INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/03 axa 8
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 2/03 axa 8

Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu

Gbetakpɔxɔ Feb. 15

“Ame aɖewo bua eŋu nenye be Mawu li ŋutɔŋutɔ. Ame bubuwo xɔe se be eli gake wobunɛ be ele adzɔge tso yewo gbɔ. Ède dzesi esia? [Na wòaɖo eŋu.] De dzesi nusitae wòle vevie be mía ŋutɔwo míanya Mawu ɖo. [Xlẽ Yohanes 17:3.] Àkpɔe be nyati si wotsɔ dze magazine sia ƒe tata gɔmee la xexlẽ adzɔ dzi na wò.”

Nyɔ! Mar. 8

“Ðe nèbui be Mawue ɖoe be amegbetɔwo, siwo me ɖeviwo hã le, nakpe nunyuimakpɔɖui ƒe fua? [Na wòaɖo eŋu.] Se ŋugbedodo fakɔname si le Biblia me ɖa ko. [Xlẽ Psalmo 72:16.] Nyɔ! ƒe tata sia ƒo nu tso nusiwo hea nunyuimakpɔɖui vɛ ŋu, eye vevietɔ, eƒo nu tso ŋugbe si Mawu do be yeahee va nuwuwu kpuie la ŋu.”

Gbetakpɔxɔ Mar. 1

“Míadi be míanya wò nukpɔsusu le mawunyakpukpui dodzidzɔname sia ŋu. [Xlẽ Mateo 5:10.] Aleke ame awɔ akpɔ dzidzɔ esime wole eyome tim? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia ƒe nyati eve gbãtɔawo gblɔ alesi ame aɖewo ganɔ dzidzɔ kpɔm togbɔ be wonɔ fu kpem hã ŋu nya. Ado dzidzɔ na wò ne èxlẽ nu tso alesi wowɔe ŋu.”

Nyɔ! Mar. 8

“Togbɔ be míekpea fu le agbe me hã la ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be susu aɖe li si tae wòle be míada akpe ɖo oa? [Na wòaɖo eŋu.] Nu ɖeka si ta wòle be míada akpe ɖoe nye alesi wowɔ mí. [Xlẽ Psalmo 139:14.] Abe alesi Nyɔ! ƒe tata sia ɖe emee ene la, àva kpɔ ŋudzedze ɖe sidzenu siwo le mía si siwo hiã bene míase alesi agbe xɔ asii la gɔme nyuie wu!”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe