INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/04 axa 4
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
km 1/04 axa 4

Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu

Gbetakpɔxɔ Jan. 1

“Ame geɖewo ƒe didi vevie wònye be ŋutifafa nanɔ anyigba dzi. Èbui be míakpɔ nudidi siawo woava me gbaɖegbea? [Xlẽ Psalmo 46:10. Emegbe na wòaƒo nu.] Gbetakpɔxɔ ƒe tata sia dzro alesi woana esia nava emee kple nusitae míate ŋu aka ɖe xexe si me aʋawɔwɔ manɔ o ƒe ŋugbe si Mawu do dzi la me.”

Nyɔ! Jan. 8

“Le xexeame katã la, seselelãmewo ƒe tɔtrɔwo abe blanuiléle kple nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔléle ɖea fu na ame miliɔn geɖe. Mía Wɔla tsɔa ɖe le eme na amesiawo vevie. [Xlẽ Psalmo 34:19.] Magazine sia dzro alesi woate ŋu akpe ɖe amesiwo nɔnɔme sia le fu ɖem na ŋu me. Eɖe ŋugbe si Biblia do be eteƒe madidi o woaɖe dɔlélewo katã ɖa hã me.”

Gbetakpɔxɔ Jan 15

“Esi wònye nusi bɔ be amewo mewɔna ɖe woƒe ŋugbedodowo dzi egbea o ta la, esesẽna na ame geɖe be woaka ɖe ame aɖe dzi ŋutɔŋutɔ. Èsusu be ame aɖe li si míate ŋu aka ɖe eƒe ŋugbedodowo dzia? [Na wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Yosua 23:14.] Magazine sia fia alesi míate ŋu aka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodo siwo woŋlɔ ɖe Biblia me dzii la mí.”

Nyɔ! Mar. 8

“Aleae woŋlɔa Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔe le Hebrigbe me. [Na wòakpɔe le magazinea ƒe akpaa dzi.] Ame aɖewo xɔe se vevie be mele be woayɔ ŋkɔ sia wòaɖi o. Ame bubuwo ya zãa ŋkɔa faa. Nyɔ! ƒe tata sia dzro nukpɔsusu vovovoawo me. Egaƒo nu tso alesi míawɔ anya Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ lae ŋu.” Xlẽ Psalmo 83:19.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe