INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 9/11 axa 4
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
km 9/11 axa 4

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le October Me

“Le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la, mí katã míedoa go kuxi siwo gblẽa ƒomea ƒe dzikpɔkpɔ me. Afi kae nèsusu be míate ŋu akpɔ mɔfiame si ŋu kakaɖedzi le si ana míaƒe ƒomea nakpɔ dzidzɔ la le?” Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Eyome tsɔ October 1 ƒe Gbetakpɔxɔ ɖeka na aƒemenɔlaa, eye midzro numeɖeɖe siwo le tanya sue siwo le axa 16 kple 17 lia la dometɔ ɖeka te la me, eye midzro mawunyakpukpui siwo woyɔ la dometɔ ɖeka ya teti me. Tsɔ magazineawo nɛ, eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava adzro nyabiase susɔeawo dometɔ ɖeka me kplii.

The Watchtower October 1

Tsɔ nya si woŋlɔ ɖe magazinea ƒe akpaa dzi la fia amea, eye nàbiae be, “Aleke nàse le ɖokuiwò me ne èva nya be nu si wofia wò tso Mawu ŋu la menye nyateƒe o? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Kpɔ nya si Yesu gblɔ ku ɖe mɔ si dzi míato ade vovototo nyateƒe kple aʋatso dome ŋu la ɖa. [Xlẽ Yohanes 17:17.] Eya ta Biblia ɖeɖe koe gblɔ nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu la na mí. Magazine sia dzro Mawu ŋuti aʋatsonufiafia atɔ̃ aɖewo siwo ame geɖe nya, siwo ŋu Biblia klo nu le la me.”

Awake! October

“Egbea, míaƒe taɖodzinue nye be míana kpekpeɖeŋu aɖe ƒome siwo le míaƒe nutoa me. Nu kae nàgblɔ be eyae nye kuxi gãtɔ si dzilawo le go domee le wo viwo hehe me egbea? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Dzila geɖewo dia aɖaŋuɖoɖo tso Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, kpɔ aɖaŋuɖoɖo aɖewo siwo me nunya le, siwo kpena ɖe ame ŋu le vihehe me la ɖa. [Xlẽ Efesotɔwo 4:31.] Magazine sia ƒo nu tso ale si Biblia me aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu le wo viwo hehe me, tso esime ɖeviawo nye ɖevi dzaawo ke va se ɖe esime woato woƒe ƒewuiwo me ado la ŋu.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe