Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Apr. 1
“Biblia me nya aɖe si tɔtɔa ame koŋ si ƒe gɔmesese ame geɖe ɖe woƒe susu gblɔ lae nye nya si ku ɖe lã la ƒe dzesi ŋu. Èse nu tso lã la ƒe dzesi ŋu kpɔa? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Nyaɖeɖefia 13:16-18.] Biblia la ŋutɔ na mɔfiame si ana míakpɔ gɔmesese si le nya ɣaɣla sia ŋu. Magazine sia ɖe gɔmesese si le eŋu me na mí.”
Nyan! Apr. 8
“Ame geɖe nya nu tso Mose ƒe agbemeŋutinya ŋu nyuie. Gake ènya be Mose gblɔ nya aɖe si ka mí le agbeme vaseɖe egbea? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Mose V, 18:15.] Nyɔ! ƒe tata sia ƒo nu tso amesi nyagblɔɖila ma si ƒe nya wògblɔ ɖi la nye kple nusi wòawɔ si aɖe vi na ameƒomea ŋu.”
Gbetakpɔxɔ Apr. 15
“Ewɔna na ame aɖewo be nusianu si dzɔna le agbe me, eɖanye afɔkuwo gɔ̃ hã o, nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Wò hã èbu eŋu alea kpɔa? [Na wòaɖo eŋu.] Ame geɖe nya gbedodoɖa sia. [Xlẽ Mateo 6:10b.] Nukae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na anyigba, eye ɣekaɣie wòava eme bliboe? Magazine sia gblɔ alesi Biblia ɖo nya sia ŋui.”
Nyɔ! May. 8
“Le egbexexea me la, mɔkpɔkpɔ bu ɖe ame aɖewo. Ðe mɔkpɔkpɔ buna ɖe wò hã ɣeaɖewoɣia? [Na wòaɖo eŋu. Azɔ xlẽ Romatɔwo 15:4.] Ame geɖe kpɔe be ehiã be mɔkpɔkpɔ nanɔ yewo si. Nyɔ! ƒe tata sia gblɔ susu adre aɖewo tso Biblia me siwo ta mɔkpɔkpɔ ate ŋu anɔ mía si ɖo, eye wo me dzodzro adzɔ dzi na wò godoo.”