tso vidzĩme ke vɔ la, tsɔ agbalẽa nɛ eye nàgblɔ be yeagatrɔ ava ne yeafiae alesi Biblia kpena ɖe mía ŋu be míawɔ hehenana sia ƒe akpa vovovoawo ŋudɔe.

4 Esi ame tsitsi siwo nye trewo dometɔ geɖe tsi dzi ɖe alesi woakpɔ kpeɖeŋutɔ nyui ŋu ta la, àte ŋu ate mɔnu sia kpɔ:

◼ “Alesi srɔ̃ɖeɖe geɖe me le gbegblẽm ta la, ame geɖe siwo nye trewo tsi dzi ɖe alesi woakpɔ kpeɖeŋutɔ nyui ŋu. Ame aɖewo bui be nusi anyo wu enye be woanɔ anyi kple ŋutsu alo nyɔnu aɖe srɔ̃ɖeɖe ŋutɔŋutɔ manɔmee. Aleke nèkpɔ tso esia ŋu? [Na wòaɖo eŋu.] Togbɔ be nukpɔsusu vovovowo le amewo si tso esia ŋu hã la, mía Wɔla ƒe nukpɔsusue sɔ. [Xlẽ Hebritɔwo 13:4.] Eyata le kpeɖeŋutɔ didi me la, nukae míate ŋu awɔ be wòanɔ bɔbɔe na mí be míakpɔ dzidzedze le srɔ̃ɖeɖe me?” Ʋu axa 13 eye nàxlẽ memamã 5 lia. He eƒe susu yi tanya sue siwo le ta sia me dzi kpuie, tsɔ agbalẽa nɛ eye nàwɔ ɖoɖo be yeagatrɔ ava hena numedzodzroa dziyiyi.

5 Ne èdo go amesi mevo o eye wòle be nàgblɔe kpuie la, àte ŋu agblɔ be:

◼ “Esi vovo mele ŋuwò o ta la, madi be magblẽ trakt si ƒe tanyae nye Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me ɖe gbɔwò. [Ʋu axa 6 eye nàxlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4 atsɔ afiae be etsɔme si me dzidzɔkpɔkpɔ anɔ ƒe mɔkpɔkpɔ li si ƒomewo ate ŋu akpɔ mɔ na.] Màde dzi ƒo na wò be nàxlẽe. Ne megatrɔ va ɣebubuɣi la, màdi be mase nusi nèsusu tso eŋu.” Míate ŋu azã magazine me nyati aɖe si sɔ ɖe trakt la teƒe.

6 Ne míewɔ Ƒomegbenɔnɔ-gbalẽa ŋudɔ la, míate ŋu akpe ɖe ameƒomevi vovovowo ŋu be woade ha kple Mawu ƒe habɔbɔa eye woakpɔ viɖe tso ŋuɖoɖo siwo Biblia na ku ɖe srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo ŋu me. Mɔnukpɔkpɔe wònye na mí be míakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me esi míele Ƒomegbenɔnɔ-gbalẽa nam nyuie le February me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe