Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ June 15
“Èbu be kuxiwo abe esiwo le afisia ene nu ava yi gbaɖegbea? [Xlẽ nyati gbãtɔ ƒe memama gbãtɔ, eye na wòaɖo eŋu.] Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la ka ɖe edzi na mí be eteƒe madidi o kuxi siawo nu ava yi. [Xlẽ Psalmo 72:12-14.] Gbetakpɔxɔ sia ɖe alesi esia ava emee la me.”
Nyɔ! July 8
“Ðe nèbu be amesiame anɔ ablɔɖe me ŋutɔŋutɔ gbaɖegbe le anyigba dzia? [Na wòaɖo eŋu.] Se ŋugbe fakɔname si Mawu do la ɖa. [Xlẽ Romatɔwo 8:21.] Be ŋugbedodo ma nava eme la, ke ele be kluvinyenye ƒomevi ɖesiaɖe nu nayi, alo menye nenemae oa? Nyɔ! sia ɖe alesi esia ate ŋu ava emee la me.”
Gbetakpɔxɔ July 1
“Ame miliɔn geɖe zãa nɔnɔmewɔwɔwo alo nɔnɔmetatawo le woƒe subɔsubɔ me, ke ame miliɔn bubu geɖe ya kpɔe be egblẽ be woawɔe nenema. Èbu nusi nye Mawu ƒe nukpɔsusu le nya sia ŋu kpɔa? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe nàxlẽ Yohanes 4:24.] Nyati siawo ɖe alesi nɔnɔmetatawo zazã dze egɔmee kple nusi Biblia gblɔ tso nɔnɔmewɔwɔwo subɔsubɔ ŋu me.”
Nyɔ! July 8
“Biblia gblɔe ɖi be ɣeyiɣi vɔ̃wo ava le ŋkeke mamlɛawo me. [Xlẽ Timoteo II, 3:1, 3.] Nuvlowɔwɔ geɖe siwo le edzi yim le xexeame godoo la ɖo kpe nya sia dzi. Aleke nɔnɔmeawo agblẽ ɖe edzii enye si ne ɖe kpovitɔwo meli o! Nyɔ! sia dzro kuxi siwo kpovitɔwo doa goe le xexeame katã la me.”