INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb16 September axa 8
  • Ƒo Asa Na Nu Siawo Ne Èle Biblia Srɔ̃m Kple Ame Aɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ƒo Asa Na Nu Siawo Ne Èle Biblia Srɔ̃m Kple Ame Aɖe
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aƒeme Biblia Nusɔsrɔ̃ Wɔwɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woava Xɔ Nyɔnyrɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Fia Nu Wòanɔ Bɔbɔe
    Lɔ̃ Amewo—Kpe Ðe Wo Ŋu Woazu Nusrɔ̃lawo
  • Alesi Míatsɔ Sidzedze Gbalẽa Awɔ Nusrɔ̃lawoe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
mwb16 September axa 8

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ƒo Asa Na Nu Siawo Ne Èle Biblia Srɔ̃m Kple Ame Aɖe

Tatatɔ
Nɔviŋutsu aɖe le nu ƒom fũu na eƒe nusrɔ̃vi

Mègaƒo Nu Fũu O: Mègabu be ele be yeaɖe nya sia nya me o. Yesu zã nyabiasewo tsɔ kpe ɖe amewo ŋu be woabu tame ahaƒo nya ta nyuie. (Mt 17:24-27) Nyabiasewo nana nusɔsrɔ̃a vivina, eye nyabiasewo akpe ɖe ŋuwò nànya nu si dzi nusrɔ̃via xɔ se kple nu si gɔme wòse. (be 253 mm. 3-4) Ne èbia nya aɖe la, gbɔ dzi ɖi va se ɖe esime wòɖo eŋu. Ne ale si nusrɔ̃via ɖo nyaa ŋu mesɔ o la, le esi nàgblɔ nyuitɔa nɛ teƒe la, kpe ɖe eŋu wòate ŋu aɖo nyaa ŋu to nyabiase bubuwo zazã me. (be 238 mm. 1-2) Gbɔ dzi ɖi, wò nuƒo megatsɔ akpa o be nusrɔ̃via nate ŋu ase nu yeyewo gɔme.—be 230 mm. 4.

Nu si ta míetsina kua amegã alo nyagã me ɖeɖe si tɔtɔ nyamaa

Mègatɔtɔ Nyaa O: Ƒo asa na nuƒoƒo tso nu siwo katã nènya tso nyatia ŋu la ŋu. (Yh 16:12) Na nya vevi siwo le memamaa me ko nadze. (be 226 mm. 4-5) Nuƒoƒo tso nu sia nu ŋu tsitotsito ne enya se gɔ̃ hã, ate ŋu awɔe be nya veviawo nabu. (be 235 mm. 3) Ne nusrɔ̃via nya se nya veviawo gɔme ko la, miɖe zɔ yi memama si kplɔe ɖo la dzi.

Nɔviŋutsu aɖe le nu gbogbo aɖewo srɔ̃m kple eƒe nusrɔ̃vi si na nusrɔ̃via tɔtɔ

Migasrɔ̃ Nua Gbadzaa Ko O: Míaƒe taɖodzinue nye be míafia nu wòaɖo amewo ƒe dzi gbɔ, ke menye nusɔsrɔ̃ gbadzaa ko o. (Lk 24:32) Ne wò susu le mawunyakpukpui vevi siwo le nusɔsrɔ̃a me ŋu la, àwɔ ŋusẽ si le Mawu ƒe Nyaa ŋu la ŋu dɔ nyuie. (2Ko 10:4; Heb 4:12; be 144 mm. 1-3) Zã kpɔɖeŋu bɔbɔewo. (be 245 mm. 2-4) Bu kuxi siwo me tom nusrɔ̃via le kple nu siwo dzi wòxɔ se ŋu eye nàna nusɔsrɔ̃a naku ɖe nya mawo ŋu. Bia nya siawo tɔgbi: “Aleke nèse le ɖokuiwò me tso nu si srɔ̃m nèle ŋu?” “Nu kae esia fia mí tso Yehowa ŋu?” “Vi kae wòaɖe na wò ne èwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi?”—be 238 mm. 3-5; 259 mm. 1.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe