INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/12 axa 4
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
km 9/12 axa 4

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le October Me

“Meka ɖe edzi be àlɔ̃ ɖe edzi be edze abe amegbetɔ ƒe agbenɔƒe le kpuie ŋutɔ ene. Èsusui be ɣeyiɣi aɖe ava si me míate ŋu aɖu dɔlélewo dzi eye míanɔ agbe wòadidi wu ale si wòle fifia? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpɔ nya si magazine sia gblɔ ɖa.” Tsɔ October 1 ƒe Gbetakpɔxɔ la na aƒemenɔlaa, eye midzro numeɖeɖe si le tanya sue gbãtɔ si le axa 16 lia te kple mawunyakpukpui si woyɔ la me ɖekae. Tsɔ magazineawo nae, eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava dzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.

The Watchtower October 1

“Nu si ta míeva gbɔwò ɖoe nye be ame geɖe tsi dzi ɖe ale si asitsalawo kple dziɖulawo siaa ƒe nu fitifiti wɔwɔ le agbogbo dom ɖe edzi la ŋu. Èsusui be woate ŋu awɔ nane le kuxi sia ŋua? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se nu si mawunyakpukpui sia gblɔ be Yesu awɔ na ame siwo kpea fu le amewo ƒe nu fitifiti wɔwɔ ta la ɖa. [Xlẽ Psalmo 72:12-14.] Magazine sia ɖe ale si nu fitifiti wɔwɔ nu ayi kpuie la fia.”

Awake! October

“Dzila akpa gãtɔ dina be yewo viwo nanya agbalẽ nyuie. Èsusui be sɔhɛ siwo le dodom le suku ŋkeke siawo me la le dzadzraɖoɖi nyuie be woanɔ te ɖe agbemekuxiwo nua? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se nya si Biblia gblɔ tso ale si gbegbe wòle vevie be sidzedze kple nunya nasu ame si la ŋu ɖa. [Xlẽ Nyagblɔla 7:12.] Aɖaŋuɖoɖo nyui atɔ̃ siwo ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woakpɔ dzidzedze le suku la le magazine sia me.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe