Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ Jan. 1
“Subɔsubɔha akpa gãtɔ fiaa amewo be woalɔ̃ wo haviwo. [Xlẽ Mateo 22:39.] Ke èsusu be nukatae subɔsubɔhawo gakpɔa gome le aʋawɔwɔ kple masɔmasɔ geɖe me le xexeame ɖo? [Na wòaɖo eŋu.] Gbetakpɔxɔ ƒe tata sia dzro nyabiase sia me, be Ðe subɔsubɔhawo ate ŋu ana ameƒomea nawɔ ɖekaa?”
Nyɔ! Jan. 8
“Aleke nàɖo nyabiase sia ŋui? [Xlẽ nyabiase si le akpaa dzi. Emegbe na wòaɖo eŋu.] Anyigba dzi nuhiahiã veviwo le vɔvɔm kabakaba ŋutɔ. Gake se ŋugbedodo dedziƒoname sia ɖa. [Xlẽ Psalmo 104:5.] Nyɔ! ƒe tata sia ɖe alesi eteƒe madidi o woadze míaƒe ɣletinyigba sia ɖɔɖɔɖo keŋkeŋ gɔme la me.”
Gbetakpɔxɔ Jan. 15
“Edzroa mía kple mía viwo siaa be míanɔ agbe si de ame dzi wu, gake ame geɖe sena le wo ɖokui me be ŋutete mele yewo ŋu yewoanɔe o. Ðe nèsusu be míate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe etsɔme dzia? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia zã Biblia tsɔ ɖee fia be menye ɖe ŋutete mele mía si o, ke boŋ be míaƒe etsɔme nɔ te ɖe tiatia siwo míawɔ fifia dzi.” Xlẽ Mose V, 30:19.
Nyɔ! Jan. 22
“Mí katã míekpɔa ŋudzedze ɖe ɖɔkta siwo bua míaƒe seselelãmewo ŋu ne míedze ŋgɔ lãmesẽkuxiwo la ŋu. Gake èsusui be dɔnɔ geɖe dea ŋugble le woƒe ɖɔkta ƒe seselelãmewo ŋu? [Na wòaɖo eŋu.] Magazine sia dzro kuxi siwo ɖɔktawo doa goe kple alesi atikewɔnyawo ava nɔ le etsɔme la me.” Xlẽ Yesaya 33:24.