Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Feb. 1
“Ðe metena ɖe mía dzi ŋutɔ be ame gbogbo aɖewo le fu kpem egbea madzemadzee le ameteteɖeanyi kple ŋutasesẽ ta oa? [Gblɔ eŋuti kpɔɖeŋu aɖe si le mia gbɔ, eye na wòaɖo eŋu.] Magazine sia ƒo nu tso alesi Mawu bua amegbetɔwo ƒe agbee ŋu. Eɖe alesi Mawu awɔ aɖe mí tso fukpekpe siwo li egbea me hã me.” Xlẽ Psalmo 72:12-14.
Nyɔ! Feb. 8
“Kuxi gãtɔ kekeake siwo míedoa goe egbea dometɔ ɖeka enye nuteɖeamedzi, alo? [Na wòaɖo eŋu.] Biblia gblɔe ɖi pɛpɛpɛ be nusiae adzɔ. [Xlẽ Timoteo II, 3:1.] Magazine sia na aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo siwo akpe ɖe mia kple wò ƒomea ŋu miakpe akɔ kple nuteɖeamedzi dzidzedzetɔe.”
Gbetakpɔxɔ Feb. 15
“Ɣeaɖewoɣi la, míesena nyatakakawo be nukunu aɖe dzɔ. [Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe.] Ame aɖewo xɔa nyatakaka siawo dzi sena. Ame bubuwo ya kea ɖi le wo ŋu. Magazine sia dzro nukunu siwo Biblia gblɔ be wodzɔ la me nenye be wodzɔ ŋutɔŋutɔ eye ne nu mawo ke gale dzɔdzɔm egbea hã.” Xlẽ Yeremya 32:21.
Nyɔ! Feb. 22
“Le blema la, Mawu de se na ɖeviwo be woabu wo fofowo kple wo dadawo siaa. [Xlẽ Mose II, 20:12.] Èsusu be wole bubu dem vidadawo ŋu egbea alesi dzea? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia dzro kuxi siwo me vidadawo tona le dukɔ vovovowo me kple alesi wowɔ le kuxi mawo gbɔ kpɔmee me.”