Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ June 1
“Èsusu be subɔsubɔhawo katã dzea Mawu ŋua? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ale si Mawu wɔ nu esi blema Israel ƒo eɖokui ɖe dukɔ siwo ƒo xlãe la ƒe subɔsubɔnuwɔnawo me la wɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ. [Xlẽ Xezekiel 6:6.] Nyati sia ɖo nyabiase si nye, ‘Ðe Ale Si Míesubɔa Mawui La Le Veviea’ ŋu.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 9 lia la fiae.
Awake! June
“Ðikekemanɔmee la, àlɔ̃ ɖe edzi be ƒewuiwo me nɔnɔ nye kuxi sesẽ aɖe na ƒewuiviwo kple wo dzilawo koŋ. Èsusu be aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ ana hehe si dzilawo naa wo viwo nanyo ɖe edzi wua? [Xlẽ Yakobo 1:19. Emegbe ɖe mɔ wòaɖo eŋu.] Biblia me ɖaŋuɖoɖo nyui siwo le magazine sia me la ado dzidzɔ na wò ŋutɔ.”
Gbetakpɔxɔ July 1
“Mí katã míesea veve ne míaƒe ame vevi aɖe ku. Èsusu be Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le ɣeyiɣi mawo mea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Psalmo 55:23.] Magazine sia dzro Biblia me ɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nɔnɔme sia nu la me.”
Awake! July
“Kuxi geɖe le fu ɖem na srɔ̃tɔwo, eye ame geɖewo le srɔ̃ gbem. Èsusu be aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna dzi wɔwɔ ana srɔ̃tɔwo nakpɔ dzidzedze le woƒe srɔ̃ɖeɖewo mea? [Xlẽ Lododowo 12:18. Emegbe ɖe mɔ wòaɖo eŋu.] Magazine sia dzro Biblia me gɔmeɖose bubu siwo akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu woana woƒe srɔ̃ɖeɖea me nasẽ ɖe edzi la me.”