Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Apr. 15
“Afika kee amewo ɖale o, wotsɔa ɖe le dedienɔnɔ me, abe dɔwɔɖui nyui kpɔkpɔ ene. Gake ɖe nèbui kpɔ be dedienɔnɔ si anɔ anyi ɖaa tsoƒe aɖe li, si ana be nànɔ dedie tegbeea? [Xlẽ Psalmo 16:8, 9.] Gbetakpɔxɔ sia dzro afisi míate ŋu akpɔ dedienɔnɔ vavã le la me.”
Nyɔ! May 8
“Ame geɖe le dodom le subɔsubɔhawo me egbea hele Mawu subɔm le mɔ si dze woa ŋutɔwo ŋu nu. Aleke nèsena le ɖokuiwò me le nuwɔna sia ŋu? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia na eme kɔ be Mawu tsɔa ɖe le alesi míedea ta agu nɛ me ŋutɔ. [Xlẽ Yohanes 4:24.] Nyɔ! sia fia mɔ nyuitɔ kekeake si dzi nàto akpɔ wò gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ.”
Gbetakpɔxɔ May 1
“Ènya ame aɖe si dze dɔ vevie, alo nye nuwɔametɔa? Ðikeke mele eme o be àlɔ̃ ɖe edzi be amesiawo hiã dzideƒo geɖe. Gake nukae míate ŋu agblɔ atsɔ ade dzi ƒo na wo? Dzideƒonamenyawo le Biblia me fũ. [Xlẽ Yesaya 35:5, 6.] Gbetakpɔxɔ sia ɖe susu si ta míate ŋu aka ɖe edzi be nyagblɔɖi sia ava eme la me.”
Nyɔ! May 8
“Le ƒe si va yi me la, wona ameƒomea ƒe ŋutifafa me nɔnɔ ɖo afɔku me wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe le agbe me. Èbu be ŋusẽ le amegbetɔdziɖuɖuwo si be woaɖo ŋutifafa anyi le xexeamea? [Ne eɖo eŋu vɔ la, xlẽ Yesaya 2:4.] Nyɔ! sia ɖe susu si ta míate ŋu aka ɖe edzi be madidi o ŋutifafa ava xexeme katã la me.”