Kpɔɖeŋudzeɖonyawo
Gbetakpɔxɔ October 1
“Míetsɔ Gbetakpɔxɔ ƒe nyati vevi sia le amewo fiam le míaƒe nutoa me. [Tsɔ akpaa dzi fiae.] Ame aɖewo susu be gbedodoɖa nye ɣeyiɣi gbegblẽ, eye ame aɖeke meɖoa toe o. Ame bubuwo hã susu be Mawu ɖoa to yewoƒe gbedodoɖawo. Nu kae nèsusu? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Se nya si Biblia gblɔ tso gbedodoɖa ŋu ɖa. [Xlẽ Yesaya 30:19.] Magazine sia ƒo nu tso kpeɖodzi siwo fia be Mawu sea gbe siwo wodo ɖa le mɔ nyuitɔ nu tsɔ bia nu siwo sɔ la eye wòɖoa wo ŋu.”
Nyɔ! October
“Míele míaƒe aƒelikawo srãm kpɔ kpuie, elabena ame geɖe mese susu si ta Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo la gɔme o. Èsusu be anye ame mabumabu be woabia nya Mawu tso nu si ta wòɖe mɔ fukpekpe li ɖo la ŋua? [Ðe mɔ wòaɖo eŋu.] Ame dzɔdzɔe Hiob gblɔ be yedi be yeabia nya Mawu. [Xlẽ Hiob 23:3-5.] Magazine sia ƒo nu tso nyabiase etɔ̃ siwo ame geɖewo adi be yewoabia Mawu ne mɔnukpɔkpɔ ma su wo si la ŋu, eye wògaƒo nu tso ŋuɖoɖo fakɔname siwo le Biblia me la ŋu.”