Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Jan. 1
“Ŋutete le amegbetɔwo si be woawɔ nu nyui geɖe, ke hã wowɔ nu vɔ̃ɖi siwo mele gbɔgblɔ me o zi geɖe. Ðe nèbu nusi gbɔ wòtso ŋu kpɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Magazine sia na ŋuɖoɖo si tso Biblia me. Eɖe alesi nyui ava ɖu vɔ̃ dzii mlɔeba hã me.” Xlẽ Romatɔwo 16:20.
Awake! Jan.
“Ðe nèbu alesi xexeame ava nɔ le ƒe 20 alo 30 siwo gbɔna me ŋu kpɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu; eye nàxlẽ Psalmo 119:105.] Biblia na kekeli klẽ ɖe mɔ dzi na mí ale be míate ŋu anya nusi etsɔ si gbɔna ahe vɛ na mí. Magazine sia ɖe nyagblɔɖi siwo fia afisi míeɖo na ɣeyiɣiawo kple nusita míate ŋu akpɔ mɔ na etsɔme nyui aɖe la me.”
Gbetakpɔxɔ Jan. 15
“Le ɣeyiɣi siawo me la, amewo va le didim be yewoanya nu geɖe tso mawudɔlawo ŋu. Taflatse, ɖe nède ŋugble le amesiwo mawudɔlawo nye ŋu kpɔa, eye ɖe nènya ŋusẽ si wokpɔna ɖe míaƒe agbe dzia? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu, eye nàxlẽ Psalmo 34:8.] Magazine sia ƒo nu tso nusi Biblia gblɔ tso mawudɔlawo ŋu be wowɔ le blema, nusi wɔm wole fifia, kple nusi woava wɔ le etsɔme ŋu.”
Awake! Jan.
“Nyati ɖesiaɖe kloe ŋuti ɖaŋuɖoɖo geɖe li woakpɔ egbea. Wo dometɔ neni dzie nèsusu be míate ŋu aka ɖo? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu, eye nàxlẽ Timoteo II, 3:16.] Nyɔ! ƒe tata sia ɖe nusitae míate ŋu aka ɖe Biblia dzi be enye agbalẽ si ɖoa aɖaŋu nyui siwo ɖea vi la me.” He susu yi nyati si ŋu woƒo nu tsoe le eƒe axa 18 lia dzi.