Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Feb. 1
“Mía dometɔ geɖe dzea agbagba be míakpɔ egbɔ be míele lãmesẽ me. Gake numekuku siwo wowɔ nyitsɔ laa ɖee fia be mawusosroɖagbenɔnɔ hã wɔa akpa aɖe le míaƒe lãmesẽ me nɔnɔ me. Èbu be nya sia le emea? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe nàxlẽ Mateo 5:3.] Gbetakpɔxɔ ƒe tata sia ku ɖe alesi míawɔ ɖe Mawu ƒe nudidiwo dzi be wòaɖe vi na míi ŋu.”
Nyɔ! Feb. 8
“Egbea ame geɖe mevona kura le agbe me o eye womekpɔa alɔ̃ dɔna wòsua wo o. Ðewohĩ àlɔ̃ ɖe nya siawo siwo le afisia si woŋlɔ ƒe 3,000 kple edzivɔe nye sia la dzi. [Xlẽ Nyagblɔla 4:6. Na wòagblɔ eƒe susu.] Nya vevi aɖewo le Nyɔ! ƒe tata sia me si akpe ɖe mía ŋu míanya kuxi siwo naa amewo mete ŋu dɔa alɔ̃ nyuie o kple alesi míawɔ akpɔ kuxia gbɔe ŋu.”
Gbetakpɔxɔ Feb. 15
“Nu masɔmasɔ siwo wowɔ le mawusubɔsubɔ ƒe ŋkɔ me la ɖea fu na ame geɖewo. Ame aɖewo senɛ le wo ɖokui me be mawusubɔsubɔ gbɔe ameƒomea ƒe kuxiwo dzɔ tso. Ewɔ na wò hã nenema kpɔa? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Nyaɖeɖefia 18:24.] Magazine sia dzro nusi Biblia gblɔ tso nya sia ŋu me.”
Nyɔ! Mar. 8
“Nusɔsrɔ̃ tso lãwo ŋu dzɔa dzi na ame geɖe, eye ame aɖewo hã dina be wo dometɔ aɖewo nanɔ yewo gbɔ le aƒeme. [Ðe mɔ wòaƒo nu.] Magazine sia ƒo nu tso kuxi aɖewo siwo nɔa lãwo ƒe amegbɔnɔnɔ le aƒeme ŋu. Eɖe ŋugbe si Mawu do ku ɖe ɣeyiɣi aɖe si me lãwo katã anɔ anyi le ŋutifafa me kple wo nɔewo kpakple amegbetɔwo siaa la hã me.” Xlẽ Yesaya 11:6-9.