Nya si Míagblɔ le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ July 1
“Le egbexexe sia si me kuxiwo bɔ ɖo fũ me la, ame geɖe biana be: ‘Nukatae agbea me yɔ fũ kple kuxiwo alea gbegbe ɖo? Ne Mawu li la, nukatae mawɔ nane atsɔ aɖe fukpekpewo ɖa o?’ Ðe nèbia nya siawo ɖokuiwò kpɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Magazine sia na Biblia me numekɔkɔ siwo ɖo biabia siawo ŋu la mí.” Xlẽ Timoteo II, 3:16.
Awake! July
“Srɔ̃ɖeɖe siwo le kuxiwo me tom la le dzidzim ɖe edzi egbea ŋutɔ. Ðe nèsusui be aɖaŋuɖoɖo si tso Mawu gbɔ si dze le afisia dzi wɔwɔ aɖe vi na srɔ̃tɔwoa? [Xlẽ Efesotɔwo 4:32. Gahe susu yi nyabiasea dzi eye nàɖe mɔ wòaɖo eŋu.] Nyɔ! ƒe tata sia dzro Biblia me gɔmeɖose siwo wɔa dɔ ɣesiaɣi, siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míana dzidzɔ nanɔ míaƒe srɔ̃ɖeɖe me, la me.”
Gbetakpɔxɔ July 15
“Ðe nèsusu be dziɖuɖu aɖe ate ŋu ava kpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ gbaɖegbea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa abia dziɖuɖu ma le eƒe nya siwo dze le Mateo 6:9, 10 me. [Xlẽe.] Magazine sia ɖe nusita Mawu ƒe Fiaɖuƒea de ŋgɔ wu amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo la me eye eƒo nu tso yayra siwo wòahe vɛ na ameƒomea ŋu.”
Awake! July
Ne èdo go sɔhɛ aɖe la, àte ŋu agblɔ be: “Hatiwòwo dometɔ geɖe le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum. Afikae nèsusu be yeate ŋu akpɔ nyatakaka siwo ŋu kakaɖedzi le ku ɖe nya sia ŋu le? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] De dzesi amesi ɖo srɔ̃ɖeɖe gɔme anyi, le kpukpui sia me. [Xlẽ Mateo 19:6.] Biblia me gɔmeɖose siwo akpe ɖe amewo ŋu woaɖo srɔ̃ɖeɖe si me dzidzɔkpɔkpɔ le anyi la le magazine sia me.”