Nya Si Míagblɔ Le Magazineawo Ŋu
Gbetakpɔxɔ June 1
“Ame geɖe susuna be naneke megblẽ le eŋu be woada alakpa vi aɖe alo afi nu vivivi aɖewo o. Èsusu be aleke Mawu bua nuwɔna siawoe? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Hebritɔwo 4:13.] Nyati sia ɖe nu siwo me ame aɖewo baa ame le, evɔ wosusuna be menye nu gbegblẽ aɖekee o la me.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 11 fiae.
Awake! June
“Sɔlemehawo biana zi geɖe be woaxe fe ɖe mawutsideta, srɔ̃ɖeɖe kple kunuwɔwɔ ta. Èsusu be esɔa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpɔ mɔfiame si Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo ɖa. [Xlẽ Mateo 10:7, 8b.] Nyati sia ɖe nu si Biblia gblɔ tso fexexe ɖe subɔsubɔnuwɔnawo ta ŋu la me.” Tsɔ nyati si dze egɔme tso axa 22 fiae.
Gbetakpɔxɔ July 1
“Mawu koe nye ŋkɔ ame aɖewoe nya na Ŋusẽkatãtɔ la. Gake ènya be Biblia yɔ Mawu ƒe ŋkɔ na mía? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Emegbe xlẽ Yesaya 42:8a.] Agbalẽ sia gblɔ nu si tae woɖe Mawu ƒe ŋkɔa ɖa le Biblia aɖewo me, kple vi si Mawu ƒe ŋkɔa nyanya aɖe na mí.”
Awake! July
“Ale si ganyawo le xexea me fifia la na ame geɖe tsi dzimaɖi. Ame siwo si dɔ ge le la tɔtɔ, eye ame siwo le dɔ wɔm hã le vɔvɔ̃m be ɖewohĩ yewoƒe dɔ ava ge le yewo si. Se nya si Biblia gblɔ le afi sia ɖa. [Xlẽ Mateo 6:34.] Èsusu be aɖaŋuɖoɖo nyui sia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe ganyawo nua? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Agbalẽ sia ɖo aɖaŋu nyui aɖewo le ale si míazã gae kple ale si míawɔ be míagatsi dzi fũu akpa o hã ŋu.”