Míakpe Amewo Na Ŋkuɖodzia Le Xexea Me Godoo!
1. Dɔ tɔxɛ kae míawɔ le xexea me godoo do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia?
1 “Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.” (Luka 22:19) Yehowa subɔlawo le wɔwɔ ge ɖe Yesu ƒe sedede sia dzi le ƒe sia me, esi woa kple ɖetsɔlemetɔwo woaƒo ƒu le March 30, 2010 aɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi. Míama amekpegbalẽvi tɔxɛ aɖe atsɔ akpe amewo le xexea me godoo na wɔna sia tso March 13 va se ɖe March 30.
2. Aleke míate ŋu akpe amewoe?
2 Ale Si Míakpe Amewoe: Míate ŋu atsɔ amekpegbalẽvia ana aƒemenɔlaa, ale be wòanɔ nɔnɔmetata si le edzi la kpɔm, eye míagblɔ nɛ be: “Ame miliɔn geɖe aƒo ƒu le xexea me godoo le March 30 lia dzi aɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi. Meva be makpe mia kple wò ƒomea na wɔna sia. Xɔ̃wòwo hã ate ŋu ava faa.” Gblɔ gamea kple teƒe si woawɔe le la nɛ. Ne anya wɔ la, àte ŋu axlẽ Luka 22:19 atsɔ afiae be Biblia ƒe sedede wònye. Gake nenɔ susu me na mí be esi ɣeyiɣi kpui aɖe koe míetsɔ le dɔa wɔ ge le míaƒe anyigbamama bliboa me ta la, anyo be míaƒo nu kpuie ko.
3. Ame kawoe míate ŋu akpe?
3 Ne miaƒe hamea ƒe anyigbamama lolo la, hamemetsitsiwo ate ŋu ana miagblẽ amekpegbalẽviawo ɖi na ame siwo mietu le aƒea me o. Ne anya wɔ la, míate ŋu ana magazinewo akpe ɖe amekpegbalẽviawo ŋu. Dze agbagba nàkpe ame siwo gbɔ nàtrɔ ayi, ame siwo nèle Biblia srɔ̃m kplii, wò dɔwɔhatiwo, wò sukuhatiwo, wò ƒometɔwo, wò aƒelikawo kple ame nyanyɛ bubuwo.
4. Ne míekpɔa ŋudzedze ɖe ale si Yehowa lɔ̃ mí hexe fe ɖe mía ta ŋu la, nu kae wòaʋã mí be míawɔ?
4 Dzra Ðo Nàwɔ Dɔa Ale Si Nàte Ŋui: Ŋkuɖodziɖuɣia anye ɣeyiɣi nyui aɖe be míawɔ dɔ geɖe. Ðe nàte ŋu atrɔ asi le wò ɖoɖowo ŋu awɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa? Ðe viwòwo alo ame siwo nèle Biblia srɔ̃m kplii la le ŋgɔ yima? Ne nenemae la, ekema te ɖe hamemetsitsiwo ŋu ne woakpɔe ɖa be wodze azu gbeƒãɖelawo awɔ dɔ tɔxɛ sia kpli mí hã. Ne míekpɔa ŋudzedze ɖe ale si Yehowa lɔ̃ mí hexe fe ɖe mía ta ŋu la, ekema aʋã mí míade ŋkuɖodzia ahakpe ame ale si nu míate ŋui be woawo hã nade.—Yoh. 3:16.