Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Apr. 15
“Le ƒe siwo va yi me la, ame geɖe de dzesii be amewo megadea asixɔxɔ gbɔgbɔmenyawo ŋu boo o. Ède dzesi nusia? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe nàxlẽ Psalmo 119:105.] Gbɔgbɔmegɔmeɖose siwo dzi woazɔ ɖo ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woaƒo asa na afɔku geɖe le agbe me. Magazine sia fia asi afisi woate ŋu akpɔ gbɔgbɔmegɔmeɖose vavãwo le.”
Nyɔ! May 8
“Le egbexexe si le du dzi vevie me la, ame geɖe bua eŋu nenye be ɖeviwo le ame tsitsi me ɖom kabakaba akpa. Ðe nèbua esia ŋua? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe nàxlẽ Nyagblɔla 3:1, 4.] Mele be ɖevimenɔɣi nanye ɣeyiɣi si woatsɔ ame tsitsi ƒe agbawo o. Nyɔ! sia ƒo nu tso alesi dzilawo ate ŋu akpɔ wo viwo ta le woƒe ɖevimenɔɣi ŋu.”
Gbetakpɔxɔ May 1
“Biabia aɖewo gbɔ amegbetɔwo ƒe ŋutete ŋu be wòakpɔ eƒe ŋuɖoɖo. De dzesi esia ƒe kpɔɖeŋu. [Xlẽ Hiob 21:7.] Ðe biabia aɖe nɔ asiwò kpɔ si nèdi be yeabia Mawua? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia ƒo nu tso alesi amesiwo le anyigba ƒe afisiafi kpɔ ŋuɖoɖo siwo sɔ na biabia vevi etɔ̃ aɖewo siwo ku ɖe agbe ŋu la ŋuti.”
Nyɔ! May 8
“Mía dometɔ geɖe míenya ame aɖe si ŋu suklidɔ (diabetes) le. Ðe nènya nu geɖe tso dɔléle sia ŋua? [Tsɔ magazinea ƒe axa gbãtɔ fiae, eye nàna wòaɖo eŋu.] Magazine sia ƒo nu tso nusiwo hea suklidɔ vɛ kple edada mɔnuwo ŋu. Egaƒo nu tso ŋugbe si Biblia do ku ɖe dɔléle ɖesiaɖe ɖeɖeɖa ŋu.” Xlẽ Yesaya 33:24 tsɔ ƒo eta.