Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Feb. 1
“Èbu be míaƒe nutoa me nɔnɔ avivi wu ne ɖe ame sia me awɔ ɖe nya siwo le mawunyakpukpui sia me dzia? [Xlẽ Efesotɔwo 4:25. Emegbe nàɖe mɔ wòaɖo eŋu.] Ame geɖewo bunɛ be esɔ le go aɖewo me be woaka aʋatso. Magazine sia ɖe viɖe siwo le nyateƒetoto ɣeawokatãɣi ŋu la me.”
Awake! Feb.
“Edze abe amewo ƒe nɔnɔme le mawusubɔsubɔnyawo ŋu le tɔtrɔm le nuto aɖewo me ene. Ðe nèbu be sɔlemehawo megate ŋu le ŋusẽ kpɔm ɖe amewo ƒe nuwɔnawo dzi oa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nya siwo apostolo Paulo gblɔ le mawunyakpukpui sia me la na míenya susu aɖe si tae mawusubɔsubɔ megatsɔa fu le lãme na ame aɖewo o. [Xlẽ Dɔwɔwɔwo 20:29, 30.] Magazine sia ɖe nu si Biblia gblɔ ku ɖe ale si Kristotɔnyenye ava nɔ le etsɔme ŋu la me.”
Gbetakpɔxɔ Feb. 15
“Ewɔna na ame aɖewo be amegbetɔwo le anyigba la gblẽm. Ðe nya sia ɖe fu na wò kpɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se ŋugbedodo sia si ŋu kakaɖedzi le ɖa. [Xlẽ Nyaɖeɖefia 11:18.] Magazine sia ƒo nu tso nu siwo wɔe be ɣletinyigba sia si dzi míele la le etɔxɛe ŋu. Egblɔ nu si Biblia gblɔ be ava dzɔ ɖe míaƒe anyigba dzi le etsɔme la hã ŋu nya.”
Awake! Feb.
“Nya aɖe le Biblia me le afi sia, si medi be maxlẽ na wò. [Xlẽ Yohanes I, 5:19.] Èbu be nya sia si wogblɔ ɖe mawunyakpukpui sia me tae míekpɔe be kuxi geɖewo le xexea me ɖoa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Nyati sia ɖe nu si Biblia gblɔ tso ame si ‘vɔ̃ɖitɔ la’ nye, kple nu si míate ŋu awɔ atsɔ aƒo asa na eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ me.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 12 lia fiae.