INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/06 axa 8
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
km 4/06 axa 8

Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu

Gbetakpɔxɔ Apr. 1

“Nya nyanyɛ sia te gbe ɖe alesi míayi edzi anɔ Mawu ŋuti sidzedze xɔm ƒe vevienyenye dzi. [Xlẽ Mateo 4:4.] Gake esesẽna na ame geɖe be woase Mawu ƒe Nya la gɔme. Nenemae wòle le wò hã gowòmea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Magazine sia ƒo nu tso nu vevi aɖewo, siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàse Biblia gɔme la ŋu.”

Awake! Apr.

“Ame geɖe dzea agbagba be yewoakpɔ dzidzɔ, gake edzena abe ame ʋɛ aɖewo koe kpɔnɛ ene. Ðe nèbu be nusiwo woŋlɔ ɖe afisia dometɔ aɖe ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woakpɔ dzidzɔ geɖe wua? [Tsɔ aɖaka si le axa 9 la fiae. Emegbe xlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ la dometɔ ɖeka.] Nyɔ! ƒe tata sia dzro nusi Biblia gblɔ be eyae hea dzidzɔ vavãtɔ vɛ me.”

Gbetakpɔxɔ Apr. 15

“Amesiame kloe lɔ̃na ɖe edzi be nusiwo naa dzidzɔ nɔa ƒomegbenɔnɔ me la dometɔ ɖekae nye dzeɖoɖo nyuie, ke hã, dze menya ɖona na ame geɖe nyuie o. Nukae nèsusu be eya gbɔe wòtso? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Magazine sia ɖo aɖaŋu tso alesi míawɔ anye dzeɖola nyuiwo ŋu.” Xlẽ Yakobo 1:19.

Awake! Apr.

“Ame geɖe gblɔna be atitsoga nana yewosena le yewo ɖokui me be yewote ɖe Mawu ŋu wu. Ke hã, ame aɖewo biana be: Ðe wòsɔ be woasubɔ nusi ŋu wowu Yesu ɖoa? Atitsoga ŋue Yesu ku ɖo vavã? Nyati si dze le magazine sia ƒe axa 12 lia ɖe alesi Biblia ɖo biabia siawo ŋui me.” Xlẽ Dɔwɔwɔwo 5:30.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe