Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Esi Míatsɔ Adze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme Le Memleɖa Gbãtɔ Dzi Le December Me
“Míelé nya aɖe ɖe asi si aɖe vi na ƒomewo. Dzila geɖewo di be yewo viwo nalɔ̃ Mawu. Èsusu be esia nye nu si dzilawo ate ŋu afia wo viwoa, alo ɖeviawo ŋutɔwoe wòle be woasrɔ̃ ale si woalɔ̃ Mawu?” Ðe mɔ wòaɖo eŋu. Tsɔ nyati si le December 1 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe megbekpaa dzi fiae; midzro numeɖeɖe si le nyabiase gbãtɔa te la me, eye miaxlẽ mawunyakpukpuiawo dometɔ ɖeka ya teti. Tsɔ magazineawo nɛ eye nàwɔ ɖoɖo be yeatrɔ ava dzro nyabiase si kplɔe ɖo la me kplii.
Gbetakpɔxɔ December 1
“Míele nya kpui aɖe me dzrom kple amewo tso Mawu ŋu. Míenya be ame sia ame kple ale si wòbua Mawui. Le wò susu nu ɖe, ɖe ame akpa gãtɔ buna be Mawu nye ŋusẽ dzro aɖe koa, alo wokpɔnɛ be enye xɔlɔ̃ si tsɔ ɖe le eme na yewo? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Mawunyakpukpui sia ƒo nu tso ƒomedodo si Mawu di be wòanɔ mía kpli ye dome ŋu. [Xlẽ Yakobo 4:8a.] Magazine sia dzro nu etɔ̃ siwo míate ŋu awɔ be míate ɖe Mawu ŋu la me.”
Nyɔ! December
“Lãmesẽkuxi aɖe si bɔ eye wòna amewo tsi dzi la ŋue míele dze ɖom tsoe kple amewo kpuie. Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa gblɔ be, le ame ene ɖe sia ɖe ƒe agbenɔɣi la, susumedɔwo abe blanuiléledɔ ene aɖe fu na wo dometɔ ɖeka. Wò hã èkpɔe be susumedɔwo va le bɔbɔm fifia? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Biblia na mɔkpɔkpɔ mí be le etsɔme la, dɔléle kple vevesese nu ayi le anyigba dzi. [Xlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4.] Magazine sia dzro nu siwo wòle be ame sia ame nanya tso susumedɔwo ŋu la dometɔ ʋɛ aɖewo me.”