Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Aug. 15
“Ame akpa gãtɔ dea asixɔxɔ ŋkɔ nyui si anɔ ame ŋu la ŋu. Ame aɖewo bua alesi woaɖo ŋku yewo dzi le yewoƒe ku megbe gɔ̃ hã ŋu. Èbu ema ŋu kpɔa? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Nyagblɔla 7:1.] Gbetakpɔxɔ sia ƒo nu tso alesi míawɔ ŋkɔ nyui nasu mía si le amewo kple Mawu gbɔ siaa ŋu.”
Nyɔ! Sept. 8
“Ne wowɔ anyra le ŋuwò alo wò ƒomea me tɔ aɖe ŋu kpɔ la, ànya alesi wòtena ɖe ame dzii. [Ðe mɔ wòagblɔ eƒe susu.] Nyɔ! ƒe tata sia ɖo aɖaŋu nyui aɖewo na amesiwo ŋu wowɔa anyra le. Eƒo nu tso ŋugbe si Mawu do ku ɖe ɣeyiɣi aɖe si me kuxi mawo tɔgbe maganɔ anyi o hã ŋu.” Xlẽ Mixa 4:4.
Gbetakpɔxɔ Sept. 1
“Ame geɖe xɔe se be ameƒomea ƒe subɔsubɔhawo nye mɔ vovovo siwo ɖo ta teƒe ɖeka. Bubuwo hã xɔe se be xɔse vavã ɖeka pɛ koe li. Èbu nya sia ŋu kpɔa? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia ƒo nu tso blema lododo aɖe si kɔ biabia sia me ŋu.” Gblɔ Mateo 13:24-30 me nya vevi aɖewo kpuie.
Nyɔ! Sept. 8
“Awu siwo le tsia dzi kpɔa ŋusẽ ɖe ame geɖe ƒe agbe dzi egbea. Ame aɖewo kpɔe be woƒoa nu tso nusiwo tɔgbe amewo dona kple woƒe dzedzeme ŋu akpa. Nukae nye wò nukpɔsusu? [Na wòaɖo eŋu.] Nyɔ! sia ƒo nu tso awudodo ŋuti nukpɔsusu si da sɔ ŋu.” Xlẽ Kolosetɔwo 3:12.