Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Jan. 1
“Ðe nèbu be ame ƒe kesinɔnuwoe woatsɔ adzidze eƒe dzidzedzekpɔkpɔ le agbe mea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Timoteo I, 6:9, 10.] Togbɔ be Biblia megblɔ be ga nye nu gbegblẽ o hã la, eɖee fia kɔte be dzidzedze vavãtɔ kpɔkpɔ le agbe me menɔ te ɖe kesinɔnuwo ƒe amesinɔnɔ dzi o. Magazine sia ɖe nya sia me.”
Awake! Jan.
“Èbu be nya siwo le mawunyakpukpui sia me ate ŋu ava eme gbaɖegbea? [Xlẽ Yesaya 33:24. Eye nàɖe mɔ nɛ wòaɖo eŋu.] Magazine sia ɖe nu si wɔm atike ŋuti nunyalawo le le nya sia gbɔ kpɔkpɔ me, kple ale si Biblia ƒe ŋugbe si wòdo ava emee la me.”
Gbetakpɔxɔ Jan. 15
“Afi kae nèbu be srɔ̃tɔwo ate ŋu axɔ aɖaŋuɖoɖo si ŋu kakaɖedzi le la atsoe? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Medi be maxlẽ mawunyakpukpui aɖe na wò; ne mele exlẽm la, de dzesi ame si ɖo srɔ̃ɖeɖe gɔme anyi. [Xlẽ Mose I, 2:22.] Mawu gblɔ nu vevi si wòle be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nawɔ, si ana srɔ̃ɖeɖea nakpɔ dzidzedze. Magazine sia ɖe nya siawo me.”
Awake! Jan.
“Ède dzesii be ame geɖe siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la mewɔna ɖe Yesu ƒe nufiafiawo dzi oa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Le kpɔɖeŋu me, ame geɖewo mewɔna ɖe Yesu ƒe nya siwo le mawunyakpukpui sia me dzi o. [Xlẽ Yohanes 13:35.] Nyati sia ɖe vovototo si le nu siwo Yesu fia, kple nukpɔsusu si le ame siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye si, dome la me.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 18 la fiae.