Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le May Me
“Mí katã míedaa vo. Èbia ɖokuiwò kpɔ be, ɖe Mawu ate ŋu atsɔ nu vɔ̃ gãwo akea?” [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Tsɔ nyati si le May 1 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 15 lia fiae, midzro numeɖeɖe si le nyabiase gbãtɔa te la me eye miaxlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖeka ya teti. Tsɔ magazineawo nɛ eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava dzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.
Gbetakpɔxɔ May 1
“Míedi be nàgblɔ wò susu na mí le mawunyakpukpui sia ŋu. [Xlẽ 1 Yohanes 4:8.] Ame geɖe lɔ̃na ɖe nya siawo dzi, gake ewɔna na ame bubuwo be Mawu ƒe tame sẽ ŋutɔ be wònana dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔna, alo ɖea mɔ wodzɔna. Nu kae nye wò susu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Magazine sia gblɔ susu siwo ta mele be míabui be Mawu ƒe tame sẽ o.”
Awake! May
“Míele dze ɖom kple míaƒe aƒelikawo tso kuxi ɖefuname aɖe ŋu—si nye nu vlo wɔwɔ. Ame aɖewo ƒe susue nye be ne kpovitɔwo sɔ gbɔ ɖe edzi la, woate ŋu atsi nu vlo wɔwɔ nu. Nu kae nye wò susu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ènya be Biblia do ŋugbe be nu vlo wɔwɔ nu ava yia? [Xlẽ Psalmo 37:10, 11.] Magazine sia ƒo nu tso nya sia ŋu eye wòɖo aɖaŋu le nu siwo míate ŋu awɔ atsɔ akpɔ mía ɖokui ta tso nu vlo wɔlawo si me ŋu.”