INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/09 axa 1
  • Amewo Kpekpe Etɔxɛe Na Ŋkuɖodzia!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amewo Kpekpe Etɔxɛe Na Ŋkuɖodzia!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Míakpe Amewo Na Ŋkuɖodzia Le Xexea Me Godoo!
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2010
  • Míadze Dɔ Tɔxɛ Aɖe Gɔme Tso March 17 Lia Dzi Atsɔ Akpe Amewo Na Ŋkuɖodzia
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Míadze Amewo Kpekpe Na Ŋkuɖodzia Gɔme Tso March 22 Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Míadze Ŋkuɖodzia Ƒe Amekpegbalẽvia Mama Gɔme Tso April 2 Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
km 2/09 axa 1

Amewo Kpekpe Etɔxɛe Na Ŋkuɖodzia!

1. Tso March 21, 2009, dzi la, dɔ ka mee Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo akpɔ gome le le xexea me godoo, eye nu ka tae?

1 Le Yawoɖa April 9, 2009, dzi la, Yehowa Mawu subɔla siwo le xexea me godoo aƒo ƒu aɖo ŋku lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si wòɖe fia ameƒomea la dzi. (Rom. 5:6-8) Míele mɔ kpɔm vevie be ɖetsɔlemetɔ miliɔn gbogbo aɖewo awɔ ɖeka kpli mí le Yesu ƒe ku ƒe ŋkuɖodziwɔnaa me. Tso March 21 dzi la, míama amekpegbalẽvi tɔxɛ aɖe hena amewo kpekpe na Ŋkuɖodzia le xexea me godoo.

2. Nu vevi kawoe wòle be wòanɔ susu me na wò ne èle amekpegbalẽvia mam?

2 Nu Vevi Siwo Anɔ Susu Me Na Mí: Wɔ nɔnɔmetatawo, nyabiasewo, kple mawunyakpukpui siwo dze le amekpegbalẽvia dzi la ŋu dɔ bliboe. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu ahe susu ayi nɔnɔmetata si le akpaa dzi la dzi ahagblɔ be: “Medi vevie be makpe wò nàva wɔ ɖeka kpli mí míaɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi, le wɔna si woawɔ le Yawoɖa April 9, 2009, dzi la me.” Emegbe he susu yi amekpegbalẽvia ƒe tanyaa kple nyabiase siwo kplɔe ɖo la dzi. Na aƒemenɔlaa nanya be ate ŋu akpe eƒe ƒomea me tɔ alo ame bubu ɖe sia ɖe si wòkpɔ be yeate ŋu akplɔ ɖe asi la avae.

3. Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame siwo nèna amekpegbalẽviae le dɔ tɔxɛa ƒe gɔmedzedze me la ŋu?

3 Ne miaƒe hamea ƒe anyigbamama lolo la, hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ ɖoɖo be miagblẽ amekpegbalẽviawo ɖi na ame siwo miado go le aƒea me o. Le kwasiɖanuwuwuwo la, míatsɔ amekpegbalẽviawo akpe ɖe magazineawo ŋu ana. Ðoe wò taɖodzinu be yeakpe ame siwo gbɔ nèyina edziedzi, Biblia nusrɔ̃viwo, ƒometɔwo, sukuhatiwo, dɔwɔhatiwo, aƒelikawo, kple amenyanyɛ bubuwo. Le ƒe si va yi me la, nɔvinyɔnu aɖe kpe eƒe ƒometɔ 30, eye tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi la, eɖoa ŋku ale si wɔnaa le vevie la dzi na wo. Aleke gbegbe dzi dzɔe enye esi be wo dometɔ 25 va ŋkuɖodzia, eye emegbe wo dometɔ ene lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli yewo!

4. Ðoɖo kawoe wòle be míawɔ fifia, eye nu ka tae?

4 Wɔ Ðoɖo Fifia: Gbeƒãɖela geɖe ate ŋu adzi woƒe dɔwɔnawo le gbeadzi ɖe edzi le March kple April me. Ne viwòwo alo wò Biblia nusrɔ̃vi aɖewo le ŋgɔyiyi nyui wɔm la, esia anye ɣeyiɣi nyui aɖe be woazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo. Fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be nàdze dzadzraɖowɔwɔ gɔme be nàkpɔ gome bliboe le amekpegbalẽvi tɔxɛe sia si míama atsɔ akpe amewo hena ŋkuɖoɖo lɔlɔ̃ɖeɖefia nuwɔna gãtɔ eve siwo woɖe fia ameƒomea dzi la me.—Yoh. 3:16; 15:13.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe