INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/08 axa 8
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
  • Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
km 1/08 axa 8

Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu

Gbetakpɔxɔ Jan. 1

“Ðe màlɔ̃ ɖe nya si wogblɔ le afi sia la dzi oa? [Xlẽ Yakobo 3:2.] Nyati sia na aɖaŋuɖoɖo nyui siwo tso Biblia me siwo akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na nya siwo agbã dzi na míaƒe ƒomea me tɔwo gbɔgblɔ la mí.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 10 lia fiae.

Awake! Jan.

“Kuxiwo le srɔ̃ɖeɖe ɖe sia ɖe me. Afi kae nèbu be srɔ̃tɔwo ate ŋu axɔ aɖaŋuɖoɖo si ŋu kakaɖedzi le la tsoe? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpɔ mɔfiame nyui sia ɖa. [Xlẽ Efesotɔwo 5:22, 25.] Nyati sia ɖe nu si wòfia be srɔ̃nyɔnu nabɔbɔ eɖokui na srɔ̃a la me.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 28 lia la fiae.

Gbetakpɔxɔ Feb. 1

“Esi kuxi gbogbo aɖewo le mía ŋu egbea la, èsusui be anya wɔ be míaƒe susu nadze akɔ anyi ŋutɔŋutɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Etsɔmemɔkpɔkpɔ si Biblia na me dzodzro kpe ɖe ame geɖe ŋu. [Xlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ alo esiwo me nya woŋlɔ ɖe nyatia me la dometɔ ɖeka nɛ.] Magazine sia ɖe nu si Biblia gblɔ ku ɖe afi si míetso, tameɖoɖo si le agbe ŋu, kple etsɔmemɔkpɔkpɔ si li ŋu la me.”

Awake! Feb.

“Le nu vlo wɔwɔ ƒe dzidziɖedzi ta la, ame geɖe sena le wo ɖokuiwo me be yewomele dedie o. Èbui be nuwo ava ka ɖe emea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se Biblia me nyagblɔɖi dodzidzɔname sia ɖa. [Xlẽ Psalmo 37:10.] Magazine sia dzro nu si koŋ gbɔ nu vlo wɔwɔ tso kple ale si Biblia gblɔ be woava kpɔ egbɔe la me.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe