INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 7/03 axa 8
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
km 7/03 axa 8

Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu

Gbetakpɔxɔ July 15

“Ame geɖe de dzesii be amewo va le wo ɖokui ɖem ɖe aga eye womegadina be yewoade ha kple amewo o. Èsusu be nunya le ema wɔwɔ mea? [Ðe mɔ wòaƒo nu.] Se nya nyui sia si wogblɔ tso viɖe si nɔa xɔlɔ̃wɔwɔ ŋu ɖa. [Xlẽ Nyagblɔla 4:9, 10.] Magazine sia ƒo nu tso nusita mí katã míehiã mía nɔewo kple alesi míate ŋu akpɔ ameɖokui ɖeɖe ɖe aga ƒe kuxia gbɔe ŋu.”

Nyɔ! Aug. 8

“Ame geɖe tsi dzi vevie le alesi amamaɖeɖenuwɔna va bɔ ɖe afisiafii ta. Èbu be enye nya si ŋu wòle be míatsi dzi ɖoa? [Ðe mɔ wòaƒo nu.] Aɖaŋuɖoɖo nyui aɖe si dze le Biblia me ate ŋu akpɔ mía ta. [Xlẽ Efesotɔwo 5:3, 4.] Magazine sia fia alesi míate ŋu akpɔ mía ɖokui ta tso ayemefɔku sia ŋui.”

Gbetakpɔxɔ Aug. 1

“Ènya be le nyatakaka aɖe nu la, ga si mede dɔla 2 o nue anyigbadzinɔlawo ƒe xexlẽme ƒe afã kple edzivɔ nɔa agbe ɖo gbesiagbea? Èsusu be nane li woawɔ atsɔ aɖɔ nɔnɔme sia ɖoea? [Ðe mɔ wòaƒo nu.] Gbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso nusi akpɔ hiãkame ƒe kuxia gbɔ tegbee ŋu abe alesi wòle Biblia mee ene.”—Xlẽ Psalmo 72:12, 13, 16.

Nyɔ! Aug. 8

“Le ƒe siawo me la, afɔku siwo yame ƒe nɔnɔme manyomanyowo he vɛ la gblẽ nu vevie le xexeame godoo. Nukae nèsusu be woate ŋu awɔ atsɔ aɖe fukpekpe siwo esia hena vɛ dzi akpɔtɔ? [Ðe mɔ wòaƒo nu.] Magazine sia ƒo nu tso yame ƒe nɔnɔme ƒe tɔtrɔ kple kuxia gbɔ kpɔnu si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ŋu.”—Xlẽ Yesaya 35:1.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe