INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/13 axa 4
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le November Me
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
km 10/13 axa 4

Kpɔɖeŋudzeɖonyawo

Fiaɖuƒe Ŋuti Nya 38 Lia

“Míele agbalẽvi sia mam le xexea me katã. Nya vevi aɖe le eme si míedi be ame sia ame naxlẽ. Tɔwòe nye esia.”

De dzesii: Na wò dzeɖonyaa nanɔ kpuie ale be nàte ŋu akpe anyigbamamaa ɖo. Gake ate ŋu adzɔ be aƒemenɔlaa naɖe ɖetsɔleme vavã afia eye wòadi be yeanya nu geɖe. Ekema àte ŋu abiae wòagblɔ nu si wòsusu tso nyabiase si le akpaa dzi ŋu. Eyome ʋu trakt la nàxlẽ Biblia ƒe ŋuɖoɖo si le eme la nɛ, eye miaxlẽ emenya bubu aɖewo le ale si ɣeyiɣia aɖe mɔe nu. Hafi nàdzo le egbɔ la, he eƒe susu yi nyabiase si le megbekpaa dzi le “Bu Nya Sia Ŋu Kpɔ” te la dzi, eye nàgblɔ nɛ be yeagatrɔ ava ne yewoadzro biabia ma me.

Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le November Me

“Ŋdi na wò. Ame siwo míeƒo nu na dometɔ geɖe le mɔ kpɔm be yewoyi dziƒo ne yewoku. Nenemae wòle le wò hã gowòmea?” [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Tsɔ nyati si le November 1 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe megbekpaa dzi fiae; midzro numeɖeɖe si le nyabiase gbãtɔa te la me, eye miaxlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖeka ya teti. Tsɔ magazineawo nɛ eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava dzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.

Gbetakpɔxɔ November 1

“Nu kae nèsusu be eyae nye alakpanya gãtɔ si amewo gblɔna tso Mawu ŋu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Biblia gblɔ be Mawu di be amewo nalɔ̃ ye ahaka ɖe ye dzi. [Xlẽ Yesaya 41:13.] Magazine sia klo nu le alakpanya etɔ̃ aɖewo siwo wogblɔna tso Mawu ŋu siwo nana wòsesẽna na amewo be woalɔ̃ eyama dzi.”

Nyɔ! November

“Míele dze kpui aɖe ɖom kple amewo. Egbea ame geɖe tsi dzi ɖe ale si agbe nyui nɔnɔ le tom yim ŋu. Ðe wòwɔna na wò be ame akpa gãtɔ megatsɔa ɖeke le agbe nyui nɔnɔ me oa? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Biblia gblɔ ale si amewo ƒe agbenɔnɔ gblẽ fifiae la ŋu nya ɖi. [Xlẽ 2 Timoteo 3:1-5.] Magazine sia ƒo nu tso nu si ta míate ŋu aka ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋuti mɔfiame siwo le Biblia me dzi ŋu.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe